Ne dzogbedadi sia fɔ fu wòxɔ abe ɣleti eve ene la edzia vi, zi geɖe la edzia etɔ̃
NE ZÃ do tsiɖitsiɖi le kuɖinyigba sia dzi la, dzogbedadi dona le eƒe do me heva tɔna ɖe gota. Etsaa ŋku godoo henɔa to dzi. Eye wòbɔbɔna henɔa tatam blewuu le dzogbe sia.
Kasia dzogbedadi sia ti kpo dze lã si menya be ku de xa ɖi na ye o la dzi—elé dzogbefi aɖe! Eye wòyia eƒe adekaka dzi le zã blibo la katã, ne eli sẽe la, etia kpo heléa lã bubuwo kpee. Ne elé lã wu esi nu wòate ŋu aɖu la, eɖia susɔea ɖe ke me. Ke egbɔna va ɖoa do le fɔŋli me eye ƒãa hafi wòdoa go le ŋkeke me. Kpɔ nu ɖedzesi aɖewo le lã sia si kpɔkpɔ mele bɔbɔe o ŋu la ɖa.