Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukata Nyemete Ŋu Doa Vivi Ðe Ame Ŋu Boo O?
“Ŋukpe gblẽa nu le ame ŋu. Enye vɔvɔ̃ sẽŋu aɖe si wòle be nàkpe akɔ kplii. Enye nu ŋutɔŋutɔ.”—Richard.a
“Ŋukpe nye kuxi nam esi menɔ tsitsim. Ðeko wònɔ abe nye ɖeka koe tsi xexe sue aɖe me ene.”—Elizabeth si xɔ ƒe 18.
‘ÐE NANE gblẽ le ŋunyea? Nukata nyemete ŋu doa vivi ɖe ame ŋu boo o?’ Ðe nèbiaa nya siawo ɖokuiwò ɣeaɖewoɣia? Ðewohĩ ne èdo go ame aɖe zi gbãtɔ la, màvo le ɖokuiwò me o alo àtsi dzi, abe alesi wònɔ le Richard si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gome ene. Ðewohĩ ne èle amesiwo le ŋusẽnɔƒewo dome la, èyrɔna sũ le vɔvɔ̃ ta. Alo ɖewohĩ ètsia dzi akpa ɖe nusi ame bubuwo anɔ susum tso ŋuwò, si wɔnɛ be ne wona mɔnukpɔkpɔ wò be nàɖe wò seselelãme alo wò nukpɔsusu agblɔ la, ɖoɖoe zina le nuwò. Tracey si nye ɖetugbi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Esesẽna nam ŋutɔ be mate ɖe amesiwo nyemenya o ŋu aƒo nu kpli wo.”
Nuka gbɔe seselelãme sia ƒomevi tso? Kuxia gɔmesese ate ŋu anye afɔɖeɖe gbatɔ̃ si dzi woato aɖu edzi. (Lododowo 1:5) Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Nyemenya nuka gbɔ wòtso be medea vovo ge do kpoe ne mele amewo dome o. Gake fifia esi mede dzesi nusi gbɔ nye kuxia tso la, mate ŋu awɔ asitɔtrɔ le eŋu.” Eyata mina míalé ŋku ɖe susu siwo ta wòsesẽna na sɔhɛ aɖewo be woado vivi ɖe ame ŋu dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu.
Ŋukpe ƒe Kuxia
Ðewohĩ kuxia ƒe akpa gãtɔ tso ŋukpe gbɔ. Le esi sɔhɛ si doa vivi ɖe ame ŋu sea vivi na xɔlɔ̃ vovovowo domenɔnɔ la, sɔhɛ si kpea ŋu, si ɖea eɖokui ɖe aga ate ŋu ase le eɖokui me be yetsi akogo alo yeɖe ɖe aga. Elizabeth si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Ŋukpe nye kuxi nam esi menɔ tsitsim. Ðeko wònɔ abe nye ɖeka koe tsi xexe sue aɖe me ene.” Diane ɖo ŋku xaxa siwo me wòto le eƒe ƒe gbatɔ̃ me esime wònɔ suku kɔkɔ dem dzi. “Nyemedina be manye ame ŋkuta o. Nufiala aɖe si fia num kpɔ bia tso mía si be míaɖe alesi míabu vevienyenye si le ŋkɔxɔxɔ ŋu afia. Wobia tso mía si be míazã xexlẽdzesi siwo nye, tso naneke o dzi vaseɖe atɔ̃ dzi, naneke o, fia be vevienyenye aɖeke kura mele ŋkɔxɔxɔ ŋu o eye atɔ̃, fia be ele vevie. Nyɔnuvi siwo katã nye ame ŋkutawo le sukua me ŋlɔ atɔ̃. Nye ya meŋlɔ naneke o. Le gonye me la, ŋukpe koŋ tae nyemedi be manye ame ŋkuta o. Mèdi be yeaxɔ ŋkɔ alo yeanye ame ŋkuta o le esi nèle vɔvɔ̃m be ɖewohĩ amewo makpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o ta.”
Gake ne ènye amesi ŋu kpena vie la, menye ɖe wògblẽ boo o. Ŋukpekpe kple ɖokuibɔbɔ—si nye sidzedzee be míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo—ye zɔna aduadu. Le nyateƒe me la, Biblia de se na mí be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi ahazɔ le mía Mawu ŋku me.’ (Mixa 6:8) Amesi bɔbɔa eɖokui alo kpea ŋu vie gɔ̃ hã gbɔ anya anɔ wu dadala, akpasesẽnuwɔla, alo amesi ŋu nu medzena o gbɔ nɔnɔ. Nyateƒe si wònye be “nuƒoɣi li” la, nenema ke “ɖoɖoeziɣi” hã li. (Nyagblɔla 3:7) Enɔa bɔbɔe na amesi kpea ŋu be wòazi ɖoɖoe. Elabena wonye amesiwo ɖea ‘abla le nusese me, eye wonɔa blewu le nuƒoƒo me,’ zi geɖe la amewo kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu be wonye toɖola nyuiwo.—Yakobo 1:19.
Gake zi geɖe la, sɔhɛ aɖewo nɔa anyi kpoo, wokpea ŋu, alo sia ame ɖa ale gbegbe be esesẽna na wo be woadze xɔ̃ amewo. Ŋukpe si gbɔ eme ate ŋu ana wòawɔ abe alesi nuŋlɔla aɖe gblɔe ene be, “amea de eɖokui game le susu me”—etsi akogo le amewo dome.—Lododowo 18:1.
Ŋukpe—Kuxi si Bɔ
Ne ŋukpe nye kuxi na wò la, ke nyae be enye kuxi si bɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le suku kɔkɔ kple kɔledzidelawo dome ɖee fia be “sukuvi 82 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be yewokpe ŋu ɣeaɖeɣi le yewo ƒe agbe me.” (Adolescence, si Eastwood Atwater ŋlɔ) Ŋukpe nye kuxi na ame aɖewo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã. Ame ŋkutawo abe Mose kple Timoteo ene anya awɔ aʋa kple ŋukpekpe.—Mose II, 3:11, 13; 4:1, 10, 13; Timoteo I, 4:12; Timoteo II, 1:6-8.
De ŋugble le Saul, si nye blema Israel-dukɔa ƒe fia gbatɔ̃ ŋu kpɔ. Saul nye kalẽtɔ. Esi fofoa ƒe lãha aɖewo bu la, Saul ti wo yome dzinɔameƒotɔe. (Samuel I, 9:3, 4) Gake esi woɖoe fia ɖe dukɔa dzi la, ŋukpe lée vevie enumake. Le esi teƒe be Saul nadze ŋgɔ ameha siwo nɔ aseye tsom la, esi yi ɖaɣla eɖokui ɖe agbawo totro me!—Samuel I, 10:20-24.
Dewohĩ alesi wòdze ƒã be dzi menɔ Saul ƒo o adze nu wɔmoyae. Ne èbu eŋu kpɔ la, Biblia ƒo nu tso eŋu be enye ɖekakpui si dze ɖeka ale gbegbe. Wogblɔ tso eŋu be “ekɔ, ale be dukɔ blibo la se abɔta nɛ.” (Samuel I, 9:2) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe nyagblɔɖila ka ɖe edzi na Saul be Yehowa ayra eƒe fiaɖuɖu la. (Samuel I, 9:17, 20) Togbɔ be ele alea hã la, kakaɖedzi mesu Saul si o. Esi wogblɔ nɛ be azu fia la, eɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ðe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye esi gblɔm nèle nam?”—Samuel I, 9:21.
Ne dzi mete ŋu nɔ Saul sia gɔ̃ hã ƒo o la, ke mewɔ nuku be dzi mete ŋu nɔa ƒowò ɣeaɖewoɣi o. Esi nènye sɔhɛ ta la, ège ɖe agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi si me wò ametia le tɔtrɔm kabakaba me. Fifiae nèdze egɔme le alesi woanɔ agbe abe ame tsitsi ene srɔ̃m. Eyata ele dzɔdzɔme nu be nàkpe ŋu eye nàtsi dzodzodzoe le ɖokuiwò me vie ɣeaɖewoɣi. Ðk. David Elkind ŋlɔ ɖe Parents magazine me be: “Sɔhɛ akpa gãtɔ kpea ŋu ne woɖo ƒewuiwo me teti, esime wodzea nuwɔwɔ gɔme abe nusi meyɔna be ameha aɖe kpɔkpɔ le susu me ene—ebubu be ame bubuwo le ŋku lém ɖe yewo ŋu eye wotsia dzi le woƒe dzedzeme kple nuwɔnawo ŋu.”
Esi wònye sɔhɛwo ƒe dzedzeme dzie wo hatiwo nɔa te ɖo ƒoa nya ta tsoa wo ŋu ta la, sɔhɛ geɖe tsia dzi vevie ɖe woƒe dzedzeme ŋu. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 10:7.) Gake dzitsitsi ɖe ame ƒe dzedzeme ŋu akpa medea ame dzi o. Ðetugbi aɖe si le France si ŋkɔe nye Lilia gblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le nya sia gome: “Kuxi aɖe si ɖea fu na sɔhɛ geɖewo la nɔ ŋunye—si nye nyatsu! Madzro wò be nàte ɖe ame bubuwo ŋu o elabena ètsi dzi vevie ɖe alesi wò dzedzeme le ŋu.”
Nusi Hea Kuxi Bubuwo Vɛ
Esi amewo sea amesiwo kpea ŋu ƒe nɔnɔme gɔme bubui ta la, anɔ bɔbɔe be woate ŋu atsi ameɖokuiɖeɖe ɖe aga ƒe mɔ̃ me eteƒe nadidi. Agbalẽ si nye Adolescence gblɔ be: “Esesẽna na sɔhɛ siwo kpea ŋu be woadze xɔlɔ̃ elabena zi geɖe la, ame bubuwo bua nazã ɖe wo ŋu. Wobua amesiwo kpea ŋu ɣeaɖewoɣi be wonye amesiwo melɔ̃na be woate ɖe yewo ŋu o, amesiwo gbɔ nɔnɔ tia ame, amesiwo metsɔa ɖeke le eme na ame bubuwo o, amesiwo kpɔa wo ɖokui, amesiwo medoa vivi ɖe ame ŋu o, kple amesi wɔa nu abe futɔ ene. Ne wowɔ nu ɖe wo ŋu abe alesi wobu tso wo ŋu ene la, ate ŋu ana woagase le wo ɖokui me be yewoɖe ɖe aga, yewotsi akogo, eye yewolé blanui wu tsã.” Esi womate ŋu awɔ naneke atso kuxia ŋu o ta la, esia wɔnɛ be ŋu gakpea wo ɖe edzi wu tsã gɔ̃ hã, si wɔnɛ be alesi amewo bua wo madzemadzee be wonye dadalawo alo amesiwo kpɔa wo ɖokui la me gasẽna ɖe edzi.
Gake esi nènye Kristotɔ ta la èzu “nukpɔkpɔ na xexeame,” eyata ele be nàtsɔ ɖe le alesi wò nuwɔna naa amewo susuna le ŋuwò la me. (Korintotɔwo I, 4:9) Ne èle nu ƒom kple ame bubuwo la, ɖe nègbea woƒe mo kpɔkpɔa? Ðe wò dzedzeme kple wò ʋaʋã ɖe nya si nègblɔna ŋu ɖenɛ fiana be mèdi be ame bubuwo nate ɖe ye ŋu oa? Ke de dzesii be ame bubuwo abu wò ɖeƒomevii eye womalɔ̃ be yewoate ɖe ŋuwò o. Esia ate ŋu awɔe be xɔlɔ̃dzedze nasesẽ na wò ɖe edzi wu.
Kuxi Bubuwo
Gake kuxi bubu si bɔe nye vɔvɔ̃ na kpododonu. Nyateƒee, esɔ be míatsi dzodzodzoe alo avɔ̃ vie ne míele nu yeye aɖe si míewɔ kpɔ o la wɔm. Gake sɔhɛ aɖewo vɔ̃na akpa le esia gome. Esime Gail nye sɔhɛ la, nusi eya ŋutɔ yɔ be vɔvɔ̃ na hadomenɔnɔ, nye kuxi nɛ. Egblɔ be: “Nyemeɖoa nya ŋu le sukuxɔ me o. Eye wotsoa nunye na dzinyelawo edziedzi kple nya siawo be, ‘Medoa asi ɖe dzi o. Meƒoa nu o.’ Le gonye me la, ema wɔwɔ nye nusi sesẽna nam eye wòtena ɖe dzinye. Fifia gɔ̃ hã enye nu sesẽ nam kokoko.” Vɔvɔ̃ na kpododonu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Peter gblɔ be: “Metsia dzi be mava wɔ vovodada. Nyemekana ɖe nusi wɔm mele dzi tututu o.” Hatiwo ƒe fewuɖuɖu kple ɖeklemiɖeɖe si nu sẽ ate ŋu ana vɔvɔ̃ si alé ame nu nasẽ ɖe edzi eye wòagblẽ nu le alesi wòle be sɔhɛ nakpɔ ŋudzedze ɖe eɖokui ŋu la ŋu tegbee.
Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu le hadome hã nye kuxi bubu si bɔ. Ðewohĩ àhe ɖe megbe le ɖokuiwò ɖeɖefia ame yeye si mènya o, le esi mènya nya si nàgblɔ atsɔ aɖe ɖokuiwò nu o ta. Awɔ nuku na wò be nànya be ame tsitsiwo gɔ̃ hã tsia dzimaɖi le hadome ɣeaɖewoɣi. Asitsala aɖe si ƒe ŋkɔe nye Fred gblɔ be: “Le asitsanyawo gome la, menya alesi mawɔ nusi ŋu menya nu tsoe wòasɔ pɛpɛpɛ. Ne enye asitsanyawo ŋu mele nu ƒom le la, mesesẽna nam be maƒo nu wòalé vi kura o. Gake nenye dzeɖoɖo le hadomenyawo ŋu kple ame mawo kee la, esesẽna nam be maƒo nu. Nye nyawo ate ŋu anye esi mawɔ dɔ ɖe ame dzi tututu o alo anɔ eme be woabui agbalẽnyanya loo alo nya siwo gɔmesese sẽ akpa alo be tsɔɖui mele wo me o.”
Ne èkpea ŋu, alo ètsia dzimaɖi le ɖokuiwò ŋu alo mète ŋu wɔa nu ɖe ɖoɖo nu le hadome o la, ke aɖe vi na wò be nàsrɔ̃ alesi woado vivi ɖe ame ŋu wu. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woakeke wo ɖokui’ eye woadze agbagba anya ame bubuwo! (Korintotɔwo II, 6:13) Gake aleke nàte ŋu awɔ esiae? Míaƒo nu tso esia ŋu le tata siwo gbɔna le etsɔme me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Zi geɖe la, wobua amesiwo kpea ŋu be wonye amesiwo melɔ̃na be woate ɖe yewo ŋu o
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Vɔvɔ̃ na kpododonu wɔe be sɔhɛ aɖewo ɖea wo ɖokui ɖe aga le hadome