Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia Mawunyaŋutinunyala Aɖe Ƒe Nukpɔsusu
YUDATƆWO ƒe nunɔla siwo nɔ Roma le ƒe alafa gbãtɔ me la gblɔ le Kristotɔnyenye ŋuti be: “Wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” Nukae nunɔla mawo wɔ? Enyo ŋutɔ be woyi ɖe apostolo Paulo si wosika ɖe aƒeme ɣemaɣi la gbɔ hegblɔ be: “Míele didim bena, míase nusi susum nèle la, atso nuwò.” (Dɔwɔwɔwo 28:22) Wose numeɖeɖe tso Kristotɔ si nya nu tso nya la ŋu nyuie gbɔ, tsɔ wu be woasee tso amesiwo ƒo nu tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋuti gbɔ.
Sergei Ivanenko si nye Russiatɔ mawunyaŋutinunyala si ŋu wodea bubui la wɔ nenema. Togbɔ be exɔ nya gbegblẽ siwo wogblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu si nɔ kakam ɖe Russia katã la dometɔ geɖe dzi se hã la, eɖoe be yeaƒo ka na Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le St. Petersburg xa tututu abia nyawo me. Wokpee be wòava ɖi tsa le afima, abia nyawo, eye eya ŋutɔ nàlé ŋku ɖe Ðasefoawo ŋu.
Esime Aƒetɔ Ivanenko va ɖo le October 1996 me la, esusɔ vie woawu xɔ siwo me Yehowa Ðasefowo siwo le Russia ƒe alɔdzedɔwɔƒe si me ame 200 kloe le la tutu nu. Wona mɔnukpɔkpɔe le ŋkeke etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me be wòalé ŋku ɖe xɔtuƒea, wòaɖu nu le nuɖuƒea, eye wòabia gbe amesiame si wòdi.
Wota nyati aɖe si Aƒetɔ Ivanenko ŋlɔ le Ðasefowo ŋu la ɖe Russiagbe me Moscow News nyanyɛ si wotana kwasiɖa sia kwasiɖa la ƒe tata si nye February 16-23, 1997, la me. Nyatia si ƒe tanyae nye “Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Yehowa Ðasefowoa?,” gadze le Moscow News, February 20-26 ƒe Eŋlisigbe me tɔ me. Esi Nyɔ! xlẽla geɖe di be yewoanya nu tso Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe dɔwɔnawo ŋu ta la, míebia mɔ gata nyati sia ƒe akpa gãtɔ ɖe afisia. Aƒetɔ Ivanenko tsɔ nudzɔdzɔ si woŋlɔ wòdze nyuie la dze egɔmee be:
“Woŋlɔ ɖe agbalẽ si Zhirinovsky ƒe LDPR dunyaheha me tɔwo lé ɖe asi la dzi tsɔ va tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe wɔƒe la dzi be, ‘Kɔmamãtɔwo, mido go le Russia!’ Mebia amesiwo va tɔ ɖe teƒea dometɔ ɖeka be: ‘Nukae medzɔa dzi na wò le habɔbɔ sia ŋu o?’ Etsɔ Megapolis-Express nyadzɔdzɔgbalẽ si ƒe tanyae nye ‘Mawusubɔsubɔ me Agbadzadɔ Do le Kamchatka’ la nam. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be esi Yehowa Ðasefowo le ga dim na woƒe habɔbɔa ta la, wodia ame na gbolowo eye woɖo gbolowɔƒewo hele nulɔdɔ kakam ɖe ƒudzidelawo dome. Mebiae veveseɖeamenutɔe be: ‘Ðe wowɔe ɖe wò hã ŋuwòa? Ðe nèxɔ nya sia dzi sea?’ Eɖo eŋu be: ‘Mehiã o. Nu vevitɔe nye be Amerikatɔwo ƒe kɔmamã sia le Russiatɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple agbenɔnɔ dome gblẽm, eye ele be míatsi enu.’”
Nya si do ŋgɔ na nyati si Aƒetɔ Ivanenko ŋlɔ lae nye be: “Etso Sergei Ivanenko, mawunyaŋutinunyala, kple xexemenunyasrɔ̃la la gbɔ.”
“Nyateƒe wònye be anukwareɖiɖi alea mebɔ o togbɔ be ele eme be Russiatɔ geɖe mekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu o hã. Ne wonya yɔ habɔbɔ sia ŋkɔ ko la, ena amewo gblɔa nya geɖe tso eƒe zazɛ̃nyahehe vɔ̃ɖi, eƒe Amerika tsotso, alesi emetɔwo xɔ habɔbɔa ƒe tatɔwo dzi se ɖekemanyatɔe, kple woƒe dzixɔse be xexeame ƒe nuwuwu ɖo vɔ ŋu. Vɔvɔ̃ nɔa ame geɖe me ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu evɔ wodi be yewoanya nu tso wo ŋu.
“Nukae Subɔsubɔha Sia Nye, eye Ðe Wòle be Míavɔ̃ea?
“Be nye ŋutɔ makpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo la, meɖi tsa yi Solnechnoye-kɔƒea me le Kururtnoye-nutoa me le St. Petersburg, afisi Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe dɔa dzikpɔƒe le.
***
[Esia] le afisi nye dzomeŋɔli asaɖabɔƒe tsã. Kaka ƒe 1992 naɖo la, xɔ [gbãtɔa] gblẽ ale gbegbe be emenɔnɔ nye afɔku, eye ɖeviwo meganɔ afima o wòva zu aƒemanɔsitɔwo kple alegeli gbogbo aɖewo nɔƒe. Edze ƒã be alesi teƒea gblẽ lae na Yehowa Ðasefowo te ŋu kpɔ anyigba hekta adre la xɔ be yewoanɔ zazãm ɖaa. Wogbugbɔdzra xɔ xoxoawo ɖo eye wodze yeye siwo me dɔdzikpɔƒe si nye tuɖedzi etɔ̃, [Fiaɖuƒe Akpata] si me ame 500 anɔ, kple nuɖuƒe hã le la tutu gɔme. Yehowa Ðasefoawo le sɔgbe yeyewo (etɔxɛ aɖe si wodɔ tso Finland) kple ati vovovo siwo mebɔ o la hã dom. Wole mɔ kpɔm be dɔa nawu enu le dzomeŋɔli si gbɔna me. Dɔ vevitɔ si wowɔna le dɔdzikpɔƒea enye ɖoɖowɔwɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kple agbalẽwo tsɔtsɔ yi na Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le wo gbɔ. Agbalẽtaƒe mele Solnechnoye ŋutɔ o, eyata wotaa Russiatɔwo ƒe agbalẽwo le Germany, eye wotsɔa wo vaa St. Petersburg hemãa wo le afima tsɔ yina ɖe nutoawo me. Amesiwo ade 190 ye wɔa dɔ le dɔwɔƒea. Lɔlɔ̃nu faa dɔ wònye wowɔna eye togbɔ be womexɔa fetu o hã la, wonaa woƒe nuhiahiã veviwo katã wo, si ƒe ɖewoe nye nɔƒe, nuɖuɖu, kple nudodowo.
“Kɔmiti si me hamemegã 18 le ye kpɔa dɔ si wowɔna le dɔwɔƒea dzi. Vasily Kalin ye nye dɔdzikpɔƒea ƒe tatɔ tso keke ƒe 1992 me ke. Wodzii le Ivano-Frankovsk. Le ƒe 1951 esime wòxɔ ƒe ene la, wonyã eya kple edzilawo ɖo ɖe Siberia (le ƒe 1949 kple 1951 me la, dziɖuɖua ti ƒome siwo ade 5,000 yome le esi wonye Yehowa Ðasefowo ta). Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1965 me eye wònɔ Irkutsk-nutoa me. Enye dɔnunɔla tsã le atidzeƒe aɖe.
“Le lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le dɔdzikpɔƒea megbe la, xɔtudɔwɔla siwo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 200 bubu gali siwo tso Russia, Finland, Sweden kple Norway siwo le Solnechnoye: Wo dometɔ akpa gãtɔ bia mɔ le woƒe dɔwɔƒewo. Yehowa Ðasefo geɖe hã le afima siwo tso Ukraine, Moldova, Germany, United States, Finland, Poland kple dukɔ bubuwo me. (Yehowa Ðasefowo mebua nazã ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu o. Togbɔ be Georgiatɔwo, Abkhaztɔwo, Azerbaijantɔwo kple Armeniatɔwoe le teƒe ɖeka le dɔwɔƒea hã la, dzre aɖeke medzɔ kpɔ le ƒe ene siwo wotsɔ nɔ afima me o.)
“Scandinavia-dukɔwo mee xɔtunuawo ƒe akpa gãtɔ tsona, eye haxɔsetɔwo tsɔ nu geɖe na femaxee. Wofia anyigbakuʋu aɖem si Yehowa Ðasefo Swedentɔ aɖe tsɔ va Solnechnoye le ƒe 1993 me. Etsɔe wɔ dɔ le ɣeyiɣi siwo katã wònɔ afima me, eye hafi wòadzo ayi aƒe la, etsɔe na nɔvia siwo le xɔsea me. Xɔ gã kple sue siwo me dzidzeme le mee xɔtudɔwɔlawo le. Woƒe ŋkekea me dɔwɔnawo yina ale: Ŋdi ga 7:00—ŋdinuɖuɖu kple gbedodoɖa; wowɔa dɔ tso ŋdi ga 8:00 vaseɖe fiẽ ga 5:00 eye wotsɔa gaƒoƒo ɖeka ɖua ŋdɔnui. Le Memleɖawo gbe la, wowɔa dɔ vaseɖe ŋdɔnuɖuɣi ko, eye wogbɔna ɖe eme Kwasiɖagbewo.
“Woɖua nu nyuie eye woɖua atikutsetsewo ɣesiaɣi. Subɔsubɔha la melé nutsitsidɔ alo nuɖuɖu ƒe ɖoɖo kpaɖii aɖeke me ɖe asi o. Ne wokpã le dɔ me la, wo dometɔ geɖe yia tsidzodzoleƒe eye woléa beer ɖe asi nɔa afisiafi ko nɔa ha sem. Ahanomunɔwo mele Yehowa Ðasefowo dome o, gake wometsri aha hã o. Woɖe mɔ xɔsetɔwo nɔa wein, cognac, vodka kple bubuawo. Gake Yehowa Ðasefowo menɔa atama o.
***
“Wodea Biblia-srɔ̃ƒe zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa, eye sɔhɛawoe denɛ wu. Gake zi geɖe la, àkpɔ amesiwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe 30-40 enye sia la le afima. Ame tsitsiawo katã kloe nɔ gaxɔ, amedzizizi ƒe dɔwɔsaɖawo, kple aboyo me kpɔ. Esi ameteteɖeanyia wu enu la, ɖɔktawo, senyalawo, mɔ̃ɖaŋunyalawo, nufialawo, asitsalawo, kple sukuvi geɖe va zu Yehowa Ðasefowo.
“Hameawo dzea agbagba be woana emetɔwo nanɔ ka ɖeka dzi. Le kpɔɖeŋu me, dɔdzikpɔƒea ƒe tatɔa gɔ̃ hã klɔa agba le fiẽ me ne eɖo edzi. Yehowa Ðasefowo yɔa wo nɔewo le mɔ ɖesiaɖe si dze nu eye wogblɔna be ‘nɔviŋutsu’ alo ‘nɔvinyɔnu’ ne wole ame aɖe ƒe ŋkɔ yɔm.
“Ne Yehowa Ðasefo aɖe da le Biblia ƒe nufiafiawo dzi eye wògbe dzimetɔtrɔ la, wohea to sesẽtɔ kekeake nɛ—woɖenɛ le hame. Amea agate ŋu anɔ kpekpewo dem ya, gake haxɔsetɔwo megadoa gbe nɛ o. Tohehe bubu si nu mesẽ boo o ye nye be woaka mo na ame.
***
“Mezã ɣeyiɣi didi aɖe tsɔ lé ŋku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu hedze agbagba be manya nusi na ame ƒomevi geɖe va subɔsubɔha sia me. Woƒe amenyenye, afisi wode suku se ɖo kple nusiwo dzɔa dzi na ame kpakple nusiwo medzɔa dzi na wo o to vovo ya, gake [Yehowa Ðasefowo mewɔa ɖeka subɔna kple] subɔsubɔha siwo ƒoa wo ɖokui ɖe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwɔnawo me o. Medzɔa dzi na wo be woanɔ [amesiwo] xɔ amegãwo dzi se ɖekemanyatɔe, amesiwo ɖe mɔ ɖe vivimenuwɔwɔ ŋu, kple amesiwo me mã ɖe osɔfohawo kple hamevi toɖolawo dome la me o.
“Alesi Yehowa Ðasefowo xɔe se vevie be ele be yewoanɔ agbe ɖe Biblia nu la na woto vovo. Wodzea agbagba be woƒe nuwɔna ɖesiaɖe nanɔ te ɖe Biblia me gɔmeɖose aɖe dzi, alo woyɔa Nubabla Xoxoa alo Yeyea me nya aɖe tsɔ ɖoa kpe edzii. Yehowa Ðasefowo xɔe se be nyabiabiawo katã ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me eye Biblia ɖeɖeko mee wole. Yehowa Ðasefowo bua Biblia be enye dukplɔse, ɖoɖo si kplɔa dumeviwo kple agbalẽ nyuitɔ kekeake si me nyateƒea le.
“Le esia ta wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã be wowɔa se dzi vodadamanɔmee eye vevietɔ wonya wo ɖe nɔnɔme nyui si woɖena fiana ɖe adzɔxexe ŋu ta. Adzɔxexedzikpɔƒe toa nu me kpli wo ɣesiaɣi eye ewɔa nuku na wo be womekpɔnɛ be woŋe nane ɖe eme gbeɖe o. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo hã ate ŋu adi nya aɖe ado taflatse agbe adzɔxexe abe alesi ame geɖe wɔnɛ ene hafi, gake Biblia gblɔ be ele be ame naɖi anukware le adzɔxexe me, eye Yehowa Ðasefowo bunɛ be nya bubu aɖeke megade esia nu o.
“Gake alesi Yehowa Ðasefowo kuna ɖe Biblia ŋu tamanamanae la na masɔmasɔ gãwo ɖoa wo kple dziɖuɖua dome ɣeaɖewoɣi. Woƒe gomemakpɔmakpɔ le dunyahehe me nye nya si hea nyaʋiʋli geɖe vɛ, eye nya sia doa mo ɖa ne wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o.
“Yehowa Ðasefowo sea nya siwo Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo kple yeƒe fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o la me ɖe nya la ŋutɔŋutɔ nu, le esia ta womekpɔa gome le dunyahehe kple aʋawɔwɔ me o, eɖanye afika ke wowɔe le kple susu ka ke ta o. Esi Yehowa Ðasefowo gbe be yewomagblɔ be ‘Heil Hitler’ ahanɔ Hitler ƒe asrafowo dome o ta la, wokplɔ xɔsetɔ akpe geɖe yi Nazi-fuwɔamesaɖawo mee, eye ame akpe geɖe ku. Russiatɔwo bua Yehowa Ðasefo Germanytɔ siwo bu woƒe agbe le esi wogbe gomekpɔkpɔ le Soviet Union dzidzedze me ta la be wonye amesiwo nɔ agbe nyui ŋutɔ. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, meʋã Russiatɔ geɖe be woafa na Yehowa Ðasefo [Russiatɔ] siwo wowu le esi wogbe aʋawɔnuwo tsɔtsɔ kple gomekpɔkpɔ le Xexemeʋa II me ta o, alo amesiwo wobu fɔe ɖe woƒe asrafodɔ mawɔmawɔ le ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo me ta la o. Gake le nya evea siaa gome la, Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo dzie wonɔ wɔwɔm ɖo eye menye le dunyahehe ƒe susu aɖeke ta o.
“Eteƒe medidi boo o kuxi sia tɔgbe do mo ɖa le Japan, afisi sukuvi aɖewo siwo nye Yehowa Ðasefowo gbe avuwɔɖaŋu sɔsrɔ̃ si ate ŋu ana woanyã wo le yunivɛsiti. Le ƒe 1996 me Japan Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia si de sukuviawo ƒe gomenɔamesi dzi eye eɖe mɔ na wo be woate ŋu asrɔ̃ nu bubu ɖe eteƒe.
***
“Nukae le Yehowa Ðasefowo ŋu si wɔa mo yaa na egbegbe nuŋubulawo? Esi ƒo bubuawo katã ta ye nye woƒe gbeƒãɖeɖe madzudzɔmadzudzɔe be xexeame ƒe nuwuwu ɖo vɔ (wowɔa mawunyagbɔgblɔdɔ le ablɔwo dzi kple tso aƒeme yi aƒeme). Le nyitsɔ laa ƒe ɣeyiɣiawo me la, hamemegãwo ɖo aɖaŋu na gbeƒãɖelawo be womegate gbe ɖe ‘xexeame ƒe nuwuwu’ kple nublanuinya si adzɔ ɖe nuvɔ̃wɔlawo dzi la dzi fũ o, ke boŋ be woaɖe eme na amesiwo ɖoa to wo be Yehowa le mɔnukpɔkpɔ nam woamawo be woakpɔ ‘agbe mavɔ le paradisonyigba dzi.’
“Nu bubu si hã kua dzi na ame aɖewoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe asimadamada ɖe subɔsubɔha vovovowo ƒe nuwɔwɔ aduadu kple xexeme Kristo-hawo katã ƒe ɖekawɔwɔ dzi. Woxɔe se be amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la mede bubu Mawu kple Biblia ŋu o, eye be subɔsubɔha bubuawo katã le mɔ gbegblẽ si me afɔku le dzi. Yehowa Ðasefowo tsɔa subɔsubɔha siawo katã sɔna kple ‘Babilon si nye gbolo,’ eye woxɔe se be nusi dzɔ ɖe edzi la kee adzɔ ɖe subɔsubɔhawo hã dzi. ‘Nyɔ!’ aɖe si do nyitsɔ laa gblɔ be subɔsubɔha vovovoawo ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eye be subɔsubɔha si akpɔtɔ koe nye esi Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe.
“Ke hã Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe edzi be amesiame kpɔ mɔ azã eƒe dzitsinya alesi wòdi.
***
“Edze le dukɔ geɖe me xoxo be amewo di be yewoanya nenye be Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo nye afɔku na amesiwo dome wole loo alo menye afɔku o. Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si le Connecticut, United States (1979) kple New South Wales, Australia (1972), British Columbia Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe, Canada (1986) kple ʋɔnudrɔ̃ƒe bubuwo gblɔ be kpeɖodzi aɖeke meli be ŋɔdzi le Yehowa Ðasefowo ŋu le hadome, alo be woagblẽ nu le amewo ƒe lãmesẽ alo seselelãme ŋu o. Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe (1993) ʋli gome si le Yehowa Ðasefowo si be woawɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, si menɔ dɔ wɔm le Greece kple Austria tututu o, ŋudɔ la ta. Wotia Yehowa Ðasefowo yome le dukɔ 25 me egbea . . .
“Woate ŋu abu Yehowa Ðasefowo be wonye kpɔɖeŋu na wo havi dumeviwo le Biblia me nyateƒea dzi wɔwɔ kple alesi wolɔ̃na faa kuna ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe ta. Gake biabia sia fɔ ɖe te be: Ðe míaƒe amewo le klalo be yewoaɖe mɔ ɖe dzitsinya ƒe ablɔɖe si le sea me ŋu na habɔbɔ siwo wɔa woƒe Biblia me gɔmesese ŋudɔ le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa le nusianu me tamanamanatɔe alea la?”
Aƒetɔ Ivanenko fɔ biabia vevi aɖe ɖe te le nyagbe susɔe sia me. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo si Kristo tia tẽ be wòanye ye teƒenɔla asubɔ la, kpe ‘gaxɔmenɔnɔ’ ƒe fu madzemadzee. Esiae na Paulo ŋlɔ agbalẽ na haxɔsetɔwo le agbagba siwo wòdze be ‘yeaʋli nyanyui la ta ahaɖoe anyi le se nu’ ŋuti ɖo.—Filipitɔwo 1:7; Dɔwɔwɔwo 9:3-16.
Egbea Yehowa Ðasefowo le amesiame kpem be wòadzro yewoƒe dɔwo me tsitotsito, abe alesi Aƒetɔ Ivanenko wɔe ene. Míexɔe se be ne amewo wɔe nenema la, woakpɔe be nya gbegblẽ siwo wogblɔ le Ðasefowo ŋu la mele eme o, abe alesi nya siwo wogblɔ le Kristotɔ gbãtɔwo hã ŋu menye nyateƒe o ene. Ðasefowo wɔa “se yeye” si Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo la dzi wòɖea dzesi, be: “Mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.”—Yohanes 13:34, 35.
[Aɖaka si le axa 25]
MN Agbalẽdzraɖoƒe
(Wota nya siwo gbɔna si woɖe tso Moscow News ƒe agbalẽwo dzraɖoƒe la kpe ɖe Sergei Ivanenko ƒe nyati sia ŋu.)
“Yehowa Ðasefo Russiatɔwo nye xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si le dukɔ 233 me eye ame miliɔn 5.4 le eme la me tɔwo. Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Dziɖuha si le Brooklyn, New York, la ƒe gbɔgbɔmemɔfiafia dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe habɔbɔa dze egɔme tso Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe si Charles Taze Russell ɖo le ƒe 1870 me le Pittsburgh, Pennsylvania, la dzi. Ha la va ɖo Russia le ƒe 1887 me. Wonyã Russiatɔ Yehowa Ðasefowo gbãtɔ, Semyon Kozlitsky, tso Moscow ɖo ɖe Siberia le ƒe 1891 me. Togbɔ be habɔbɔa to yometiti me hã la, Yehowa Ðasefo 17,000 ye nɔ Soviet Union le ƒe 1956 me. Ƒe 1991 ƒe March me ko hafi wova dee agbalẽ me be Yehowa Ðasefowo nye subɔsubɔha le Russia, esime wode se ‘Le Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Ŋu’ megbe. Egbea ha la me tɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo wu 500 ye le Russia eye amesiwo ade 70,000 ye le eme. Habɔbɔa mãa ‘Gbetakpɔxɔ’ (si wotana ɖe gbegbɔgblɔ 125 me, eye wotaa ɖekaɖeka miliɔn 20) kple ‘Nyɔ!’ (ɖe gbegbɔgblɔ 81 me, eye wotaa ɖekaɖeka miliɔn 18).”
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Russia-alɔdzedɔwɔƒea ƒe xɔwo ƒe akpa aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Fiaɖuƒe Akpata si me alɔdzea ƒe ƒome si le Russia kpea ta le srɔ̃a Biblia
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Ðasefowo ƒe ƒomewo srɔ̃a nu heɖea modzaka ɖekae
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Wonaa Biblia me sidzedze sua amewo si