INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 5/14 axa 12-13
  • Adzetɔwo Yome Titi Le Europa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Adzetɔwo Yome Titi Le Europa
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ Kple Agbalẽ Si Nye The Hammer of Witches (Le marteau des sorcières)
  • Ame Kawo Nue Wotsona?
  • Nukae Le Megbe na Adzewɔwɔ?
    Nyɔ!—1999
  • Nukae Nènya Tso Adzewɔwɔ Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyateƒe si Ku Ðe Dzosasa, Afakaka, Kple Adzewɔwɔ Ŋu
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 5/14 axa 12-13
Wole ame si wobu be enye adzetɔ dam

Adzetɔwo Yome Titi Le Europa

ƑE ALAFA ʋɛ aɖewoe nye esi va yi le Europa la, vɔvɔ̃ na adzetɔwo wɔe be wotia ame siwo wobu be wonye adzetɔwo yome hewua wo. Dukɔ siwo kpɔ gome le nuwɔna sia me vevie woe nye France, Germany, dziehe Italy, Switzerland, kple Ɣetoɖoƒe Europa Ƒuta Dukɔwo abe Belgium, Luxembourg kple Netherlands ene. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame akpe geɖe ku le Europa kple dukɔ siwo dzi Europatɔwo ɖu la me,” eye “wowɔ funyafunya ame miliɔn geɖe helé wo, woƒo nya ɖe wo nu, wobu fɔ wo, wolé fu wo alo na vɔvɔ̃ léa wo.”a (Witch Hunts in the Western World) Aleke nuwɔna sia dze egɔme? Nu kae na wòva do gã ɖe edzi?

Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ Kple Agbalẽ Si Nye The Hammer of Witches (Le marteau des sorcières)

Nu si ɖe dzesi ŋutɔ le ŋutinya sia mee nye Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃. Katoliko Sɔlemeha lae ɖo Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃a anyi le ƒe alafa 13 lia me “be yeatsɔ ana xɔsegbelawo natrɔ dzi me eye be yeatsɔ axe mɔ na xɔsetɔ bubuwo be womagagbe xɔse o.” Nya siae agbalẽ si nye Der Hexenwahn (The Witch Mania) gblɔ. Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo nye sɔlemehaa ƒe kpovitɔwo.

Le ƒe 1484 ƒe December 5 lia dzi la, Papa Innocent VIII ɖe agbalẽ aɖe ɖe go si ƒo nu tsi tre ɖe adzewɔwɔ ŋu. Ena ŋusẽ ŋutasẽʋɔnudrɔ̃la eve siwo nye Jakob Sprenger kple Heinrich Kramer (si woyɔna le Latingbe me be Henricus Institoris) be woaɖe adzewɔwɔ ɖa. Ŋutsu eve siawo ta agbalẽ si ƒe tanyae nye Malleus Maleficarum (The Hammer of Witches). Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo xɔ agbalẽ sia be enye ŋusẽ si le megbe na yewo be yewoatu nu kple adzetɔwo. Ŋutinya kpakpa siwo ku ɖe adzetɔwo ŋue le agbalẽa me. Eƒo nu tso sɔlemehaa ƒe nufiafia kple sedede siwo tsi tre ɖe adzewɔwɔ ŋu la ŋu, eye wòfia mɔ siwo dzi woato ade dzesi adzetɔwo ahawu wo. Wogblɔ be The Hammer of Witches ye nye “agbalẽ vɔ̃ɖitɔ kekeake . . .  si gblẽ nu wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si wota kpɔ le xexea me.”

Wogblɔ be The Hammer of Witches ye nye “agbalẽ vɔ̃ɖitɔ kekeake . . .  si gblẽ nu wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si wota kpɔ le xexea me”

Mehiã kpeɖodzi aɖeke hafi woabu fɔ ame aɖe be enye adzetɔ o. Agbalẽ si nye Hexen und Hexenprozesse (Witches and Witch Trials) gblɔ be wotsɔa “amenubeble, nyaƒoɖeamenu alo akpasesẽ zia ame si nu wotso la dzi be wòaʋu eƒe nu vɔ̃wo me.” Funyafunyawɔwɔ yia edzi ɖaa.

Esi amewo xlẽ The Hammer of Witches kple agbalẽ si Papa Innocent VIII ɖe ɖe go la, woho aʋa ɖe adzetɔwo ŋu vevie le Europa. Gawu la, wozã agbalẽtaƒewo tsɔ ƒlɔ dzo ɖe wo me be woaɖe adzetɔwo ɖa. Esia keke ta tso Atlantik va ɖo Amerika gɔ̃ hã.

Ame Kawo Nue Wotsona?

