INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 8/8 axa 11-12
  • Wɔƒolawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi Le Xexeame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔƒolawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi Le Xexeame
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ameƒomea ƒe Dzidzedzekpɔkpɔ Gãtɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka”
  • Ehiã​—Nukpɔsusu Tɔtrɔ
  • Ðe nàte ŋu awɔ nane si ana màku amegã oa?
    Nyɔ!—2006
  • Nukatae míetsina kua amegã?
    Nyɔ!—2006
  • Ale Si Wole Agbe Didi Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mɔ be Yeanɔ Agbe Tegbeea?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 8/8 axa 11-12

Wɔƒolawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi Le Xexeame

LE ƑE 1513 me la, anyigbayeyedila Spaintɔ Juan Ponce de León tso ƒu va do ɖe Dziehe Amerika ƒuta aɖe si womenya o. Nyatakaka aɖe gblɔ be esi wònye seƒoƒowo xɔ anyigba si ŋu wòke ɖo dzi keŋ ta la, etsɔ ŋkɔ nɛ be Florida, si gɔme le Spaingbe mee nye “Seƒoƒo.” Ŋkɔtsɔtsɔ na teƒea le bɔbɔe. Gake keke ɖe taɖodzinu si ta wòle mɔa zɔm ŋu​—si nye tɔsisi aɖe si ƒe tsi ate ŋu ana ame tsitsiwo nagatrɔ ava ɖekakpuime​—ya mete ŋu dze edzi o. Esi anyigbayeyedila sia tsa le anyigba ma dzi tsitotsito ɣleti geɖe vɔ megbe la, eɖe asi le ɖekakpuimenɔnɔ ƒe tsidzidzi si ŋu wòtsi dzi ɖo la didi ŋu eye wòyi eƒe mɔzɔzɔa dzi.

Togbɔ be ɖekakpuimenɔnɔ ƒe tsidzidzi si dim wole kpɔtɔ nye nusi ŋu womate ŋu ake ɖo o abe alesi wònɔ le Ponce de León ƒe ŋkekeawo mee ene hã la, edze abe amegbetɔ ke ɖe nusi Betty Friedan yɔ be “amegã kple nyagã kuku ƒe tsidzidzi” ya ŋu ene. Nyɔnu sia gblɔe nenema le alesi gbegbe ame tsitsiwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo ta. Ame gbogbo aɖewo le amegã kple nyagã kum fifia ale gbegbe be alesi amesiawo ƒe agbɔsɔsɔ nɔ tsã le xexeame le tɔtrɔm. Le nyateƒe me, wɔƒolawo le dzidzim ɖe edzi le xexeame.

“Ameƒomea ƒe Dzidzedzekpɔkpɔ Gãtɔwo Kekeake Dometɔ Ðeka”

Nusiwo gbɔ amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi tsona la kpe ɖe mía ŋu be nya la me nakɔ na mí. Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, ƒe si wobu be eyae anye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le mama dedie nu mede ƒe 50 le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me o. Egbea la, edzi ɖe edzi ɖo ƒe 75 kple edzivɔwo. Nenema ke le dukɔ madeŋgɔwo abe China, Honduras, Indonesia, kple Vietnam ene me la, ƒe si wokpɔ mɔ be amewo anɔ agbe ase ɖo yi dzi ƒe 25 sɔŋ wu esi wobu le ƒe blaene siwo va yi nyitsɔ laa me. Ɣleti sia ɣleti, ame miliɔn ɖeka le xexeame godoo tsina xɔa ƒe 60. Nukutɔe la, menye sɔhɛwoe nyea amewo ƒe hatsotso si ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi kabakaba wu ɖesiaɖe le anyigba dzi o ke boŋ amesiwo xɔ ƒe 80 kple amesiwo tsi wu nenema siwo nye ‘amegãɖeɖi kple nyagãɖeɖi’ ye.

Eileen Crimmins, si nye amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti nusrɔ̃la gblɔ ɖe Science magazine me be: “Agbenɔƒe ƒe dzidziɖedzi nye ameƒomea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka.” Dukɔ Ƒoƒuawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eyata be woahe amewo ƒe susu ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu la, woyɔ ƒe 1999 be enye Dukɔwo Dome Ƒe na Ame Tsitsiwo.​—Kpɔ aɖaka si le axa 3.

Ehiã​—Nukpɔsusu Tɔtrɔ

Gake dzidzedzekpɔkpɔ sia ku ɖe nusi yi ŋgɔ wu tɔtrɔ si va le amegbetɔ ƒe agbenɔƒe me dzro ko ŋu. Eku ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔsusu le tsitsi ŋu hã ŋu. Nyateƒee, tsitsi aku amegã alo nyagã ŋu bubu gakpɔtɔ naa ame geɖe tsia dzi eye wovɔ̃na gɔ̃ hã, elabena zi geɖe la, ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple susu ƒe nuŋumanɔmanɔ kple tsitsie zɔna. Gake numekula siwo srɔ̃a nu tso tsitsi ŋu te gbe ɖe edzi be amegã alo nyagã kuku kple dɔléle nye nusiwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Alesi amewo tsinae to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ. Numekulawo gblɔ be vovototo le ƒe xexlẽme si tututu ame xɔ kple ƒe si ame ƒe dzedzeme ɖena fiana dome. (Kpɔ aɖaka si nye “Nukae Nye Tsitsi Aku Amegã?”) Ne míagblɔe bubui la, menye ɣesiaɣie ame ƒe amegãkuku sɔna ɖe ƒe si wòxɔ nu o.

Le nyateƒe me la, ne èle tetem ɖe amegã alo nyagã kuku ŋu la, àte ŋu awɔ afɔɖeɖe aɖewo siwo ate ŋu ana nànɔ lãmesẽ me nyuie. Vavãe, mɔnu mawo mana nàzu ɖekakpui alo ɖetugbi ya o, gake woate ŋu awɔe be nàkpɔtɔ anɔ lãmesẽ me ne èle tsitsim. Nyati si kplɔe ɖo adzro mɔnu siawo dometɔ aɖewo me. Ne amegã alo nyagã kuku ƒe nya sia mele nu vevi siwo ŋu nètsia dzi ɖo dome fifia o hã la, anyo be nàyi nyati sia xexlẽ dzi elabena eteƒe madidi o àva tsi dzi ɖe eŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

DUKƆWO DOME ƑE NA AME TSITSIWO

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ nyitsɔ laa le esime wonɔ Dukɔwo Dome Ƒe na Ame Tsitsiwo nu ʋum be: “Esi nye ŋutɔ hã mexɔ ƒe 60 ta la . . . , fifia wobu nye hã ɖe akɔntabubu si ŋu meƒo nu tsoe do ŋgɔ la me.” Aƒetɔ Annan ƒe hanuhɛ gbogbo aɖewo li. Numekulawo gblɔ be kaka ƒe alafa sia nawu enu la, ame 1 le 5 ɖesiaɖe me axɔ ƒe 60 alo wu nenema le dukɔ geɖe me. Wo dometɔ aɖewo ahiã na dzikpɔkpɔ, gake wo katã woahiã mɔnu siwo dzi woato akpɔ woƒe ɖokuisinɔnɔ, bubu si le wo ŋu, kple woƒe ŋutete be woawɔ dɔ ta. Be dziɖuɖu ƒe ɖoɖowɔlawo nate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo ‘tɔtrɔ vevi siwo va le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe nɔnɔmea’ nu, eye be woakpɔ “vevienyenye si le ame tsitsiwo ŋu le ameƒomea me” nyuie wu la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehagã tso nya me le ƒe 1992 me be yewoayɔ ƒe 1999 be Dukɔwo Dome Ƒe na Ame Tsitsiwo. Tanya si woɖo na ƒe tɔxɛ siae nye, “Ameƒomea me Tɔwo Katã ƒe Vevienyenye Gbɔ Ðoɖo.”

[Nɔnɔmetata]

Kofi Annan

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN photo

UN/DPI photo by Milton Grant

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

NUKAE NYE TSITSI AKU AMEGÃ?

Numekula aɖe gblɔ be: “Nusi tsitsi aku amegã nye gɔmeɖeɖe do blukɔ ale gbegbe.” Numekula bubu gblɔ be, “Ame aɖeke mese egɔme keŋkeŋ o.” Gake tsitsiŋutinusrɔ̃lawo dze agbagba be yewoaɖe egɔme. Kpuie ko la, wogblɔ be, tsitsi aku amegã nye ƒe xexlẽme si tututu ame tsɔ nɔ agbee. Gake menye ƒewo ƒe yiyi koe nye tsitsi o. Zi geɖe ne míeƒo nu tso tsitsi ŋu le go sia me la, míebua ɖeviwo de eme o elabena tsitsi kple ŋutilã la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe zɔna. Tsitsi aku amegã nye gbɔdzɔgbɔdzɔ si ƒewo ƒe yiyi hena vaa ame dzii. Ame aɖewo dzena ɖekakpui kple ɖetugbiwoe wu ƒe xexlẽme si tututu woxɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye ne wogblɔ na ame aɖe be “tsitsi medze le eŋu o.” Zi geɖe la, numekulawo zãa nya (senescence le Eŋlisigbe me) si fia amegã alo nyagã kuku na tsitsi si ɖea ƒe si ame ƒe dzedzeme ɖe fia (si tsoa tɔtrɔ siwo ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ hena vɛ gbɔ) me tsɔ dea vovototo ƒe xexlẽme si tututu ame xɔ kple ƒe si ame ƒe dzedzeme ɖe fia dome.

Steven N. Austad, si nye lãwo ŋuti nufialagã ɖe nya senescence sia si wozã na amegã alo nyagã kuku gɔme be enye “ŋutilã ƒe akpa vovovoawo katã kloe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ vivivi ne ƒeawo va le yiyim.” Eye Ðk. Richard L. Sprott, si nye Ame Tsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha me tɔ gblɔ be tsitsi “nye míaƒe ametia ƒe akpa siwo kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe nuteɖeamedziwo nu nyuie ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ vivivi.” Gake eŋununyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be alesi tututu woaɖe tsitsi gɔme eme nakɔ bliboe kpɔtɔ nye kuxi. Ðk. John Medina, si nye agbeŋusẽŋutinunyala ɖe eme be: “Tso ta va ɖo afɔbidɛ, tso nunyiame si nye protein dzi va ɖo agbe domenyiŋusẽ DNA dzi, tso ame dziɣi va ɖo eƒe kuɣi la, tɔtrɔ gbogbo aɖewo yia edzi le nugbagbevi triliɔn 60 siwo le amegbetɔ me la me si hea amegã alo nyagã kuku vɛ.” Eyata mewɔ nuku o be numekula geɖe ƒo nya ta be amegã alo nyagã kuku nye “kuxi sesẽtɔ kekeake le nugbagbeŋutinunya me”!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe