INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 1/1 axa 23
  • “Mawunya la Keke Ta”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mawunya la Keke Ta”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Dɔ Nyui Siwo Nyea Kafukafu Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 1/1 axa 23

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Mawunya la Keke Ta”

KRISTO-HAMEA me tɔwo dzi ɖe edzi tso 120 va zu 3,000 kple vɔ le eɖoɖo aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko megbe. (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:41) Biblia gblɔ be “mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem.” (Dɔwɔwɔwo 6:7) Le ƒe ʋee aɖewo ko megbe la, hame yeye si woɖo la va zu anyigbagãwo dome habɔbɔ si me Kristotɔwo le le Afrika, Asia, kple Europa.

Kristo-hame si li egbea hã le tsitsim kabakaba nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, le Mexico la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu 130,000 le ƒe atɔ̃ ko me va zu 443,640! Le ƒe 1995 me la, ame ɖeka le 59 ɖesiaɖe me de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si Yehowa Ðasefowo ɖu la le Mexico. Gake gbɔgbɔ me nuŋeŋea mewu enu le dukɔ ma me o abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fia ene.—Mateo 9:37, 38.

Le du aɖe me le Chiapas-nutoa me la, ame aɖeke melɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye o togbɔ be woɖe gbeƒã nyanyuia abe ƒe 20 sɔŋ ene le nuto ma me gake. Edze ƒã be ŋutsu aɖe si wɔa nu vlo lae do vɔvɔ̃ na dua me tɔ geɖe. Wovɔ̃ nusi wòawɔ wo ne ese be wole Biblia srɔ̃m kple Ðasefowo.

Ðasefo dzideƒotɔ eve siwo ʋu va nutoa me la ɖoe be yewoatɔ ŋkume kuxia to ŋutsua ŋutɔ gbɔ yiyi me tẽ. Esi woɖo eƒeme la, srɔ̃ae va ʋɔtrua nu eye wòɖo to vevie se woƒe gbedasia. Nya si Biblia gblɔ le agbenɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ŋu koŋ ye dzɔ dzi nɛ. Gake egblɔ be ne yebe yeasrɔ̃ Biblia la, ye srɔ̃ aɖe fu na ye ŋutɔ. Ðasefoawo ɖe eme nɛ be ne medzro nya si Biblia gblɔ me tsitotsito o la, manya alesi wòasubɔ Mawu ahase vivi le anyigba dzi tegbee gbeɖe o. Elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Abe alesi wokpɔ mɔe ene la, eƒe nyametsotsoa mevivi srɔ̃ŋutsua nu o. Togbɔ be eɖe mɔ nɛ be wòazã eƒe ʋu ɖe nu bubuwo ŋu hã la, egbe be megatsɔe yi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe o. Togbɔ be etsi tre ɖe eŋu hã la, ezɔa afɔ ɣesiaɣi yia Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ egbɔ wu, si gbɔ didi kilometa 10 me. Eteƒe medidi o dua me tɔ bubuwo kpɔ eƒe dzideƒo kple tameɖoɖo kplikpaa. Amewo ɖoa to sea nya azɔ ne Ðasefoawo yi wo gbɔ. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã kplɔa nyɔnua ɖo yia kpekpewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Ðasefoawo va nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ade 20 wɔm le du ma me!

Nyɔnu sia xɔlɔ̃ aɖe hã tso nya me be yeasrɔ̃ Biblia togbɔ be srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu gake. Nukutɔe la, nyɔnu gbãtɔ srɔ̃a ye de dzi ƒo nɛ be wòasrɔ̃ nua. Esi ŋutsua lé nyaa kpɔ kple nyɔnua srɔ̃ la, tsitretsiɖeŋua tɔ. Aleae wòdzɔe be le ƒe 20 megbe la, Biblia me nyateƒea ƒe ku va mie mlɔeba, ame 15 kple vɔ le Biblia srɔ̃m hele Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem, nyɔnu eve siawo siwo le gbeƒã ɖem nyanyuia fifia hã le eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe