NUSƆSRƆ̃ 16
Dziɖeɖeɖi
EDZƆNA zi geɖe be nuƒola natsi dzi ne eva tsi tre ɖe amewo ŋkume be yeaƒo nu, vevietɔ ne meƒoa nuƒo edziedzi o. Vɔvɔ̃ vi aɖe ate ŋu anɔ gbeƒãɖela me le aƒe ʋɛ gbãtɔ siwo me wòage ɖo le ŋkekea me le gbeadzi. Esi wode dɔ asi na Yeremya be wòanye nyagblɔɖila la, egblɔ be: “Nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” (Yer. 1:5, 6) Yehowa kpe ɖe Yeremya ŋu, eye akpe ɖe wò hã ŋuwò. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àte ŋu ava ɖe dzi ɖi le nuƒoƒo me.
Nuƒola si ɖe dzi ɖi nye amesi vona le eɖokui me. Dziɖeɖeɖi sia adze le eya ametia ƒe dzedzeme me. Alesi wòatsi tre alo anɔ anyii asɔ ɖe nɔnɔmea nu. Eƒe asiwɔwɔ ɖe nya dzi sɔna eye gɔmesese nɔa eŋu. Eƒe gbe me kɔna eye wòɖina nyuie wòsɔna ɖe alesi wòle ŋutɔŋutɔ nu.
Togbɔ be ɖewohĩ awɔ na wò be alesi woɖɔ amesi me dziɖeɖeɖi le le afisia mesɔ ɖe wò nɔnɔme nu o hã la, àte ŋu awɔ ŋgɔyiyi. Aleke? Na miadzro susu siwo ta nuƒola aɖewo ƒe dzi nɔa tsotsom eye wotsia dzimaɖeɖi me. Esia ate ŋu atso ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔ gbɔ.
Ne dɔ aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ wò eye nèdi be yeawɔe nyuie gake mèka ɖe edzi tututu be yeate ŋui o la, àtsi dzimaɖeɖi. Esia awɔe be wò ahɔhɔ̃ ana wò ŋutilã nadzi lãmetsi si nye adrenaline gbogbo aɖe ɖe lãme na wò. Lãmetsi sia ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi ate ŋu ana wò dzi nanɔ dɔ wɔm kabakaba, ana nànɔ gbɔgbɔm kabakaba, fifia naƒo ɖe wò, alo ana gɔ̃ hã be wò asi kple klo kpakple wò gbe me nanɔ ƒoƒom. Wò ŋutilã le agbagba dzem be yeakpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nɔnɔme si dze ŋgɔ wò nu to wò ŋutilã ƒe dɔwɔŋusẽ dzidzi ɖe edzi me. Kuxiae nye alesi nàna ŋutilã ƒe dɔwɔŋusẽ sia si dzi ɖe edzi la natrɔ ɖe dɔ si nye nuŋububu nyuie kple nuƒoƒo dzonɔamemetɔe ŋu.
Alesi Nàwɔ Aɖe Dzimaɖitsitsi Dzi Akpɔtɔ. Ðo ŋku edzi be esɔ le dzɔdzɔme nu be woatsi dzimaɖeɖi vaseɖe afi aɖe. Gake be nàɖe dzi ɖi la, ele be nàte ŋu aɖe dzimaɖitsitsia dzi akpɔtɔ ahakpɔ nɔnɔme si dze ŋgɔ wò gbɔ le dzigbɔɖi kple bubu mɔ nu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?
Dzra ɖo nyuie. Zã ɣeyiɣi geɖe ɖe wò nuƒoa dzadzraɖo kple esɔsrɔ̃ ŋu. Kpɔ egbɔ be nèse wò nyatia gɔme nyuie. Ne wò nuƒoa bia be wò ŋutɔ nàtia nya vevi siwo me nàdzro la, ke bu nusi wò nyaselawo nya xoxo kple taɖodzinu si gbɔ nèdi be yeaɖo ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò nàtia nya siwo aɖe vi wu. Ne esia wɔwɔ sesẽ na wò gbã la, ke ƒo nu tso eŋu na nuƒola bibi aɖe. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu alesi nàtia nya veviwo ŋu kple alesi nàbu wò nyaselawo ŋui le mɔ si sɔ nu. Ne èka ɖe edzi be yeke ɖe nya siwo aɖe vi na wò nyaselawo ŋu eye wo me kɔ nyuie ɖe susu me na wò la, didi vevie be yeagblɔe na amewo ava xɔ ɖe dzimaɖitsitsi ɖe nuƒoa ƒoƒo ŋu teƒe.
Lé fɔ ɖe wò ŋgɔdonya la ŋu nyuie. Nya alesi nàdze egɔmee. Ne ènya dze nuƒoa gɔme sẽ ko la, dzitsitsia dzi aɖe akpɔtɔ.
Mɔfiame vevi siawo sɔ na dzadzraɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa hã ŋu. Menye nyati si me nèɖo be yeadzro ŋu koe wòle be nàbu o ke ele be nàbu amesiwo ƒomevi nàɖi ɖase na hã ŋu. Tia nya si nàtsɔ adze egɔmee la nyuie. Srɔ̃ alesi gbeƒãɖela bibi kpɔnuteƒewo wɔnɛ.
Ate ŋu awɔ na wò be nuƒogbalẽ si dzi nèŋlɔ nya sia nya ɖo la zazã ana nàɖe dzi ɖi wu le nuƒoƒo na amehawo me. Le nyateƒe me la, esia boŋ ye ana nàtsi dzimaɖeɖi ɣesiaɣi si nèle nuƒo ƒom. Enye nyateƒe be nuƒola aɖewo zãa nuƒogbalẽ si dzi woŋlɔ nya geɖe ɖo, eye bubuwo hã zãa esi dzi nya ʋɛ aɖewo ko le ya. Gake nusi ana nukpɔsusu si sɔ nanɔ asiwò eye wòaɖe wò dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ la, menye nyawo ƒe agbɔsɔsɔ si anɔ wò agbalẽa dzi o, ke boŋ kakaɖedzi si aɖo mewò be nusi nèdzra ɖo be yeagblɔ na wò nyaselawo la sɔ eye wòaɖe vi na wo vavã.
Kɔ gbe dzi nàto wò nuƒoa me zi geɖe. Emetoto alea ana kakaɖedzi naɖo mewò be àte ŋu agblɔ nya siwo le susu me na wò. Ne èkɔ gbe dzi le eme tom la, àdzi wò ŋkuɖoɖonudzi ŋutete ɖe edzi, si ana wò susu nayi nuwo dzi enumake le nuƒoa ƒoƒo me. Srɔ̃e wòanye nu ŋutɔŋutɔ abe alesi nègbɔna nuƒoa ƒo ge ene pɛpɛpɛ. Nɔ wò nyaselawo kpɔm le susu me. Nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu alo nɔ tsitre abe alesi nàwɔe le nuƒoa ƒoƒo me pɛpɛpɛ ene.
Do gbe ɖa na Yehowa nàbia kpekpeɖeŋu. Ðe wòaɖo gbedodoɖa siawo tɔgbe ŋua? “Dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yoh. I, 5:14) Ne wò didi enye be yeahe bubu vɛ na Mawu eye be yeakpe ɖe amewo ŋu ne eƒe Nya la naɖe vi na wo la, ke aɖo wò gbedodoɖawo ŋu godoo. Kakaɖedzi ma ate ŋu awɔ geɖe ahado ŋusẽ wò nàwɔ wò dɔdasia nyuie. Gawu la, ne ètu gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu—ɖo la, tamesusu ƒe nɔnɔme si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyawo gbɔ le dziɖeɖeɖi me la asu asiwò.—Gal. 5:22, 23.
Na nuteƒekpɔkpɔ nasu asiwò. Zi alesi nèle gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa mee la, zi nenemae wò dzimaɖitsitsi dzi aɖe akpɔtɔe. Zi geɖe alesi nèɖoa nya ŋui le kpekpeawo me la, zi geɖe nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be nàƒo nu le amewo ŋkumee. Ne èle nuƒo ƒom le hamea me geɖe wu la, anɔ eme be vɔvɔ̃ si anɔ mewò ɖe nuƒo ƒoƒo ŋu dzi anɔ ɖeɖem kpɔtɔ le nuƒo ƒoƒo ɖesiaɖe me. Àdi be mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu asiwò nàƒo nua? Ekema tsɔ ɖokuiwò na le sukua me nàxɔ ɖe amesiwo mete ŋu va wɔ woƒe dɔdasia o teƒe awɔ woƒe dɔwo.
Le mɔfiame siwo míena le etame dzi wɔwɔ vɔ megbe la, aɖe vi na wò ne ède dzesi nusiwo tututu dzena le ŋuwò si fiana be nètsia dzimaɖeɖi. Nusiwo naa nètsia dzimaɖi la kpɔkpɔ dze sii kple alesi nàwɔ akpɔ wo gbɔ sɔsrɔ̃e akpe ɖe ŋuwò nàƒo nu vɔvɔ̃manɔmee. Dzesiawo ate ŋu adze le wò nuwɔna me alo le wò gbe me.
Le Wò Nuwɔna Me. Dziɖeɖeɖi, alo dzimaɖemaɖeɖi, adze le alesi nàtsi tre alo anɔ anyii kpakple le alesi nànɔ asi wɔmee me. Bu wò asi ŋu gbã. Asi kpakpla ɖe megbe, abɔ dzɔdzɔ kã, alo nuƒola ƒe kplɔ̃a léle ɖe asi sesĩe; asiƒoƒo ɖe kotoku me kple eɖeɖe le eme enuenu, dziwuia ƒe awunugboewo kpekpe kple wo gbugbɔ gaʋu, asilili alɔgo ŋu, ŋɔti nu, kple asikaka gaŋkui ŋu; asikaka gaƒoɖokui si le wò alɔnu, wò nuŋlɔti, wò asigɛ, alo wò nuƒogbalẽa ŋu enuenu le manyamanya me; asiwɔwɔ ɖe nya dzi si mevana le eɖokui si o alo esi tɔna kplo ɖe mɔ dzi—esiawo katã nye dzesi siwo fia dzimaɖeɖi.
Kakaɖedzi manɔamesi hã ate ŋu adze le afɔtiti ɖe anyigba enuenu, ɖokuiwò nyènye tso akpa ɖeka yi akpa kemɛ, tsitretsitsi adzɔ kpatii maʋãmaʋãe, tadede to, nuto ɖuɖɔɖuɖɔ enuenu, tamimi kabakaba, kple gbɔgbɔ fuxefuxe me.
Ne èɖoe koŋ wɔ dɔ tso dzesi siawo ŋu la, àte ŋu aɖu wò dzimaɖeɖia dzi. Wɔ dɔ tso ɖeka ko ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me. De dzesi wo dometɔ si nye wò kuxi, nàdo ŋgɔ abu nusi wòle be nàwɔ atsɔ axe mɔ nɛ ŋu. Ne èdo vevie nu le asitɔtrɔ le wo ŋu me la, wò dzedzeme aɖee afia be nèɖe dzi ɖi.
Le Wò Gbe Me. Nusiwo ate ŋu aɖee afia le wò gbe me be nètsi dzimaɖeɖi ƒe ɖewoe nye gbe si dea dzi bobobo alo esi anɔ ƒoƒom. Ðewohĩ nèkekea gbe me edziedzi alo nèƒoa nu kabakaba akpa. Àte ŋu aɖu kuxi kple numame masɔmasɔ siawo dzi ne èdze agbagba ɖoe koŋ be yeana yeƒe gbe nanɔ nɔnɔme si sɔ me.
Ne ètsi dzimaɖi la, tɔ nàgbɔ fũ hafi ayi nuƒolanɔƒea. Dze agbagba nàvo le ɖokuiwò me. Le esi nànɔ wò dzitsitsia ŋu bum teƒe la, na wò susu nayi nusita nèdi be yeagblɔ nya si nèdzra ɖo la na wò nyaselawo boŋ dzi. Hafi nàdze nuƒoa ƒoƒo gɔme la, kpɔ wò nyaselawo ŋkume sẽ eye nàna wò ŋku nayi ame aɖe si ɖo nukomo dzi, eye wò hã nàko alɔgbɔnu. Dze nuƒoa gɔme blewu, eye eyome nàna wò nuƒoa naxɔ wò susu me bliboe.
Nusi Nàkpɔ Mɔ Na. Mègakpɔ mɔ be dzimaɖeɖi ɖesiaɖe nu nayi keŋkeŋ o. Nuƒola geɖe siwo ƒoa nuƒo le nuƒolanɔƒea ƒe geɖe enye sia gatsia dzimaɖeɖi hafi va tsia tre ɖe nyaselawo ŋkume. Gake wosrɔ̃ alesi woaɖu woƒe dzimaɖeɖia dzii. Nuƒola siawo dometɔ aɖe gblɔ be: “Megatsia dzimaɖeɖi kokoko, gake fifia ya menya alesi manɔ te ɖe enu.”
Ne èdze agbagba vevie ɖu gotagome nuwɔna siwo ɖea dzimaɖeɖi fiana dzi la, wò nyaselawo akpɔe be nènye nuƒola si ɖe dzi ɖi. Ðewohĩ dzimaɖeɖi sue aɖe akpɔtɔ anɔ mewò ya, gake woawo ya womanya kura o.
Ðo ŋku edzi be lãmetsi si nye adrenaline si naa wotsia dzimaɖeɖi la kee nye nusi gadoa ŋusẽ ame. Zãe nàtsɔ aƒo nu kple seselelãme.
Mehiã be nàlala ʋuu ava aɖo nuƒolanɔƒea hafi anɔ agbagba dzem be yeakpɔ nusiawo gbɔ o. Srɔ̃ alesi nàɖe dzi ɖi ahaƒo nu kple seselelãme si sɔ le wò gbesiagbegbenɔnɔ me. Esia awɔ akpa gã aɖe le nana be kakaɖedzi naɖo mewò ne ètsi tre ɖe nuƒolanɔƒea kpakple ne èle gbeadzi, afisiwo wòhiã vevie be míaɖe dzi ɖi le.