Ame siwo nu wotso ƒe akpa gãtɔ nye nyɔnuwo, vevietɔ ahosi siwo xɔnametɔ aɖeke meli na o. Ame siwo nu wotso la dometɔ aɖewo hã nye ame dahewo, ame tsitsiwo kple nyɔnu siwo wɔa gbetikewo, vevietɔ ne atikeawo mewɔ dɔ o. Asi tua ame sia ame ƒomevi, eɖanye gatɔ alo ame dahe o, ŋutsu alo nyɔnu o, ame tsɛ alo ame ŋkuta o.

Wodaa vɔ̃ sia vɔ̃ si dzɔ ƒe agba ɖe ame siwo wosusu be wonye adzetɔwo dzi. Wotsoa wo nu alakpatɔe be “woawoe nana tsi bablawo gblẽa nu, eye wonana hã be abɔbɔwo kple ŋɔwo gblẽa nukuwo kple atikutsetse gblewo dome.” Nya siae Germantɔwo ƒe magazine si nye Damals gblɔ. Tsikpee ɖadza gblẽ nukuwo o, notsie womekpɔ le nyinowo me o, ŋutsue ɖatu alo nyɔnue ɖatsi ko o, wobe adzetɔwoe.

Wole ame si wobu be enye adzetɔ dam

Woxɔe se be adzetɔwo mekpena o eya ta wodaa ame siwo wosusu be wonye adzetɔwo le nudanu met

Nu ka dzie wonɔa te ɖo gblɔna be ame aɖe nye adzetɔ? Woblaa ame si wosusu be enye adzetɔ dea tɔsisi si fa miamiamia si wobe woyra la me. Ne woyi to la, ke efia be menye adzetɔwoe wonye o, eya ta wohea wo doa goe. Gake ne wotsi tsia ŋgɔ la, ke efia be adzetɔwoe wonye, ekema wowua wo enumake alo hea wo yia ʋɔnui. Woda ame siwo wosusu be wonye adzetɔwo la dometɔ aɖewo le nudanu me, elabe woxɔe se be adzetɔwo mekpena o.

Nu bubu si wotsɔna dea dzesi adzetɔe nye nu si woyɔ be “Abosam ƒe dzesi” didi le amea ŋu​—dzesi si wobe “Abosam ɖe ɖe amea ŋu esi wòdo ka kplii.” (Witch Hunts in the Western World) Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo “ƒlɔa ɖawo katã le amea ŋu heléa ŋku ɖe eŋuti katã.” Wowɔa nu siawo katã le dutoƒo! Eye woƒoa abui ɖe amea ŋuti dzesi, dzegoe, kple abikukuteƒe ɖe sia ɖe si wokpɔ me. Ne amea mese veve o alo ʋu medo le teƒea o la, ke wobe Satana ƒe dzesie.

Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo ƒe dziɖuɖuwo da megbe na adzetɔwo yome titi, eye le teƒe aɖewo la, Protestant-dziɖulawo wɔa anyra ɖe adzetɔwo ŋu wu Katoliko-dziɖulawo. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyateƒeawo va nɔ go dzem. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1631 me la, Friedrich Spee si nye Katolikotɔwo ƒe habɔbɔ aɖe si woyɔna be Yesuitɔwo ƒe nunɔla aɖe si ŋutɔ hã nɔa amewo dome tsã wokplɔa ame siwo wosusu be wonye adzetɔwo ɖatɔa dzo ɖe ati ŋu la, ŋlɔ bena le yeƒe susu nu la ame siawo dometɔ aɖeke medze agɔ hafi o. Eye wòxlɔ̃ nu be ne woyi edzi le adzetɔwo yome tim la, anyigba aɖi gbɔlo! Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖɔktawo va nɔ dzesi demee be ne ame li ko le ƒoƒom tititi la, ate ŋu atso lãmesẽkuxiwo gbɔ, ke menye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedzee o. Le ƒe alafa 17 lia me la, ʋɔnudɔdrɔ̃ adzetɔwo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ, eye kaka ƒe alafa ma nawu enu la, womegatia adzetɔwo yome azɔ o.

Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutinyamenudzɔdzɔ wɔnublanui sia me? Nu vevi siawo dometɔ ɖekae nye: Ne ame siwo be yewonye Kristotɔwo tsɔ alakpanufiafiawo kple aʋatsodzixɔsewo ɖɔli Yesu Kristo ƒe nufiafia vavãwo la, vɔ̃ɖivɔ̃ɖi si mele gbɔgblɔ me o lae va xɔa aƒe ɖi. Ale si nuteƒemawɔla siawo tɔgbi ava do vlo Kristotɔnyenye tae Biblia gblɔ ɖi be “woaƒo nu gbegblẽ tso nyateƒea ƒe mɔ la ŋu.”​—2 Petro 2:1, 2.

a Europatɔwoe ɖu Amerika hã dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe