INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g04 10/8 axa 31
  • Ðeviwo ƒe Fefenu Nyuitɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðeviwo ƒe Fefenu Nyuitɔwo
  • Nyɔ!—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Abɔdzokposuku si Fefenuwo Mele O
    Nyɔ!—2005
  • Nusita Wòle Be Míawɔ Dɔ
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
    Nyɔ!—1993
  • Nukae Nye Nusi Le Vevie Ŋutɔŋutɔ?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Nyɔ!—2004
g04 10/8 axa 31

Ðeviwo ƒe Fefenu Nyuitɔwo

Fefenu ka tɔgbee maƒle na vinye? Nenie mazã ɖe eŋu? Ne dzilae nènye la, ke ànya bia nya siawo kpɔ zi geɖe. Enye dzidzɔ be nànya be fefenu nyuitɔwoe nye ho kpɔtsɔe tɔwo.

Motivated Minds—Raising Children to Love Learning gblɔ be: “Ne ɖeviwo ŋutɔ tsɔ woƒe asi wɔ nui hesrɔ̃ nu tso wo ŋu la, eɖea vi na wo wu esi woanɔ esiwo wowɔ da ɖi ko kpɔm, eyata fefenu tsɛ siwo bia susu ŋudɔwɔwɔ nyo wu kaa dzeani siwo me wodea batrii wozɔna alo fefenu siwo nye vidzĩ wɔwɔe siwo me wolé ame ƒe gbe ɖo, siwo ɖea nusiwo viwò atsɔ wo awɔe dzi kpɔtɔna.” Fefenu xɔasiawo ate ŋu “ado dzidzɔ na ɖeviwo gbã, gake medidina hafi wòtia wo o elabe womenaa woawo ŋutɔ wodoa nuwo kpɔna, kua nu me, alo wɔa nu le wo ɖokui si o.”

Le ɖeviawo ƒe tsitsime nu la, fefenu siwo ʋãa wo wozãa woƒe susu ƒe ɖewoe nye fefenu tsɛ siwo woate ŋu afɔ akpe wòazu xɔtukpewo, nugo ƒuƒluwo, pepa, nusiwo woatsɔ ata nui, kple kewɔ kpakple tsi gɔ̃ hã. Motivated Minds gbalẽa gblɔ be: “Fefenu tsɛwo, abe amegbɔlɛ̃wo ene, ana mɔnukpɔkpɔ [ɖeviwo] be woaɖo nuwo ɖe hatsotso me, atsɔ wo asɔ kple wo nɔewo, eye woato woawo ŋutɔ ƒe ŋutinya kpakpa tso wo ŋu me atu woƒe nuƒoƒo ŋutete ɖo.” Agbalẽa gakafu haƒonu tsɛwo hã—ne woƒe toliɖeɖe maɖe fu na wò o ko—elabe wonaa ɖeviwo srɔ̃a gbewo ƒe ɖiɖime kple ɖoɖo si nu woɖoa wo ɖo.

Nukpɔkpɔ le susu me atsɔ awɔ nui ƒe ŋutete nyui aɖe le ɖeviwo si, eye nusɔsrɔ̃ kple fefe hã dzroa wo. Eyata anyo be nàtia woƒe fefenuwo nyuie atsɔ akpe ɖe wo ŋu le go etɔ̃a siaa me.—g04 8/8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe