Namibia Ƒe Kekpo Siwo ƒe Dzedzeme Trɔna
ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ
AÐAŊUWƆLAA ƒe atsyãwo trɔna ɣesiaɣi, ke hã, alesi wòle wo trɔmee la nya kpɔna. Nusi wòtsɔ le aɖaŋua wɔmee nye ke. Amekae nye aɖaŋuwɔla la? Eyae nye ya, si lɔa ke tsoa teƒewo ƒua kpowoe eye kekpoawo ƒe dzedzeme nɔa vovovo. Ðewohĩ esi woanya nyuie wu enye esi xa gobaa abe dzinu si dze dzi yeye ene. “Kekpoa” ƒe akpa si dze ŋgɔ yaa ɖi abu bɔbɔe. Kpoa ƒe akpa kemɛa ƒe abuɖiɖi dzɔ kã hele kpui. Kekpoa tame le tsutsɔ̃e ŋutɔ, eye ete ŋu kakana bɔbɔe ne ame aɖe ƒe afɔ tɔe.
Namib Dzogbe si le Afrika ƒe anyieheɣetoɖoƒe la nye teƒe nyui si woate ŋu akpɔ kekpo siawo siwo ƒe dzedzeme trɔna la le. Afimae kekpo siwo kɔ wu le xexeame la dometɔ aɖewo le, eye wokɔ wu meta 400. Gake le kekeme gome la, Namib le sue wu xexeame ƒe dzogbe gãwo. Eƒe kekeme anye kilometa 160 tso Atlantik-ƒua gbɔ eye edidi kilometa 1,900.
Aɖaŋuwɔla Bubuwo Hã Le Dɔ Dzi
Menye ya koe nye aɖaŋuwɔla le ‘aɖaŋuwɔƒe’ sia si sa ɖe aga o. Ŋkuléle ɖe kekpoawo ŋu nyuie ɖee fia be aɖaŋuwɔla bubuwo li siwo ƒe nutatawo le vovovo. Le kpɔɖeŋu me, àkpɔ nane abe kɔsɔkɔsɔ didi, nyui aɖe, si le kea dzi gɔdɔ̃gɔdɔ̃ ene. Ne èlala eteƒe didi vie la, ɖewohĩ àkpɔ aɖaŋuwɔlaa wòanɔ nua tam gɔ̃ hã. Adongo ƒomevi aɖe siwo zɔa kea dzi le zãme ƒe afɔteƒee ɖe ɖi abe “kɔsɔkɔsɔ” la ene. Ne eto “kɔsɔkɔsɔa” ŋu yi ʋɛ la, àkpɔ do suesuesue siwo ƒe lolome sɔ woanɔ dzedzem le kea me. Esiawo nye atɔe siwo ti kpo dzradzradzra to kea dzi yi woƒe dowo me ƒe afɔteƒewo. Enumake àkpɔe be nugbagbewo le aɖaŋuwɔƒe sia si sa ɖe aga, si dze abe dzogbe si ƒu kplakplakpla ene la dzi.
Ne èɖo ta dzogbea ƒe akpa si woyɔna be Ame Kuku Ƒuta la, àkpɔ dzogbeɖaŋuwɔla bubuwo ƒe aɖaŋudɔwo. Woblua kea gbodogbodo ale gbegbe be alesi wòva nɔna la menya kpɔna kura o. Kpɔ ɖa! Woawoe nye ma gbɔna hele kpo tim le kekpoa dzi. Nu ɖeka ya teti ɖe dzesi le wo ŋu, wosea vivi na woƒe aɖaŋudɔa. Lã gã siawo nɔa du dzi sesĩe nɔa abu ɖim le kekpoa dzi henɔa kea hlẽm yakayaka eteƒe mekɔna o. Dua sisi ɖeɖe mesua wo o, wo ɖiɖina nɔa woƒe megbefɔwo tem le anyigba eye woɖea ʋe ɖe kea me. Wole du dzi yina tsiʋe si tsɔ ɖe afima gbɔ, wodzona dzea eme doo, henɔa fefem abe ɖevi kpɔ dzidzɔwo ene. Aɖaŋudɔwɔla siawoe nye Afrika-tiglinyiwo, siwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe kpekpeme ade ton ade!
Aɖaŋuwɔla bubu aɖe si ƒe nutata to vovo eye ayemɔwo le esi, gake mewɔa nu gbodogbodo o, enye Dakpui vɔ̃ɖi aɖe. Nusi wòtana ɖe kea dzi ɖi ati gɔdɔ̃gɔdɔ̃e siwo le wo nɔewo yome. Ne da sia le eƒe axadame tem le mɔ tɔxɛ aɖe nu le kea dzi la, etoƒewo tsia edzi. Kasia ko flia dzi tsona, eye dakpuia ƒe dzesi aɖeke meganɔa anyi o. Afikae wòyi? Ne èlé ŋku ɖi nyuie la, àkpɔ ŋkuvi sue eve siwo le kpɔwòm tso kea me. Daa ƒe akpa mamlɛa bu ɖe kea me keŋkeŋ. Ne eɣla eɖokui alea la, enɔa nuɖuɖu—si nyea adoglo siwo va yina—lalam blewuu.
Nutata ɖeka aɖe le kea dzi si ɖewohĩ menya kpɔ tututu o. Àkpɔ afɔtietɔ̃ dzokeke si wowɔ ɖe teƒe sia toto ŋu la ƒe afɔti teƒewo. Amegbetɔ hã gblẽ etoƒe ɖi.
Aɖaŋuwɔla si ƒe Nutata Metoa Mɔ Ðeka O
Lã bubu geɖe, siwo katã ƒe ŋkɔ míate ŋu ayɔ o, hã gblẽa wo toƒewo ɖe ke siawo dzi. Lã siawo dometɔ aɖewo nye gbenyi, dzata, sɔveda, amegãxi, siwo woate ŋu akpɔ le Ame Kuku Ƒuta la ƒe akpa si womeɖe mɔ be woawu lã wɔadãwo le o.
Gake yae nye aɖaŋuwɔla vevi la. Eyae ɖona alesi wòdi be aɖaŋuwɔƒea ƒe dzedzeme bliboa nanɔ eye wogbugbɔna ɖoa nutatawo ɖe dzedzeme si dze eŋu nu. Ewɔa tɔtrɔ ɖaa. Ne àyi aɖaŋuwɔƒe sia agatrɔ ayi le ƒe ɖeka megbe la, àde dzesii be esi mènɔ anyi o la, wote kekpoa dometɔ aɖewo tso wo nɔƒe yi adzɔge meta 30 sɔŋ! Nusiae Namibia yaƒoƒowo te ŋu wɔna.
[Anyigbatata si le axa 17]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
AFRIKA
NAMIBIA
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Atɔe
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]
Des kple Jen Bartlett