Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Nukae Le Megbe na Adzewɔwɔ?
“ADZEWO.” Nuka dzie nya sia na nèɖo ŋkui? Nyagãɖeɖi siwo ƒe dzedzeme dziŋɔ siwo le nu gblẽm le amewo ŋu alo nyɔnu dzego siwo le ka dom kple Satana la ƒe nɔnɔmetata aɖewoe vaa susu me na wòa? Nusi to vovo na nukpɔsusu ma enye be ame geɖe siwo be adzewoe yewonye egbea ƒe dzedzeme le abe ame bubu ɖesiaɖe ko ene. Wo dometɔ aɖewo nye agbalẽnyala, siwo nye ʋɔnudrɔ̃la, nufiala, kple dɔnɔdzikpɔla, siwo ŋu wodea bubui. Subɔsubɔha geɖe siwo edze abe wonye vivimehawo ene la gato le xexeame katã, siwo ƒe ɖewoe nye dzɔdzɔmesubɔsubɔwo kple trɔ̃subɔsubɔ yeyewo.a Kpovitɔ aɖe si le Russia gblɔ be: “Ne èyi Russia ƒe nuto ɖesiaɖe me le ŋkeke siawo me la, àkpɔe be adzewɔwɔ nye woƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe.” Le United States la, wobui be amesiwo ade 50,000 va ɖo 300,000 ye nye adzewo ƒe vivimeha me nɔlawo alo “Wiccatɔwo,” si nye alesi wo dometɔ aɖewo yɔa wo ɖokui.b
Wozãa nya “adze” le mɔ vovovowo nu zi geɖe egbea eye ete ŋu fiaa nu vovovowo na ame vovovowo. Edze abe mawunɔsubɔsubɔ si li tso blema, si nye subɔsubɔ si wotu ɖe dzɔdzɔme dzi, eye wòléa vivimeŋusẽwo dzixɔxɔse me ɖe asi vevie la gbɔ koŋue alesi adzewɔwɔ ƒe vivimeha le agbogbo dom egbea tso ene. Adze aɖewo nye ameɖekɛwo—wowɔa woƒe kɔnuwo le wo ɖokui si, woɖua azãwo ƒe tɔtrɔ, dzinu yeyewo, kple dzɔdzɔmenudzɔdzɔ bubuwo. Wo dometɔ bubuwo hã subɔna le hame alo nɔa hame hafi gblẽa nu le amewo ŋu, eye zi geɖe la adze 13 ye nɔa hame.
Enye nyateƒe be nukpɔsusu si le ame akpa gãtɔ si ɖe adzewwɔwɔ ŋu egbea le Ɣetoɖoƒedukɔwo me to vovo kura tso alesi wònɔ va yi ene si wɔe be wotɔa dzo adzewo le Titinaɣeyiɣiwo me la gbɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, wogawɔa ŋutasẽnu vɔ̃ɖiwo ɖe adzewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1998 ƒe October ƒe gɔmedzedze le Indonesia la, nuvlowɔha siwo bla akpa kple yiwo tso le wo ɖokui si wu ame 150 siwo wobu be wonye adzewo. Le South Africa la, woka nya ta be tso ƒe 1990 va ɖo 1998 me la, wowɔ ŋutasẽnu siwo wu 2,000 ɖe adzewo ŋu, eye wowu ame 577 hã. Le esi míele nusiawo siwo gbɔ eme—tso vividodo ɖe adzewɔwɔ ŋu dzi yi fuléle adzewo dzi—teƒe kpɔm ta la, nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si le nya sia ŋu?
Nuhiahiãwo Gbɔ Makpɔmakpɔ
Nukae ʋãa amewo be woƒoa wo ɖokui ɖe egbegbe adzewɔwɔ me? Wogblɔ be bubu deto tsɔtsɔ na dzɔdzɔme kple agbe, nye ameʋãnuawo dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, ame aɖewo di be yewoana eme nakɔ be yewometsɔa lãwo saa vɔe le yewoƒe subɔsubɔkɔnuwo me o. Ame bubuwo gblɔ be ɖeko yewoƒo yewo ɖokui ɖe adzewɔwɔ me tsɔ le amesiwo yewoate ŋu awɔ nu kpli faa, aka ɖe wo dzi, eye yewoƒe gbɔgbɔmenudidiwo nanye ɖeka la dim. Egbegbe nyɔnu adzetɔ aɖe gblɔ be: “Trɔ̃subɔsubɔhamenɔla siwo katã menya la wɔa nu ɖe ame ŋu xɔlɔ̃tɔe eye wolɔ̃na xɔa ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo . . . Wowɔ ame ale gbegbe.” Wo dometɔ geɖe gblɔ be yewomele kadodo aɖeke me kple Satana o, eye wotea tɔ ɖe edzi be mawu aɖeke mele yewoƒe subɔsubɔa me si nye esi wɔa vɔ̃ sɔŋ nyuia aɖeke manɔmee o.
Le wo dometɔ geɖe gome la, susu si koŋ tae woƒo wo ɖokui ɖe adzewɔwɔ mee nye sese le ame ɖokui me be yewoɖi gbɔlo le gbɔgbɔ me kple sisi le subɔsubɔhagãwo ƒe beble nu. Phyllis Curott si nye Wicca-trɔ̃si aɖe gblɔ tso eƒe adzehabɔbɔmenɔlawo ŋu be: “Mí katã míekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔha siwo me wonyi mí le ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo ŋu o.” Curott ɖe eme be egbegbe adzewɔlawo dzea agbagba ɖoa nyabiabiawo abe: ‘Aleke míawɔ agaɖo gbɔgbɔmekɔkɔenyenyea gbɔ?’ ene ŋu. Gake adzewɔwɔ dzie míato gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ nasu mía sia?
Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ—Tso Afika?
Biblia ɖee fia kɔte be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka la kple Xexeame Katã Dziɖulagã. (Psalmo 73:28; Petro I, 1:15, 16; Nyaɖeɖefia 4:11) Ekpe amesiame be woadi ye ‘eye woadze si ye.’ (Dɔwɔwɔwo 17:27) Eyata Yehowa, Mawu vavã la, ŋuti sidzedze si míanɔ xɔxɔm dzi koe míato gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ nasu mía si. Míate ŋu awɔ esia to eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la sɔsrɔ̃ me. Biblia-ŋlɔla Yakobo na kakaɖedzi mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.
Gake Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí le gbɔgbɔmemenyenye vɔ̃ɖi dzɔtsoƒe si ŋu tamevɔ̃ɖoɖo kpe ɖo ŋuti. ( Yohanes I, 4:1) Eɖee fia be Satana Abosam si nye Yehowa ƒe futɔ gãtɔ, kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe gbɔgbɔmemenyenye si nye ameflutɔ si bɔ egbea la tso.c Biblia gblɔ be Satana “gbã ŋku na” ame geɖe. Le nyateƒe me la, ele ‘xexeame katã blem,’ eye adzewɔlawo hã le eme—woɖagblɔ be yewole Abosam subɔm alo womeɖagblɔe o. Nukatae esia le nenema?—Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:9.
Edze ƒã be egbegbedzewɔwɔ me nuwɔna kple kɔnu geɖe sɔ kple Satana-subɔsubɔ me vivimenuwɔnawo. Eyata didi vevie si ŋu wobe susu nyui kpe ɖo gɔ̃ hã ate ŋu akplɔ ame ade gbɔgbɔyɔyɔ me. Le nyateƒe me la, Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ ƒe mɔ̃ ɖe ame geɖe to mɔ sia dzi.
Mele be míaŋe aɖaba aƒu nyateƒenya sia dzi o be zi geɖe la, ŋusẽ didi alo hlɔ̃biabia ƒe gbɔgbɔ sẽŋue hea egbegbedzewɔlawo dea ewɔwɔ me. Jennifer, si nye egbegbedzewɔla aɖe gblɔ be: “Amewo li siwo te ŋu yɔa wo ɖokui be adzewo eye wozãnɛ tsɔ sẽa ŋutae.” Aleke ke nya la le o, adze siwo mesẽa ŋuta o kple esiwo sẽnɛ siaa ɖo afɔku si ana woava zu Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kluviwo keŋkeŋ la me. Wo dometɔ aɖewo agblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ mawo tɔgbe aɖeke meli o, gake esia boŋue ganaa wònɔa bɔbɔe na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woable wo.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 10:20, 21.
Biblia ƒo nu tsi tre ɖe afakaka, dzosasa, akunyawɔwɔ, gbesasa de ame, kple agbagba ɖesiaɖe si ame adze be yeaƒo nu kple ame kuku ŋu. Egblɔe kɔte be: “Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (Mose V, 18:10-12) Enye nyateƒe be Kristotɔwo ɖoe kplikpaa be ‘yewoawɔ nu nyui na amesiame,’ eye to woƒe subɔsubɔdɔa dzi la, wokpe ɖe ame geɖe ŋu wotso kadodo kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe me. (Galatiatɔwo 6:10; Dɔwɔwɔwo 16:14-18) Ke hã Kristotɔ vavãwo meƒoa wo ɖokui ɖe alakpatadedeagu nuwɔna kple adzewɔwɔ ƒomevi aɖeke me o.—Korintotɔwo II, 6:15-17.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nya “dzɔdzɔmesubɔsubɔ” fia dzixɔse si nye be anyigba la kple nugbagbe ɖesiaɖe nye Mawu ƒe akpa aɖe eye agbeŋusẽ ma ke le wo me; “trɔ̃subɔsubɔ yeye” fia tadedeagu na mawu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔnyenye.
b The American Heritage College Dictionary gblɔ be Wiccatɔwo nye amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe Wicca, si nye “trɔ̃subɔlawo ƒe dzɔdzɔmesubɔsubɔ si dzɔ tso ɣedzeƒe Europa si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔnyenye” me.
c Nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu” si dzena enuenu le Nyɔ! me ɖo biabiawo abe “Ðe Abosam Li Vavã?” (January 8, 1990, axa 12-13, Eŋlisigbe me tɔ) kple “Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?” (May 8, 1998, axa 21-13) ŋu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]
Picture Book of Devils, Demons and Witchcraft/Ernst and Johanna Lehner/Dover