INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 3/8 axa 30
  • ‘Míaƒe Xexeame Ato Vovo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Míaƒe Xexeame Ato Vovo’
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míeɖu Dzi Le Senya Aɖe Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia Mawunyaŋutinunyala Aɖe Ƒe Nukpɔsusu
    Nyɔ!—1997
  • Russiatɔwo ƒe Nyadzɔdzɔgbalẽwo Kafu Yehowa Ðasefowo
    Nyɔ!—1998
  • St. Petersburg—“Mɔ Si Woɖe Ðe Europa Ŋu” Na Russia
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 3/8 axa 30

‘Míaƒe Xexeame Ato Vovo’

Agbagba siwo wodze be woaxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã nu le August si va yi me le Moscow la he ame geɖe ƒe susu. Andrei Zolotov, Jr., ka nya ta le The Moscow Times ƒe August 21, 1999, tɔ me be, “Vladimir Kozyrev, si nye kamedefefewɔƒea ƒe amegã ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be teƒea dzi kpɔlawo metsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpea wɔwɔ ŋu o. Egblɔ be yemenya afisi gbeɖeɖe be [woaxe mɔ] na wo la tso o.”

Le lɛta aɖe si wota ɖe The Moscow Times me le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, nuxlẽla aɖe kafu nyadzɔdzɔgbalẽa be wòta nyati ma si “mede akpa aɖeke dzi kura o,” eye wògblɔ be “edze be nuxlẽlawo naxlẽe vavã.” Eŋlɔ be: “Nusi mieŋlɔ ku ɖe kuxi sesẽ siwo me Yehowa Ðasefowo to le dzadzraɖo na woƒe ƒe sia ƒe takpekpea wɔwɔ ŋu la [ɖe woƒe] numadzɔmadzɔ si wowɔ ɖe wo ŋu fia.”

Emegbe lɛtaa ŋlɔla ŋlɔ be Yehowa Ðasefowo nye “amesiwo wonya nyuie le xexeame (eye fifia wonya wo le Russia hã) . . . Wonya wo nyuie . . . be wonya kpɔ ŋutɔ, woƒe dɔme nyo, wofa, woƒe nya me mesẽ o, womezia ame bubuwo dzi o, eye wodia ŋutifafa le woƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me, eɖanye subɔsubɔdzixɔse kae le wo si o, ne wonye Orthodɔks Kristotɔwo, Moslemtɔwo, alo Budhatɔwo hã. Zãnuxɔlawo, ahamulawo, alo atikevɔ̃ɖizãlawo mele wo dome o, eye nusita wòle nenema la me kɔ ƒã: Wodzea agbagba be yewoana nusiwo dzi yewoxɔ se le Biblia me nafia mɔ nusianu si yewowɔna alo gblɔna. Ne xexeame nɔlawo katã ate kpɔ teti be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu abe alesi Yehowa Ðasefowo wɔnɛ ene la, anye ne míaƒe ŋutasẽxexe sia ato vovo kura.”

Dumegã siwo wɔ numekuku tso Yehowa Ðasefowo ŋu eye wodo ka kple wo tẽ la ɖo kpe nya siwo le etame la dzi. Le kpɔɖeŋu me, dziɖuɖumegã mawo na mɔ Ðasefoawo be wotu Takpexɔ yeye dzeani sia ɖe St. Petersburg, le Russia. Esi wonɔ enu ʋum le ƒe si va yi ƒe September 18, dzi la, vavala kpɔdzidzɔ 2,257 yɔ xɔa me, eye ame 2,228 bubuwo se nuƒoawo le Fiaɖuƒe Akpatawo me le St. Petersburg kple Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe afima ŋu le Solnechnoye.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe