INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 42 axa 217-221
  • Nusita Wòle Be Míawɔ Dɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Wòle Be Míawɔ Dɔ
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • “Atikpala”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 42 axa 217-221

TA 42

Nusita Wòle Be Míawɔ Dɔ

DƆWƆWƆ alo fefe, wo dometɔ kae dzɔa dzi na wò wu?— Le nyateƒe me la, naneke megblẽ le eŋu be woafe o. Biblia gblɔ le Yerusalem ŋu be ‘ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo yɔa dua ƒe ablɔwo me taŋ eye wonɔa fefem.’—Zaxarya 8:5.

Edzɔa dzi na Nufiala Gã la be wòakpɔ ɖeviwo woanɔ fefem. Hafi wòava anyigba dzi la, egblɔ be: ‘Menye dɔnunɔla le Mawu gbɔ, eye mekpɔ dzidzɔ le egbɔ ɣeawokatãɣi.’ De dzesii be Yesu wɔ dɔ kple Yehowa le dziƒo. Eye esi wònɔ afima la, egblɔ be: ‘Nusiwo ŋu mekpɔ dzidzɔ ɖo koŋ enye amegbetɔviwo.’ Ẽ, abe alesi míesrɔ̃e va yi ene la, Nufiala Gã la tsɔ ɖe le eme na amewo katã ŋutɔŋutɔ, eye etsɔ ɖe le eme na ɖeviwo hã.—Lododowo 8:30, 31.

Amewo le lubablawo nu ƒom ƒu

Nukawo mee Nufiala Gã la kpɔ dzidzɔ le hafi va anyigba dzi?

Èsusu be Yesu afe le eƒe ɖevimea?— Anye nenema. Gake esi wònye be ‘dɔnunɔlae’ wònye le dziƒo ɖe, ɖe wògawɔ dɔ le anyigba dzi hã?— Ẽ, woyɔ Yesu be ‘atikpala ƒe vi.’ Gake wogayɔe hã be “atikpala.” Nukae esia fia?— Efia be anɔ eme godoo be Yosef si xɔ Yesu nyi abe via ene la afia dɔe. Eyata Yesu hã va zu atikpala.—Mateo 13:55; Marko 6:3.

Atikpala ka tɔgbee Yesu nye?— Esi dɔnunɔlae wònye le dziƒo ta la, mèkpɔe be atikpala nyui ŋutɔ aɖee wòanye le anyigba dzi oa?— Bu alesi atikpadɔ nye dɔ sesẽe le ɣeyiɣi mawo me ŋu kpɔ. Anɔ eme be ele be Yesu nayi ava tso ati, adze atia, atsɔe ayi aƒemee, eye emegbe wòakpae wòazu kplɔ̃, ablegɔ, kple bubuawo.

Èsusu be dɔ sia wɔwɔ do dzidzɔ na Yesua?— Anye dzidzɔ na wò ne ɖe nàte ŋu akpa kplɔ̃ kple zikpui nyuiwo kpakple nu bubuwo na amewoa?— Biblia gblɔ be enyo na amegbetɔ be “wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ ŋu.” Dɔwɔwɔ hea dzidzɔ aɖe si màte ŋu akpɔ le fefe me o la vɛ na ame.—Nyagblɔla 3:22.

Le nyateƒe me la, dɔwɔwɔ nyo na míaƒe susu kple míaƒe ŋutilã siaa. Egbea ɖeko ɖevi geɖe nɔa anyi nɔa television kpɔm alo nɔa video dzi fefewo wɔm. Dɔmawɔmawɔ na wova kpɔa lãme lolona wu alesi dze evɔ ŋusẽ menɔa wo ŋu o, eye esia mehea dzidzɔ ŋutɔŋutɔ vɛ na wo o. Eye womewɔa nusi ahe dzidzɔ vɛ na ame bubuwo hã o. Nukae wòhiã be míawɔ bene míakpɔ dzidzɔ?—

Míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 17 lia me be nunana kple nuwo wɔwɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu hea dzidzɔ vɛ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Biblia yɔ Yehowa be ‘dzidzɔ Mawu la.’ (Timoteo I, 1:11) Eye abe alesi míexlẽe le Lododowo ƒe agbalẽa me ene la, Yesu ‘kpɔ dzidzɔ le egbɔ ɣeawokatãɣi.’ Nukatae Yesu kpɔ dzidzɔ ɖo?— Egblɔ nusiwo tae dometɔ ɖeka, be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”—Yohanes 5:17.

Menye atikpadɔe Yesu wɔ le eƒe agbenɔɣi katã le anyigba dzi o. Dɔ tɔxɛ aɖe nɔ Yehowa Mawu si nɛ be wòava wɔ. Ènya dɔ si wònyea?— Yesu gblɔ be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia . . . elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Ɣeaɖewoɣi ne Yesu ɖe gbeƒã na amewo la, woxɔa edzi sena eye woawo hã wogblɔa nusi wose la na ame bubuwo, abe alesi Samaria nyɔnu si kpɔm nèle le afisia wɔe ene.—Yohanes 4:7-15, 27-30.

Yesu le nu ƒom kple Samaria-nyɔnua le vudo to; Yesu le ati kpam

Dɔ ƒomevi eve kawoe Yesu wɔ esi wònɔ anyigba dzi?

Aleke dɔ sia wɔwɔ na Yesu se le eɖokui me? Èsusu be enye eƒe didi be yeawɔea?— Yesu gblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Aleke gbegbe nuɖuɖu si vivia nuwò la ɖuɖu dzɔa dzi na wòe?— Esia ana nàkpɔ alesi gbegbe Yesu lɔ̃ dɔ si Mawu de asi nɛ be wòava wɔ la le susu me.

Mawu wɔ mí be dɔwɔwɔ sɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na mí. Egblɔ be Yeƒe nunana si yena amegbetɔ enye be ‘wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ me.’ Eyata ne èsrɔ̃ dɔwɔwɔ tso ɖevime la, àse vivi nɛ le wò agbenɔnɔ katã me.—Nyagblɔla 5:18.

Ema mefia be ɖevi sue ate ŋu awɔ dɔ si ame tsitsi wɔna o, ke hã mí katã míate ŋu awɔ dɔ aɖe kokoko. Ðewohĩ dziwòlawo dea dɔme gbesiagbe be woakpɔ ga be miaƒe ƒomea nate ŋu akpɔ nu aɖu kple aƒe si me mianɔ. Eye abe alesi nènyae ene la, dɔ geɖe li wòle be woawɔ le aƒea me be wòanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu.

Dɔ kae li nàte ŋu awɔ si aɖe vi na ƒome bliboa?— Àte ŋu ana kpekpeɖeŋu be nàɖo nuɖukplɔ̃, nàklɔ nuɖugbawo, nàtsɔ gbeɖuɖɔwo ava ƒu gbe, nàdzra wò xɔme ɖo, kple be nàfɔ fefenuwo ada ɖe wo nɔƒe. Ðewohĩ èwɔa nusiawo dometɔ aɖewo xoxo. Dɔ siawo wɔwɔ nyea yayra ŋutɔŋutɔ na ƒomea.

Vidada aɖe kli fefenuwo

Nukata wòle vevie be nàfɔ fefenuwo ada ɖe wo nɔƒe le fefe vɔ megbe?

Na míakpɔ alesi dɔ siawo tɔgbe wɔwɔ nyea yayrae ɖa. Ele be nàfɔ fefenuwo ada ɖe wo nɔƒe le fefe vɔ megbe. Nukata nàgblɔ be esia wɔwɔ le vevie?— Enaa aƒea me nɔa dzadzɛ eye nuwo nɔa ɖoɖo nu, eye ate ŋu axe mɔ na afɔkuwo hã. Ne mèfɔ fefenuwo le anyigba o la, ate ŋu adzɔ be dada natso teƒe aɖe alé nu kpekpewo ɖe asi ava ɖo afɔ ɖeka dzi. Ate ŋu aklii alo aɖiɖi adze anyi nuvevi nawɔe. Ate ŋu ana wòava do ɖe kɔdzi gɔ̃ hã. Ðe esia mate ɖe dziwò ŋutɔ oa?— Eyata ne èfɔ fefenuwo da ɖe wo nɔƒe le fefe vɔ megbe la, enyea yayra na amesiame.

Dɔ bubu aɖe li si wòle be ɖeviwo nawɔ. Le kpɔɖeŋu me, sukudɔdasi. Àsrɔ̃ alesi nàxlẽ nui le suku. Nuxexlẽ doa dzidzɔ na ɖevi aɖewo, gake ɖewo ya gblɔna be esesẽna na yewo. Ne ewɔ abe ɖe nuxexlẽ sesẽna na wò le gɔmedzedzea me ene hã la, ava nye dzidzɔ na wò ne èyi edzi srɔ̃ nuxexlẽ nyuie. Ne ènya nuxexlẽ nyuie la, ana nàte ŋu ava srɔ̃ nu dodzidzɔname geɖe. Àte ŋu axlẽ Mawu ŋutɔ ƒe agbalẽ, Biblia la, le ɖokuiwò si gɔ̃ hã. Eyata ɖe menye yayra ŋutɔ be nàwɔ wò sukudɔdasiwo nyuie oa?—

Ame aɖewo li siwo wɔa kuvia gbea dɔwɔwɔ. Ðewohĩ èdze si ame aɖe si le nenema. Gake esi wònye be ɖe Mawu wɔ mí be míawɔ dɔ ta la, ehiã be míasrɔ̃ alesi míase vivi nɛ. Aleke gbegbe Nufiala Gã la se vivi na eƒe dɔe?— Enɔ nɛ abe eƒe nuɖuɖu vivitɔ ɖuɖu ene. Eye dɔ ka ŋu nya gblɔm wònɔ?— Eyae nye nuƒoƒo na amewo tso Yehowa Mawu ŋu kple alesi woawɔ akpɔ agbe mavɔ la fiafia wo.

Eyata nusi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase vivi na dɔwɔwɔ enye si. Bia ɖokuiwò be, ‘Nukata wòhiã be mawɔ dɔ sia?’ Ne ènya susu si ta nane wɔwɔ le vevie la, ewɔwɔ va nɔa bɔbɔe. Eye eɖanye dɔ gã alo dɔ vie wònye o, wɔe memie. Ne èwɔe alea la, àkpɔ dzidzɔ le wò asinudɔwo me, abe alesi wònɔ le míaƒe Nufiala Gã la hã gome ene.

Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míava zu dɔwɔla nyuiwo. Xlẽ nusi wogblɔ le Lododowo 10:4; 22:29; Nyagblɔla 3:12, 13; kple Kolosetɔwo 3:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe