INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g04 1/8 axa 16-18
  • Aleke Mawɔ Azu Nuƒola Bibi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Azu Nuƒola Bibi?
  • Nyɔ!—2004
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Wokpe Wò be Nàƒo Nu
  • Vɔvɔ̃ si Anɔ Mewò la Dzi Ðuɖu
  • Aɖaŋuɖoɖo Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzedze
  • Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ tso Nyatakakanala Gãtɔ Gbɔ
  • Àte Ŋu Aƒo Nu le Amehawo Ŋkume!
    Nyɔ!—1992
  • Dziɖeɖeɖi
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ameawo Ŋkume Kpɔkpɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2004
g04 1/8 axa 16-18

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Azu Nuƒola Bibi?

“Mesusui be amewo nɔ dzesi dem nye vodada suesuewo kple alesi metsia dzodzodzoe. Nye susu mete ŋu nɔ nye nuƒoa ŋu o. Mese le ɖokuinye me be wonɔ koyem le adzame.”​—Sandy.a

A MEWO yɔ sukua ƒe takpexɔ me taŋtaŋ. Èse woyɔ ŋkɔwò le nuƒomɔ̃a dzi, eye kasia nàkpɔa, amesiame fɔ ŋku ɖe dziwò. Afɔ ʋɛ siwo nàɖe hafi aɖo kplɔ̃a ta ƒe didime nɔ na wò abe kilometa ɖeka ene. Wò asiƒome dze fifia tete gɔme, wò afɔwo lulu, eye le susu aɖe taa, wò nume ƒu kplakplakpla. Hafi nànya la, fifia ƒo ɖe mo na wò. Ŋukpenanya kae nye esi! Ènya be menye kufia tso gee woyina na ye o, gake edze abe nenema tututue nèle sesem le ɖokuiwò me ene.

Nyateƒenyae wònye be: Dzika tsoa mía dometɔ geɖe ƒo be míaƒo nu le dutoƒo. (Yeremya 1:5, 6) Ame aɖewo vɔ̃na na nuƒoƒo le dutoƒo wu vɔvɔ̃ na ku gɔ̃ hã! Gake eɖanye aleke ke nèbunɛ o, susu nyuiwo li si tae wòle be nàtsɔ ɖe le nuƒoƒo le dutoƒo me ɖo. Mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu eye nàkpɔ alesi nàte ŋu awɔ ava zu nuƒola bibi ɖa.

Ne Wokpe Wò be Nàƒo Nu

“Nuƒoƒo le dutoƒo nye aɖaŋu si amesiame hiã na.” Nya mae wogblɔ le dutoƒonuƒo ŋuti henana ƒe boblododo aɖe me. Ẽ, ate ŋu adzɔ gbeɖeka be nàƒo nu le dutoƒo. Nyateƒee wònye be, wofiaa nuƒoƒo le dutoƒo le suku geɖewo me. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Tatiana ɖo ŋku edzi be: “Eva hiãna zi geɖe be maƒo nu le nye sukuxɔmehatiwo ŋkume le suku.” Le numedzodzro tso agbalẽwo me kple video dzi wɔnawo ɖeɖe fia kpakple le glãkahehewo me la, ehiãna na sukuviwo be woanɔ klalo na nuƒoƒo le wɔna siawo me.

Ne èdze dɔwɔwɔ gɔme mlɔeba la, woate ŋu abia tso asiwò be nàfia nane wò dɔwɔhatiwo, atsɔ nya aɖe aɖo ame aɖe si tsaa asi kple míaƒe dɔwɔha ŋkume, alo abu gakɔnta na dɔnunɔlawo ƒe kɔmiti aɖe. Le nyateƒe me la, míewɔa nuƒoɖaŋu ŋudɔ le dɔwɔna geɖewo me, wo dometɔ aɖewoe nye nyadzɔdzɔwo ŋɔŋlɔ ƒe dɔ, dɔdzikpɔkpɔ, dɔwɔha ƒe akpa si ɖea nya me na amewo, kple le nuwo dzadzra me.

Gake ne ètiae be yeanye dɔ tsɛ aɖe wɔla alo ɔfis dɔwɔla ya ɖe? Enyo, alesi nàte ŋu aƒo nu nyuie le wò gbebiaɣi hafi woaxɔ wò ɖe dɔa mee aɖee afia ne woaxɔ wò loo alo womaxɔ wò o. Le wò dɔwɔwɔa me hã la, alesi nàɖe ɖokuiwò nu nyuie hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe. Esi Corrine wu suku nu la, ewɔ kplɔ̃ŋusubɔdɔ le nuɖuɖudzraƒe aɖe ƒe etɔ̃. Egblɔ be: “Ne ènya nuƒoƒo nyuie la, woabu wò ame tsitsie eye be nèsu te na agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ. Ate ŋu ana nàkpɔ dɔ si nyo wu awɔ, woadzi wò fetu ɖe edzi, alo ana be woagabu wò wu ya teti.”

Mlɔeba la, Kristotɔ sɔhɛwo ƒoa nu edziedzi le amewo ŋkume wònyea woƒe subɔsubɔa ƒe akpa aɖe. (Hebritɔwo 10:23) Taneisha gblɔ be: “Ele vevie be nanye amesi ate ŋu aɖe ɖokuiwò nu nyuie. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wònye su mía si be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒeŋutinyanyuia.” (Mateo 24:14; 28:19, 20) Le hamea me kple le dutoƒosubɔsubɔdɔa me la, Kristotɔ sɔhɛwo mate ŋu ‘agbe nuƒoƒo le nusi wokpɔ kple nusi wose la ŋuti o.’—Dɔwɔwɔwo 4:20; Hebritɔwo 13:15.

Eyata nuƒoɖaŋu nyuiwo sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ vovovowo nu. Togbɔ be ele nenema hã la, ɖewohĩ eŋububu be yeaƒo nu le dutoƒo gaɖia vɔvɔ̃ na wò kokoko. Ðe nàte ŋu awɔ nane be nàɖu wò vɔvɔ̃a dzia? Ẽ, nane li nàte ŋu awɔ.

Vɔvɔ̃ si Anɔ Mewò la Dzi Ðuɖu

Ðk. Morton C. Orman amesi nya nu nyuie tso nuteɖeamedzi ŋu eye wònye dutoƒonuƒola bibi aɖe gblɔ be: “Mefia be nanye susuɖaɖɛtɔ alo ame deblibo hafi nàte ŋu akpɔ dzidzedze le eme o. Nusi le vevie le dutoƒonuƒoƒo me enye esi: gblɔ nusi aɖe vi na wò nyaselawo.” Le mɔ bubu nu la, wò susu nènɔ gbedasia ŋu, ke menye wò ŋutɔ alo wò vɔvɔ̃ ŋu o. Ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo bui be menye apostolo Paulo ye nye nuƒola bibitɔ kekeake o, gake esi wògblɔa nya siwo ɖea vi ɣesiaɣi ta la, wobui kokoko be enye nuƒola bibi. (Korintotɔwo II, 11:6) Nenema ke ne ègblɔ nya si me tsɔɖui le eye nèka ɖe edzi vavã la, aɖe wò vɔvɔ̃ dzi akpɔtɔ enumake.

Ron Sathoff, amesi nye dutoƒonuƒola bibi kple hehenala ɖo aɖaŋu sia be: Mègabu wò nuƒo be enye wɔwɔfia o. Bui be enye dzeɖoɖo. Ẽ, dze agbagba nàwɔe abe dze ɖomee nèle kple wò nyaselawo ene—menye abe na ameha gã aɖe ene o, ke boŋ na ame ɖekaɖekawo ene le ɣeyiɣi ɖeka me, abe alesi nàwɔe le wò gbesiagbe dzeɖoɖo me ene. Ðe ‘ɖetsɔleme’ vavãtɔ fia wò nyaselawo eye nàƒo nu na wo abe alesi ko nèƒoa nui ene. (Filipitɔwo 2:3, 4) Zi alesi nèna wò nuƒoa le dzeɖoɖo ƒe nɔnɔme me la, zi nenemae nàɖe dzi ɖi wui.

Susu nyanyɛ bubu si tae amewo tsia dzimaɖie nye vɔvɔ̃ be yeƒe nyaselawo ado ŋukpe yewo alo aka ŋkume na yewo. Lenny Laskowski si nye dutoƒonuƒola bibi kple dutoƒo nuƒoƒo ƒe hehenala, ɖo ŋku edzi na mí be nyaselawo tsɔa nukpɔsusu nyui bua nya ɖesiaɖe si nàgblɔ. Laskowski gblɔ be: “Wodi be nàkpɔ dzidzedze—ke menye be nu naglo wò o.” Eyata nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò. Ne anya wɔ la, dze agbagba nàdo gbe na wò nyaselawo dometɔ aɖewo siwo le vavam. Dze agbagba nàbu wo abe xɔlɔ̃wo ene, ke menye abe wò futɔwo ene o.

Nenɔ susu me na wò hã be, vɔvɔ̃ megblẽ le eɖokui si keŋkeŋ o. Nya si eŋutinunyala aɖe gblɔ si to vovo na ame geɖewo ƒe nukpɔsusue nye be: “dzimaɖitsitsi nyo na wò kple wò nuƒoa.” Nukatae wòle nenema ɖo? Elabena vɔvɔ̃ vi aɖe ɖea ɖokuibɔbɔ fiana, si akpe ɖe ŋuwò be màgaka ɖe ɖokuiwò dzi fũ akpa o. (Lododowo 11:2) Kametela, hadzila, kple fefewɔlawo kpɔe dze sii be vɔvɔ̃ vi aɖe wɔnɛ be yewote ŋu wɔa yewoƒe wɔnawo nyuie wu, ate ŋu anɔ nenema hã le dutoƒonuƒola gome.

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzedze

Aɖaŋuɖoɖo siawo kple bubuwo tsɔtsɔ de dɔwɔna me kpe ɖe Kristotɔ sɔhɛ aɖewo ŋu wote ŋu kpɔa dzidzedze le nuƒoƒo me le suku, le dɔ me, kple le woƒe hamewo me. Kpɔe ɖa be woƒe aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewo ate ŋu aɖe vi na wò hã.

Jade: “Zã wò ŋutɔ wò nyagbewo nàtsɔ aƒo nuƒoae. Ka ɖe edzi na ɖokuiwò be viɖewo le nya siwo yeagblɔ ŋu. Ne èbu wò nuƒoa be ele vevie la, nenema kee wò nyaselawo hã abui.”

Rochelle: “Mekpɔe be eɖea vi nam ne melé nye nuƒoa ɖe videokasɛt dzi. Awɔe be nàkpɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo adze sii, gake ekpena ɖe ame ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dze agbagba nàtia tanya si doa dzidzɔ na wò. Adze le wò nuƒoa me.”

Margrett: “Mekpɔe dze sii be meƒoa nu faa wònyea dzeɖoɖo ne meŋlɔ nya veviawo ko ɖe nuƒogbalẽ dzi wu be maŋlɔ nya ɖesiaɖe si magblɔ ɖe agbalẽ dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne megbɔ sesĩe hafi dze nuƒoa gɔme la, ewɔnɛ be meɖea dzi ɖi wu.”

Corrine: “Na wò vodadawo naɖi kokoe na wò. Amesiame wɔa vodada. Ðeko wòle be nàdze agbagba awɔ tɔwò sinua.”

Le nyateƒe me la, abe alesi wòle le nuwɔnawo abe kamedefefe, aɖaŋudɔ, alo hadzidzi gome ene la, màte ŋu akpɔ dzidzedze ne nuteƒekpɔkpɔ mesu asiwò o eye ne mètea ewɔwɔ kpɔna edziedzi hã o. Tatiana kafui be dzra nuƒoa ɖo do ŋgɔ ale be nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ anɔ eme tomee. Eye mègana dzi naɖe le ƒowò o. “Egblɔ be zi alesi meƒoa nu edziedzi le amewo ŋkumee la, zi nenemae meɖea dzi ɖi wui.” Gake ŋusẽtsoƒe bubu aɖe li si mele be nàŋlɔ be o, vevietɔ ne wokpe wò be nàƒo nu tso subɔsubɔ vavãtɔ ŋu.

Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ tso Nyatakakanala Gãtɔ Gbɔ

Esi Dawid, amesi ava zu Israel-viwo ƒe fia, nɔ eƒe ɖekakpui me la, wonyae be “enya nuƒoƒo.” (Samuel I, 16:18) Nukatae wònɔ nenema? Edze ƒã be esime Dawid nye ɖekakpui la, ezãna gaƒoƒo geɖe le gbeadzi tsɔ nɔ alẽawo kplɔm eye wòto gbedodoɖa dzi tu ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Nyatakakanala Gãtɔ Yehowa Mawu ɖo. (Psalmo 65:3) Ƒomedodo sia dzrae ɖo wòƒoa nu eme kɔna, dzo nɔa eme eye kakaɖedzi hã nɔa eŋu, ne ele nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.—Samuel I, 17:34-37, 45-47.

Kakaɖedzi nenɔ asiwò be le wò subɔsubɔ me la, Mawu hã akpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu kple dzonɔameme, abe alesi wòkpe ɖe Dawid ŋu ene, to alesi wòana “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” wò me. (Yesaya 50:4; Mateo 10:18-20) Ẽ, ne èwɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ dzi wò nuƒoƒo ƒe ŋutetewo ɖe edzi la, àte ŋu ava zu dutoƒonuƒola bibi aɖe!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka si le axa 18]

Woxɔ Nuƒolawo ƒe Hehe

Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo katã le xexeame me la, wowɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nufiafia ƒe ɖoɖo aɖe si wotu ɖe Biblia dzi si woyɔna be Teokrasi Subɔsubɔ Suku. Sukuviawo wɔa numedzodzrowo, wɔwɔfiawo le hamea ŋkume, eye woxɔa aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe wo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi. Ðe ɖoɖowɔɖi sia ɖea via? Xlẽ nuteƒekpɔkpɔ si su Chris si xɔ ƒe 19 la si.

Egblɔ be: “Hafi maŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me la, nyemevona le ɖokuinye me le amewo dome o. Nyemebui kpɔ be mate ŋu anɔ amehawo ŋkume aƒo nu o. Gake hamea me tɔ aɖewo de dzi ƒo nam be, ne mekukɔ le ɣeyiɣi si woɖo na nye nuƒoa katã me hã la, yewoakpɔ ŋudzedze ɖe nye dɔa ŋu, esi yewonya agbagba si medze hafi tsi tre ɖe nuƒolanɔƒea ta. Le ema megbe la, wokafuam le nuƒo ɖesiaɖe si meƒo megbe. Kpekpeɖeŋu gãa aɖe ema nye nam.”

Ƒe atɔ̃ enye esia si Chris le suku sia dem, eye ele dzadzram ɖo ɖe eƒe nuƒo gbãtɔ si axɔ miniti 45 ƒoƒo ŋu. Ðe nèna suku sia le vi ɖem na wò bliboea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Nuƒola bibi nyenye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe