INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 4/1 axa 3-4
  • Nukae Nènya Tso Adzewɔwɔ Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nènya Tso Adzewɔwɔ Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Le Megbe na Adzewɔwɔ?
    Nyɔ!—1999
  • Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyateƒe si Ku Ðe Dzosasa, Afakaka, Kple Adzewɔwɔ Ŋu
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Adzetɔwo Yome Titi Le Europa
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 4/1 axa 3-4

Nukae Nènya Tso Adzewɔwɔ Ŋu?

ADZEWƆWƆ! Nukae nya ma he va wò susu me?

Le ame geɖe gome la, enye aʋatsodzixɔse me nya tsɛ aɖe kple nususukpɔ si mele be woatsɔe nu vevii o. Le wo gome la, susumenuwɔna koe adzewɔwɔ nye—be adzetɔwo doa awu ʋlaya, tsɔ nu tsyɔa mo hetsɔa agutɔwo ƒe aʋalã dona, trɔa amewo zua akpɔkplɔwo, eye wotɔna ɖe xakui dzi nɔa dzodzom le yame le zãme nɔa nu kom tsitsitsi eye woɖoa tame vɔ̃ ɖe amewo ŋu.

Le ame bubuwo gome la, menye fefenyae adzewɔwɔ nye o. Numekula aɖewo gblɔ be amesiwo wu ame agbɔsɔsɔme si le xexeame ƒe afã xɔe se be adzetɔwo li ŋutɔŋutɔ eye woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe agbe dzi. Ame miliɔn geɖe xɔe se be adzewɔwɔ nye nu vɔ̃ɖi, afɔku le eme, eye ele be woavɔ̃ ewɔlawo ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Afrikatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋu gblɔ be: “Dzosasa, afakaka, kple adzewɔwɔ me nuwɔnawo me fɔkuwo dzi xɔxɔse ƒo ke ɖe to vevie ɖe Afrikatɔwo ƒe agbenɔnɔ me vevie . . . Adzetɔwo kple afakalawo nye amesiwo ƒe nya womelɔ̃na kura le woƒe nuto me o. Vaseɖe egbea gɔ̃ hã la, teƒe kple ɣeyiɣi aɖewo li si dzi amewo ƒoa wo wokuna.”

Gake le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me la, adzewɔwɔ va trɔ yeyee le amewo gbɔ eye wodea bubu eŋu. Agbalẽwo, television, kple sinima me nuwɔna geɖewo wɔe be vɔvɔ̃ na adzewɔwɔ dzi ɖe kpɔtɔ. Modzakaɖeɖe ŋuti numekula David Davis gblɔ be: “Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, sɔhɛwo kple ame dzetugbewoe va zu adzetɔwo, le nyateƒe me la, wodze tugbe. Amerika sinima dɔwɔƒea bi ɖe alesi woatrɔ asi le nɔnɔmewo ŋu wòahe amewo ƒe susu le sinimawo me ale gbegbe. . . . Esi wonaa adzetɔawo nya kpɔna eye woɖia amesiwo lɔ̃a ame ta la, wonya kpɔna na nukpɔla gbogbowo, nyɔnuwo kple ɖeviwo hã le eme.” Amerika sinima dɔwɔƒea nya alesi woaɖe amewo ƒe nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe le sinima me wòadze amewo ŋu.

Ame aɖewo gblɔ be adzewɔwɔ va zu gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna siwo le ŋgɔyiyi kpɔm kabakaba le United States la dometɔ ɖeka. Le dukɔ deŋgɔwo me godoo la, amesiwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, siwo habɔbɔ siwo kpɔa nyɔnuwo ƒe nyawo gbɔ le megbe na eye woɖe wo ɖokuiwo ɖa tso egbegbe subɔsubɔhawo ƒe beble gbɔ la dia gbɔgbɔmedzidzeme tso adzewɔwɔ ƒomevi vovovowo me. Le nyateƒe me la, adzewɔwɔ ƒomevi siwo li la sɔ gbɔ ale gbegbe be amewo meda asi ɖe gɔmesese si le nya “adze” ŋu gɔ̃ hã dzi o. Gake zi geɖe la, amesiwo be adzetɔwoe yewonye la yɔa nya Wicca si gɔme nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe be “trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe si dze egɔme hafi Kristotɔnyenye va ɖo ɣetoɖoƒe Europa eye wogbugbɔ le eɖom anyi le ƒe alafa 20 lia sia me”a la tɔna ɖe wo ɖokui ŋu. Le esia ta la, ame geɖewo hã yɔa wo ɖokui be trɔ̃subɔlawo alo trɔ̃subɔla yeyewo.

Le ŋutinya katã me la, woléa fu adzetɔwo, wotiaa wo yome, wowɔa funyafunya wo, eye wowua wo gɔ̃ hã. Eyata mewɔ nuku kura o be egbegbe adzewɔlawo le didim vevie be yewoadze ame nyuiwoe le amewo gbɔ. Le numekuku aɖe me la, wobia gbe adzetɔ geɖewo be woagblɔ nusi wodi be yewoagblɔ na amewo tso wo ɖokui ŋu. Numekula Margot Adler gblɔ woƒe ŋuɖoɖoa kpokploe ale: “Míenye ame vɔ̃ɖiwo o. Míesubɔa Abosam o. Míewɔa nuvevi amewo alo blea wo o. Míekplɔa ame dea afɔku me o. Amewo ko míenye abe miawo ke ene. Srɔ̃ kple viwo, dɔwɔɖui, mɔkpɔkpɔ, kple didiwo le mía si. Míenye vivimehawo o. Míenye dzɔgbevɔ̃etɔwo o. . . . Mele be mianɔ mía vɔ̃m o. . . . Míele ko abe miawo ke ene wu alesi miesusuna tso mía ŋu.”

Ame geɖe xɔ gbedasi ma de eme. Gake ɖe esia fia be susu aɖeke meli si ta wòle be adzewɔnya naka mí le mɔ aɖeke nu oa? Mina míade ŋugble le biabia ma ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Eŋlisigbe me nya “adzewɔwɔ” do tso Blema Eŋlisigbe me nya “wicce” kple “wicca,” siwo fia nyɔnu kple ŋutsu adzetɔwo la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe