INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 16-17
  • “Èle Kuku Ge!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Èle Kuku Ge!”
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
    Nyɔ!—1994
  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
    Nyɔ!—1994
  • Amewo Subɔsubɔ Ðea Ame Ŋutɔ Ƒe Vevesese Dzi Kpɔtɔna
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 16-17

“Èle Kuku Ge!”

ABE ALESI LEANNE KARLINSKY GBLƆE ENE

Nye atikewɔwɔ nyuitɔ kekeake si me womazã ʋu le o didi le Spain

NE MƆNUKPƆKPƆ asu asiwò be nàzɔ mɔ ayi xexeame ƒe akpa si dze ŋuwò la, afikae nàtia? Ŋuɖoɖoa mesesẽ na nye ya o. Mefiaa Spaingbe le suku, eye mía kple srɔ̃nyeŋutsu Jay, kpakple vinye Joel, míele Yehowa Ðasefowo ƒe Spaingbe hame aɖe me le Galax, Virginia, U.S.A. Edzroam vevie be mazɔ mɔ ayi Spain. Eyata àte ŋu akpɔ alesi dzi dzɔm ɖa le susume esi dzinyelawo be yewoakplɔm ayi afimae! Togbɔ be srɔ̃nye kple vinyea mete ŋu yi kpli mí o hã la, nye didia nɔ eme vam nam vɔ esi mía kple dzinyelawo míeɖo yameʋu yi Madrid. Esi míeɖo afima le April 21 la, míetso nya me be míaku ʋu ayi Estella, si nye du sue aɖe le Navarre, le Spain ƒe dziehe gome. Menɔ megbezikpuia me, afisi mevo le henɔ akɔlɔ̃e dɔm.

Nusi dzi megaɖo ŋkui koe nye be memlɔ gbeme eye ŋdɔkutsu nɔ nye ɖum. Afikae mele? Aleke wòdzɔe be meva le afisia? Drɔ̃e kum menɔa? Esi menɔ biabia siawo biam ɖokuinye la, meva nyɔ le ɖokuinye me hekpɔ nu dziŋɔ si dzɔ. Afɔku aɖe dzɔ, eye menye drɔ̃e kum menɔ o. Nye awu ƒe mia bɔa vuvu klayiklayi, eye nyemete ŋu nɔ nye asiwo alo afɔwo ʋãm o. Emegbe wogblɔ nam be míaƒe ʋua va lɔ gakpɔ si wotɔ ɖe mɔ si le yame ƒe axa dzi, eye mege le ʋua me esime wònɔ mimlim yi ɖe abu si anɔ meta 20 la me. Medaa akpe be mía kple dzinyelawo siaa míeɖo ŋku alesi afɔkua dzɔe dzi o.

Medo ɣli be woava kpe ɖe mía ŋu, eye agbatsɔʋukula aɖe si du va gbɔnye. Emegbe eɖi abua yi ʋua gbɔ, afisi dzinyelawo xaxa tsi ʋua me le. Edo ɣli gblɔ na eƒe kpeɖeŋutɔ be: “Gblɔ na dɔnɔkɔʋua be wòaɖe abla. Nuvevi wɔ ʋua me nɔlawo ŋutɔ!” Emegbe etrɔ va afisi memlɔ, maʋamaʋae, eye wòtsɔ susu nyui te kpɔ be yeadzɔ nye afɔ. Mese veve hedo ɣli, eye mede dzesii zi gbãtɔ be nuvevi wɔm ŋutɔ.

Medidi o, wokɔm yi Logroño kɔdzi ƒe dɔwɔƒe si wokpɔa nɔnɔme kpatawo gbɔ le. Kpovitɔwo nyo dɔme, hena nyanya Yehowa Ðasefo siwo le afima ku ɖe afisi mele kple nusi dzɔ ŋu. Medidi o ame geɖe tso hame siwo le Estella kple Logroño me va gbɔnye le abatia me, eye Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti si nɔ afima me tɔwo hã kpe ɖe wo ŋu. Le nyateƒe me, le fukpekpe siwo katã me meto le kɔ ma dzi me la, hati Kristotɔ lɔlɔ̃tɔ siwo nyemedo go kpɔ o nɔ klalo eye wolɔ faa be yewoakpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ ɣesiaɣi. Azɔ hã wolé be na dzinyelawo lɔlɔ̃tɔe, eye anɔ abe kwasiɖa ɖeka le afɔkua ƒe dzɔdzɔ megbe la, wohaya, ale be woɖe asi le wo ŋu le kɔdzi.

Anɔ ga 1:00 le Kuɖa ƒe zãme la, ɖɔktawo va be woawɔ dɔ le nye ata si ŋe la ŋuti. Megblɔ na ɖɔktaa be nyemedi be woado ʋu nam o.a Elɔ̃ ɖewoɖewoe be yeawɔ ɖe didia dzi, togbɔ be egblɔ nam be mate ŋu aku hã. Metsi agbe le dɔwɔwɔa me, gake ewɔ nuku nam be womeklɔ nye abiawo o, eye womeɖɔli nye abiblavɔwo hã o.

Kaka Fiɖa naɖo la, nye ʋu ɖiɖi va ɖo dzidzenu 4.7, eye ŋusẽ nɔ vɔvɔm le ŋunye. Ðɔktaa lɔ̃ be yeawɔ atike bubu nam—edo atike si nye erythropoietin (EPO), si ne wozãe kple nunyiameŋusẽ si nye iron kpakple atike bubu siwo doa ŋusẽ ʋu la, wona ŋusẽ ɖoa ame ŋu be ʋumenugbagbevidzĩwo nadzi ɖe edzi le ʋua me la nam.b Ɣemaɣi la, Jay kple Joel va ɖo. Aleke gbegbe wònyoe nye si be mekpɔ srɔ̃nye kple vinyeŋutsu!

Anɔ zã ga 1:30 lɔƒo la, ɖɔkta aɖe gblɔ na Jay be kɔdzidɔwɔƒea xɔ ŋusẽ tso ʋɔ̃nu xoxo be ne nye nɔnɔmea ɖo ŋkubiã me la, woado ʋu nam. Jay gblɔ nɛ be nye didie nye be woagado ʋu nam le nɔnɔme aɖeke me o. Ðɔktaa ɖo eŋu nɛ be: “Ekema ele kukuge!”

Jay ƒo nu kple Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia be woaɖem ayi kɔdzi bubu—afisi woade bubu nye didiwo ŋu le. Menye amesiame si nɔ kɔ ma dzi ƒe nya mee sẽ o. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu ɖɔkta aɖe na kakaɖedzim be yeawɔ nusianu si yeate ŋui akpɔ egbɔ be woade bubu ɖesiaɖe si dze la ŋunye le atikewɔwɔ nam me. Gake medidi o, ɖɔkta bubuwo nɔ dzinye zim. Wobiam be: “Èdi be yeaku agblẽ wò ƒomea ɖia?” Megblɔ na wo kple kakaɖedzi be medi be woawɔ atike nyuitɔ kekeake si li nam ʋumanɔmee. Meʋã ɖɔktaawo be woakpe ɖe ŋunye o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ kaŋ be: “Èle kukuge!”

Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia kpɔ kɔdzi aɖe le Barcelona si lɔ̃ be yewoawɔ atike nam ʋumanɔmee. Vovototo ka gbegbee nye si le kɔdzi eveawo dome! Le Barcelona la, dɔnɔdzikpɔla eve le tsi nam eye wona nye dzi dze eme. Esi dɔnɔdzikpɔlaawo dometɔ ɖeka nɔ nye abiblavɔwo ɖɔlim la, ekpɔe be ʋu bla tsi wo me eye wòzu gbemu. Egblɔ be ekpe ŋu na ye ŋutɔ be yeƒe dukɔ me tɔwo wɔ nu ɖe ŋunye nenema.

Medidi o, wodze atike siwo wòle be woawɔ nam le Logroño kɔdzi la wɔwɔ nam. Emetsonuawo wɔ nuku ale gbegbe. Le ŋkeke aɖewo ko megbe la, nye ŋutinu veviwo dze dɔwɔwɔ gɔme alesi dze, eye nye ʋumenu si nye hemoglobin yi dzi va ɖo 7.3. Kaka madzo le kɔa dzi la, eyi dzi va ɖo 10.7. Esi wòhiã be woagawɔ dɔ bubuwo nam le kɔdzi le United States la, eva ɖo 11.9.

Meda akpe na ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔla siwo lɔ̃na faa be yewoawɔ ɖe yewoƒe dɔnɔwo ƒe didiwo dzi, eɖanye be woawo ŋutɔ wolɔ̃ ɖe edzi alo womelɔ̃ o hã. Ne kɔdzidɔwɔlawo de bubu dɔnɔ ƒe dzixɔsewo ŋu la, ke wole dɔ dam na ameti bliboae nye ma—eye le mɔ ma nu la, atikewɔmɔnu nyuitɔ kekeake si li ye nye ma zãm wole.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ta la, Yehowa Ðasefowo gbea ʋudodo.—Kpɔ Mose I, 9:4; Mose III, 7:26, 27; 17:10-14; Mose V, 12:23-25; 15:23; Dɔwɔwɔwo 15:20, 28, 29; 21:25.

b Be Kristotɔ axɔ EPO alo maxɔe o nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso.—Kpɔ October 1, 1994, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 31.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mía kple srɔ̃nyeŋutsu kple vinyeŋutsu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ eve

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe