Mawu Fa Akɔ Nam Le Nye Dodokpɔwo Katã Me
Abe ale si Victoria Colloy gblɔe ene
Ðɔkta aɖe gblɔ na Dada be: “Míagate ŋu awɔ naneke na viwònyɔnuvia o. Ahiã be wòazã bunɔwo ƒe atizɔti, eye wòado ga ɖe eƒe afɔwo le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Metɔtɔ ale gbegbe! Nu kae mawɔ le agbe me nenye be nyemagate ŋu azɔ azɔli o?
WODZIM le du si ŋkɔe nye Tapachula, si le Mexico ƒe nuto si woyɔna be Chiapas, la me le November 17, 1949. Esi menye vidzĩ la, menɔ lãmesẽ nyui me hekpɔa dzidzɔ, eye menye danye ƒe vi eneawo ƒe gbãtɔ. Gake esi mexɔ ɣleti ade ko la, nyemegate ŋu tana o, eye nyemete ŋu ʋãna abe tsã ene hã o. Ɣleti eve megbe la, metsi teƒe ɖeka. Nutoa me ɖɔktawo tɔtɔ, elabena wokpɔ dɔléle ma ke le vidzĩ bubu siwo hã le Tapachula la ŋu. Eya ta ɖɔkta aɖe si wɔa dɔ le ƒu ŋu la tso Mexico City va do mí kpɔ. Wokpɔe be dɔ si lém míele lae nye ɖeviwo ƒe atatutudɔ, alo polio.
Esi mexɔ ƒe etɔ̃ la, wowɔ dɔ le nye aligo, klowo, kple afɔkɔewo ŋu. Emegbe egblẽ nu le nye nuɖusi bɔta ŋu vevie. Esi mexɔ ƒe ade la, wokplɔm yi Mexico City bena woanɔ gbɔnye kpɔm le ɖeviwo ƒe kɔdzi si le afi ma. Dada nɔ agble dzi le mía de Chiapas, eya ta meva tsi mamanye gbɔ le Mexico City. Gake kɔdzi koe menɔna zi geɖe.
Esi mexɔ abe ƒe enyi ene la, nuwo ka ɖe eme nam vie. Gake nye lãme gava gblẽ ɖe edzi, eye mlɔeba nyemegate ŋu zɔna o. Eya ta ɖɔktawo gblɔ be ahiã be mazã bunɔwo ƒe atizɔti, eye mado ga ɖe nye afɔwo le nye agbemeŋkekewo katã me.
Kaka maxɔ ƒe 15 la, wowɔ dɔ nam zi 25 sɔŋ. Wowɔ dɔ siawo le nye dzimeƒu, afɔwo, klowo, afɔkɔewo, kple afɔbidɛwo ŋu. Ɣesiaɣi si wowɔ dɔm nam la, eva hiãna be manɔ kame dem hena ɣeyiɣi aɖe bene nye lãme nagasẽ nyuie. Gbe ɖeka esi wogawɔ dɔ nam la, wode akalo afɔ nam. Esi woɖe akaloa le afɔ nam la, wofiam kamedede aɖewo, siwo wɔwɔ nana mesea veve ŋutɔ.
Nu Si Na Mekpɔ Akɔfafa Vavãtɔ
Esi mexɔ ƒe 11 la, Dada va srãm kpɔ esime wowɔ dɔ nam vɔ teti. Esrɔ̃e be Yesu da dɔ na dɔnɔwo, eye wòna lãmetututɔwo zɔ azɔli. Etsɔ Gbetakpɔxɔ, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe agbale, si me wòsrɔ̃ nu sia le la nam. Ɣesiaɣi si mexlẽe vɔ la, meɣlanɛ ɖe nye suɖui te, gake gbe ɖeka la, agbalẽa bu. Dɔnɔdzikpɔlawoe va tsɔe dzoe. Wohe nya ɖe ŋunye vevie le esi mexlẽe ta.
Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Dada tso Chiapas gava srãm kpɔ. Enɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Etsɔ agbalẽ si ƒe tanyae nye Tso Paradiso Si Bu Me Yi Paradiso Si Wogakpɔ Mea vae nam. Dada gblɔ nam be, “Ne èdi be yeava nɔ xexe yeye si ƒe ŋugbe wodo la me, afi si Yesu ana wò lãme nasẽ le la, ke ele be nàsrɔ̃ Biblia.” Eya ta mena Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim esime mexɔ abe ƒe 14 ene, togbɔ be Mamanye tsi tsitre ɖe ŋunye hã. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, eva hiã be madzo le kɔa dzi, le esi wònye ɖevi suewo ƒe kɔdzi ta.
Ale Si Menɔ Te Ðe Nɔnɔme Sesẽwo Nui
Nu va te ɖe dzinye vevie. Esi mamanye tsi tsitre ɖe ŋunye vevie ta la, eva hiã be matrɔ ayi Chiapas aɖanɔ dzinyelawo gbɔ. Gake kuxiwo nɔ aƒea me, elabena Papa nye ahanomunɔtɔ. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, agbea tim. Meɖoe be mano aɖi aku. Gake esi meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, nye susu va trɔ. Paradiso ƒe ŋugbe si Biblia do la na dzi dzɔm ale gbegbe.
Mete nuƒoƒo na ame bubuwo tso ŋugbe nyui siwo Biblia do la ŋu. (Yesaya 2:4; 9:6, 7; 11:6-9; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mlɔeba wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo le May 8, 1968 dzi, esime mexɔ ƒe 18. Tso ƒe 1974 me la, mezãa gaƒoƒo 70 kple edzivɔ ɣleti sia ɣleti tsɔ ƒoa nu tso mɔkpɔkpɔ si lém ɖe te la ŋu na amewo.
Medo Vevie Nu, Eye Menɔ Agbe Si Me Dzidzeme Le
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mía kple Dada míeʋu yi ɖatsi Tijuana, si nye du si te ɖe de, si le Mexico kple Amerika dome, la ŋu. Mía kple Dada míeva nɔ teƒe aɖe si sɔ na mí. Ne mele aƒe me la, mezãa bunɔwo ƒe atizɔtiawo, eye menɔa bunɔwo ƒe keke aɖe me ne mele nu ɖam, le nu nyam alo le nu dzi ɖom. Mezãa bunɔwo ƒe keke tɔxɛ aɖe, si ŋu wotrɔ asi le wòsɔ ɖe nye nɔnɔmewo nu, ne mele nu ƒom tso Biblia me gbedeasia ŋu na amewo.
Meƒoa nu tso Biblia me nyawo ŋu na amewo le aƒewo me kple ablɔwo dzi, eye gakpe ɖe eŋu la, meyia kɔdzi aɖe si tsɔ ɖe mía gbɔ la ɖaɖoa Biblia me dzewo kple ame siwo le lalam be woakpɔ yewo gbɔ. Ne meɖo dze kpli wo vɔ la, menɔa nye kekea me ɖaɖia asi, eye ne metrɔ yi aƒe me la, mekpena ɖe Dada ŋu míeɖaa nu hewɔa aƒemedɔ bubuwo.
Medzraa awu siwo wodo kpɔ la tsɔ kpɔa míaƒe gazazãwo gbɔe. Fifia Dada xɔ ƒe 78, eye ŋusẽ megale eŋu tututu o, elabena dzidɔ sesẽ aɖe dze dzi zi etɔ̃ sɔŋ va yi. Eya ta nyee kpɔa eƒe atikenyawo kple nuɖunyawo gbɔ nɛ. Togbɔ be míenye dɔnɔwo hã la, míedzea agbagba dea hame ƒe kpekpewo. Le ƒe siwo katã me mele gbeƒã ɖem na amewo me la, ame siwo mesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ siwo wu 30 hã va le nu ƒom tso Biblia me nyawo ŋu na amewo.
Meka ɖe edzi be ŋugbe si wodo le Biblia me be, “Xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene” le Mawu ƒe xexe yeyea me la, ava eme godoo. Ke hafi ɣemaɣi naɖo la, nya siawo siwo Mawu gblɔ la faa akɔ nam: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 35:6; 41:10.b—g10-E 12.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1958 me, gake womegale etam fifia o.
b Victoria Colloy ku le November 30, 2009 dzi, esi wòxɔ ƒe 60. Dadaa ku le July 5, 2009 dzi.
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Esime mexɔ ƒe adre eye wodo ga ɖe afɔ nam
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Mezãa bunɔwo ƒe keke si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe ne mele Biblia me nyawo gblɔm na amewo