INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 22-23
  • Azi Tutu Alesi Afrikatɔwo Zãnɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Azi Tutu Alesi Afrikatɔwo Zãnɛ
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Azigbledede
  • Aziawo Va Zu Azi Tutu
  • Agbelimakpa—Enye Ame Miliɔn Geɖe ƒe Gbesiagbenuɖuɖu
    Nyɔ!—1996
  • Ale Si Amewo Le Nyateƒe Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Va Míyi Afrika Si Me
    Nyɔ!—2010
  • Dɔwɔɖuiwo Toto Vɛ le Dukɔ Madeŋgɔwo Me
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 22-23

Azi Tutu Alesi Afrikatɔwo Zãnɛ

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ

LE Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, wobua azi tutu abe nusi wodea abolo me dzro ko ene. Gake le nyateƒe me la, ewɔa akpa vevi aɖe le gbesiagbegbenɔnɔ me le Afrika dukɔ aɖewo me. Le mɔ ka nu?

Le Titina Afrika la, wozãa azi tutu le nuɖuɖu geɖe siwo amewo lɔ̃na la ɖaɖa me. Abe alesi wòle le nuto madeŋgɔ bubu geɖewo me ene la, abolowɔ kple goma si woɖe tso bli me​—siwo nye atadiwɔnu siwo wotsɔ dea atadi kple detsiwo me be woana wòato​—vena le afisia. Eyata azi tutu va zu nusi wozãna ɖe wo teƒe.

Gake menye nu ko wònye nàyi fiase siwo me wodzraa nu kpotokpotoewo le aɖaƒle azi tutu si wode atukpa me o. Wozãa gatsivi tsɔ dzidzenɛ le fiasea me eye eƒe home kɔ dzi. Eyata nyɔnu Afrikatɔ geɖewo dina be yewo ŋutɔ yewoawɔe le yewo ɖokui si. Alesi wowɔa dɔ sesẽ sia nye nusi nya kpɔna. Míeƒo nyatakaka siwo gbɔna la nu ƒu to dzeɖoɖo kple Afrika nyɔnu geɖewo me.

Azigbledede

Edze ƒã be azi menye agblemenu si ŋuti dɔ wɔwɔ sẽ o. Anyigba ŋɔŋlɔ ye nye eƒe akpa si sẽ wu. Wowɔna esia le tsidzaŋɔli ƒe gɔmedzedze esi anyigba kpɔtɔ ƒu hesẽ. Woƒãa nukuawo kple asi le April me, eye ne tsi dza kaba la, woate ŋu aho “aziawo” le August ƒe nuwuwu alo September ƒe gɔmedzedze.

Le nyateƒe me la, azi nye nuku si ɖona ɖe tome siwo nɔa tsro me​—eyata wobunɛ dea ayi ƒomeawo siwo hã tsena henɔa tsro me dome. Gake azi metsena ɖe ati dzi abe alesi nàsusui ene o; ke boŋ woɖona ɖe numiemie aɖe si vuna ɖe anyigba la te le tome. Eyata woyɔna azi be groundnut alo earthnut le Eŋlisigbe me si fia nuku si ɖona ɖe tome alo tomenuku.

Le Titina Afrika la, azigblewo ƒe didime anɔ abe meta 90 ene eye wokekena anɔ abe meta 50 ene le mama dedie nu. Ame aɖewo ƒãa wo ɖe anyigba sue si le woƒe aƒe gbɔ dzi. Wozãa kodzi kple yi tsɔ dzoboa anyigba lae. Esia te ŋu nyea dɔ si vea dzime na ame! Le gɔmedzedzea me la, nukua hiã beléle geɖe. Ele be woadzɔ agblea ŋu be lãgblẽnuwo magaho azi siwo woƒã aɖu o. Ehiã be woana anyigba nabɔbɔ eye gbewo nagato ɖe eme o.

Vevietɔ ne azihoɣi le ɖoɖom ye agblea ŋu dzɔdzɔ hiãna wu. Wote ŋu nana ɖeviwo dzɔa agblea ŋu ne azihoɣi le ɖoɖom. Nyɔnu aɖe gblɔ be yeƒe aƒelika aɖe kpɔ eƒe azikawo le ati kɔkɔ aɖewo tame. Fiewoe tsɔe yi afima heɖu tsɔ na eƒe agbagbadzedzewo zu dzodzro!

Zi geɖe la, azihoɣi nyea ƒome bliboa ƒe dɔwɔna. Amesiame naa kpekpeɖeŋu le agblẽa me. Wohoa azikawo kple asi eye wogblẽa wo ɖi be woaƒu, emegbe wokea aziawo le azikaawo ŋuti kɔna ɖe gagba gã siwo aziholawo léna ɖe ta la me tsɔ yina kɔƒea me.

Nukae dzɔna ɖe aziawo dzi azɔ? Ne woklɔe vɔ megbe la, woɖanɛ hedea dzee. Ƒomea ɖua ɖewo enumake, gake wodana akpa gãtɔ ɖi na zãza le nuɖaɖa me emegbe. Wosiaa wo ɖe anyigba le aƒea me be woaƒu nyuie. Ele be ame aɖe nadzɔ eŋu be wòanya gbɔ̃ siwo nɔa tsatsam be yewoadi nane atsɔ aɖe nu mee la.

Emegbe ne aziawo ƒu vɔ la, wodzrana wo ɖo ɖe azitɔ siwo wotsɔ anyi kple aba si wolɔ̃ kple gbe tui me. Esia wɔnɛ be aziawo megblẽna o, eye ekpɔa eta hã tso lãgblẽnuwo kple ɖevi siwo adi be yewoaɖu nane esi wo Dadawo le agble le dɔ wɔm si me.

Aziawo Va Zu Azi Tutu

Ele be woaklẽ azitsroawo hafi ate ŋu atrɔ asi le eŋu wòanye azi tutu. Emegbe wotɔnɛ le agba gbadzaa aɖe me le nakedzo, si wodo ɖe mlekpui me si nu mesẽ tututu o dzi. Esia nana be aziawo vivina eye tsro falɛfalɛ si le wo ŋu keklẽ nɔa bɔbɔe. Wogblẽa aziawo ɖi be woafa, eye woklẽa wo. Wozãa mɔ̃te tsɔ tua azitɔtɔeawo wòva zua azi tutu. Ne mɔ̃te aɖeke meli o la, nyɔnu aƒedzikpɔla akɔ aziawo ɖe kpe gã si le gbadzaa dzi eye wòatui kple atukpa alo kpe si le nogoe.

Kaka nàkpɔ la, azi tutua sɔ gbe be woatsɔ aƒo azidetsi alo adee atadi me atsɔ ana wòato, zi geɖe la, wodenɛ atadi, si wowɔ le agba ɖeka me, me eye woɖunɛ kple agbeli, abladzo, alo mɔli. Ne èdi be yeanya alesi nuɖuɖu si woɖa kple azi tutu ƒe vivi anɔ la, nukatae màte ewɔwɔ akpɔ o?

Àte ŋu azɔ ɖe nuɖaɖoɖo siwo gbɔna dzi eye nàwɔ atadi si me nàzã lã, sabala, gbegãdzisabala, kple tomato tutu le. Lã la nenɔ dzo dzi vaseɖe esime wòabɔbɔ eye ne edze ŋuwò la, àte ŋu afli atadiwɔgbe akɔ ɖe edzi. Esi nusiawo kpɔtɔ le dzo dzi la, kɔ tsi sue aɖe ɖe azi tutu agbɔsɔsɔ si nèhiã la dzi nàblui ɖe tsia me​—azitsi si ƒe agbɔsɔsɔme anɔ abe kplu ɖeka ene asu na lã pounde eve sia eve​—eye nàkɔe ɖe atadia me ablui. Na be wòanɔ dzo si nu sẽ dzi aɖabaƒoƒo ewo alo esi wu nenema be azi tutua ƒe ʋeʋe nu magasẽ akpa le eme o. Ne detsi alo atadia meto abe alesi nèdii ene o la, gade azi tutua ƒe ɖe eme kpee. De dze agbɔsɔsɔ si sɔ eme. Ne èlɔ̃a atadi dede wò nuɖuɖu me la, ke de atadi vi aɖe eme.

Ame geɖewo kpɔe be evivina ŋutɔ ne woɖui kple mɔli! Togbɔ be tɔwòa malé aɖe ade eŋunyalawo tɔ nu o hã la, ànya nu tso alesi wozãa azi tutui ŋu​—si nye alesi Afrikatɔwo zãnɛ!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Wohoa aziwo, emegbe wotsɔe yia aƒeme heklẽnɛ eye wotunɛ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe