INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 16-19
  • Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ðe Wòzu Numame Nama?’
  • Ale Si Nàda Asɔe
  • Ðe Internet Dzi Hahoo Kadodowo Zazã Le Nu Gblẽm Le Ŋunyea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Aleke Maɖɔ Ŋu Ðo Le Text Message Gome?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyelawo Meɖe Mɔ Nam Be Mazã Internet Dzi Hahokadoƒewo O?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 1: Ðe Wòle Be Vinye Nazã Internet Dzi Hahoo Kadodowoa?
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 16-19

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?

Nu kae ɖe dzesi le ame etɔ̃ siawo ŋu?

“Melɔ̃a nyatakaka ɖoɖo ɖe amewo to asitelefon dzi ale gbegbe! Magblɔ be enye nu si vivia nunye wu nu bubuwo katã. Míagblɔ ko be eyae metsɔ ɖo dɔe.”—Alan.a

“Esi danye ƒle television nam be manɔ kpɔkpɔm le nye xɔ me la, dzi dzɔm ale gbegbe! Le esi teƒe be mamlɔ anyi ne zã do la, menɔa ŋu henɔa television kpɔm gaƒoƒo geɖe. Medina be makpɔ television tsɔ wu be made ha kple nye ƒomea me tɔwo kple xɔlɔ̃wo.”—Teresa.

“Ɣeaɖeɣi va yi la, ne medo go yi afi aɖe alo mele nane wɔm la, nu si ŋu mebuna koe nye be ɖewohĩ ame aɖe da nyatakaka aɖe ɖe Internet dzi nam. Ne mefɔ le zãtiƒe la, meyina ɖakpɔa Internet la dzi ɖa. Mewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su asinye la ŋu dɔ tsɔ daa nyatakaka ɖe nye blog dzi.”—Anna.

Sɔhɛ siawo dometɔ ka ŋue nàgblɔ le be elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã zu numame na?

□ Alan □ Teresa □ Anna

ESIME dziwòlawo nye ƒewuiviwo la, television kple radio koŋue nye elektrɔnik mɔɖaŋunu siwo amewo tsɔ ɖea modzakae. Ɣemaɣi la, dze koe wotea ŋu ɖona le fon dzi, eye anɔ eme be wokunɛ ɖe gli ŋu. Ðe esia dze tsigãdzinu na wòa? Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Anna susui nenema. Egblɔ be: “Dzinyelawo tsi le ɣeyiɣi siwo egbegbe mɔɖaŋunutovɛwo menɔ anyi o me. Womekpɔ ɖu tu na ale si woazã woƒe asitelefonwoe gɔ̃ hã o!”

Egbea, àte ŋu aƒo ka, ase haƒoƒo, akpɔ video, afe fefewo, aɖo e-mail ɖe xɔlɔ̃wo, aɖe foto ahazã Internet to mɔɖaŋunu ɖeka, si nàte ŋu atsɔ ade kotoku me la dzi. Esi wònye be ètsi le ɣeyiɣi siwo kɔmpiuta, asitelefon, television kple Internet bɔ me ta la, ɖewohĩ awɔ na wò be ɣeyiɣi geɖe zazã ɖe wo ŋu mewɔ naneke o. Gake ɖewohĩ dziwòlawo susui be nu siawo zazã zu numame na wò. Ne wohe wò susu yi esia dzi la, mègabui be ɖe womele ɖeke me nyam o tae o. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi . . . wònye nɛ.”—Lododowo 18:13.

Èbu nu si tae dziwòlawo tsi dzi ɖe nya sia ŋu la ŋu kpɔa? Tsɔ nya siwo gbɔna la dzro ɖokuiwò me kpɔ ɖa be àkpɔ nanewo, siwo ɖee fia be elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zu numame na wò hã.

‘Ðe Wòzu Numame Nama?’

Numekugbalẽ aɖe ɖe numame gɔme be enye “ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna aɖe me edziedzi atraɖii, si me amea mete ŋu le asi ɖem le eŋu o alo wòle sesẽm nɛ be wòadzudzɔ, togbɔ be ele nu gblẽm le eŋu hã.” Le esia ta, elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã nye numame na sɔhɛ etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze alo be ezu numame na wo kpɔ. Ke wò ya ɖe? De dzesi ale si míegahe susu yi nu si numame nye la dzii le tanya sue siwo gbɔna me. Xlẽ ameawo ƒe numenyawo, eye nàkpɔe ɖa be ègblɔ alo wɔ nu siwo ɖi wo tɔ kpɔ hã. Eyome nàɖo nyabiaseawo ŋu.

Gomekpɔkpɔ le eme atraɖii. “Mezãa gaƒoƒo geɖe ɖe elektrɔnikfefewo ŋu, si wɔe be nyemegadɔa alɔ̃ wòsuam o. Woawo ŋu koe meƒoa nu tsoe. Meɖe ɖokuinye ɖe aga tso nye ƒomea me tɔwo gbɔ, eye nye susu katã nɔa elektrɔnikfefeawo ŋu.”—Andrew.

Ɣeyiɣi didi kae nèsusu be ele be ame nazã ɖe elektrɔnik mɔɖaŋunuwo ŋu gbe sia gbe? ․․․․․

Ɣeyiɣi didi kae dziwòlawo susu be ele be nàzã ɖe wo ŋu? ․․․․․

Le wo katã me la, ɣeyiɣi didi kae nèzãna ɖe nyatakakawo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi, television kpɔkpɔ, fotowo kple wò nyawo dada ɖe Internet dzi, elektrɔnikfefewo kple nu bubuwo ŋu gbe sia gbe? ․․․․․

Ðe nèkpɔe le ale si nèɖo nyabiase siawo ŋui me be ɣeyiɣi si nèzãna ɖe elektrɔnik mɔɖaŋunuwo ŋu la sɔ gbɔ akpa?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ne esesẽ na wò be nàdzudzɔ alo mèdi be yeadzudzɔ o. “Dzinyelawo kpɔam menɔa nyatakakawo ɖom ɖa to asitelefon dzi zi geɖe, eye wogblɔna be egava gbɔ eme akpa. Gake ne wotsɔm sɔ kple ɖevi bubu siwo le abe nye ene la, tɔnyea mede afi aɖeke o. Ele eme be mekpɔa gome le eme wu dzinyelawo ya. Gake nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea le ko abe atɔ tsɔtsɔ sɔ kple aŋuti ene, elabena woxɔ ƒe 40, ke nye ya mexɔ ƒe 15.”—Alan.

Ðe dziwòlawo alo xɔwòwo gblɔ na wo be èzãa ɣeyiɣi geɖe fũu akpa ɖe elektrɔnik mɔɖaŋunu aɖe ŋua?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ðe wòle sesẽm na wò be nàɖu ɖokuiwò dzi le ezazã me alo be mèdi be yeadzudzɔ oa?

□ Ɛ̃ □ Ao

Egblẽa nu le ame ŋu. “Xɔ̃nyewo nɔa nyawo ŋlɔm ɖo ɖe wo tɔwo to asitelefon dzi ɣesiaɣi, ne wole ʋu kum gɔ̃ hã. Esia dzi ŋɔ ŋutɔ!”—Julie.

“Esi asitelefon su asinye teti la, amewo yɔyɔ kple nyatakaka ɖoɖo ɖe wo dzi ko menɔna ɖaa. Esia ŋu ko mevona ɖo. Esia na be mía kple nye ƒometɔwo, kpakple xɔ̃nye aɖewo gɔ̃ hã, dome megava nɔ nyuie o. Fifia mede dzesii be ne mía kple xɔ̃nyewo míele dze ɖom la, edzɔna zi geɖe be wotsoa dzeɖoɖoa dzi hegblɔna be: ‘Oo, tɔ gbɔ. Ele be maɖo nyatakaka sia ŋu.’ Esia hã le eme tae mía kple xɔ̃nye mawo dome mele kplikplikpli tututu o ɖo.”—Shirley.

Ðe nèxlẽa nyatakaka siwo woɖo ɖe wò, alo ɖoa wo ŋu ne èle ʋu kum alo nèle sukuxɔ mea?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ne èle dze ɖom kple ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo la, ɖe nètsoa dzeɖoɖoa dzi enuenu be yeaɖo e-mail ŋu, aƒo nu na ame le fon dzi, alo aɖo nyatakaka ɖe ame aɖea?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ðe elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã xɔa ɣeyiɣi si nàtsɔ adɔ alɔ̃ alo asrɔ̃ nui la le asiwòa?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ale Si Nàda Asɔe

Ne èzãa elektrɔnik mɔɖaŋunu aɖe, eɖanye kɔmpiuta, asitelefon, alo bubu aɖe o, bia nya ene siwo gbɔna la ɖokuiwò. Ne ètsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoawo kple mɔfiame bɔbɔe ʋɛ aɖewo wɔ dɔe la, woakpe ɖe ŋuwò be nànɔ dedie, eye nàmla ɖokuiwò.

1. Nu kae metsɔ le modzaka ɖemee? “Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le . . . minɔ nu siawo ŋu bum.”—Filipitɔwo 4:8.

Na kadodo nanɔ mia kple xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo dome, eye miaɖo dze tso nya tuameɖowo ŋu.—Lododowo 25:25; Efesotɔwo 4:29.

Mègakaka ameŋugblẽnyawo, agbe gbegblẽ nɔnɔ fotowo kple nyatakakawo, alo akpɔ video kple wɔna bubu siwo me wowɔa gbegblẽnuwɔnawo le o.—Kolosetɔwo 3:5; 1 Petro 4:15.

2. Ɣekaɣie mezãnɛ? ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu.’—Nyagblɔla 3:1.

Ðo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na ɖokuiwò si nàtsɔ anɔ dze ɖom kple amewo le fon dzi, anɔ nyatakakawo xɔm alo anɔ woɖom ɖa hekpe ɖe television kpɔkpɔ, kple elektrɔnikfefewo ŋu. Ne èle wɔna vevi aɖe teƒe, abe tadeaguƒewo ene la, tsi mɔɖaŋunua. Esia aɖee afia be ède bubu wɔnaa ŋu. Àte ŋu aɖo nyatakakawo ŋu emegbe.

Mègaɖe mɔ elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã nahe wò susu esime mia kple xɔ̃wòwo alo ƒowòmetɔwo miele dze ɖom, alo esi nèle nu srɔ̃m, alo esi nèle gome kpɔm le tadeaguwɔna aɖe me o.—Efesotɔwo 5:15-17; Filipitɔwo 2:4.

3. Ame kawoe mele ha dem kplii? “Migana woakplɔ mi atrae o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Korintotɔwo 15:33.

Zã elektrɔnik mɔɖaŋunuwo nàtsɔ ado ŋusẽ ƒomedodo si le mia kple ame siwo ade dzi ƒo na wò be nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo.—Lododowo 22:17.

Mègable ɖokuiwò o—ame siwo nèdea ha kplii to e-mail, asitelefon, television, alo Internet dzi la ƒe nɔnɔme, nuƒoƒo, kple tamesusu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.—Lododowo 13:20.

4. Gaƒoƒo nenie mezãna ɖe wo ŋu? “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.”—Filipitɔwo 1:10.

De dzesi ɣeyiɣi si nèzãna ɖe elektrɔnik mɔɖaŋunuwo ŋu.

Mègaŋe aɖaba ƒu nya siwo xɔ̃wòwo agblɔ tso ŋuwò alo mɔfiame siwo dziwòlawo ana wò ne wogblɔ be èzãa ɣeyiɣi geɖe akpa ɖe mɔɖaŋunu aɖe ŋu la dzi o.—Lododowo 26:12.

Ku ɖe ale si míada asɔe le elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã me ŋu la, Andrew, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, ƒo nyaa ta nyuie ale: “Mɔɖaŋunuwo zazã doa dzidzɔ na ame, gake hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Meva srɔ̃ ale si magaɖe mɔ be mɔɖaŋunuwo naklã mía kple ƒonyemetɔwo kple xɔlɔ̃wo dome o.”—g11-E 01.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetatawo si le axa 17]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Dzinyelawo nɔa gbɔgblɔm nam be, ‘Ne ɖe wòanya wɔ la, ɖeko míatsɔ nu atre wò asi ɖe wò asitelefon la ŋu, le ale si gbegbe nèzãnɛ ta!’ Tsã la, ɖeko wòɖia kokoe nam, gake emegbe meva kpɔe be ŋkubiãnyae. Fifia meɖe ezazã dzi kpɔtɔ, eye dzi le dzɔyem ale gbegbe!”

“Tsã la, zi ale si wòanya wɔ be mayi Internet dzi ko la, medina be makpɔe ɖa be mexɔ nyatakaka aɖe hã. Nyemegava vona ɖe sukudɔwo kple nu bubuwo sɔsrɔ̃ ŋu o. Fifia esi meɖe ezazã dzi kpɔtɔ la, ɖeko wòwɔ abe agba gã aɖee woɖe le dzinye ene. Dadasɔe nye nu vevitɔ.”

[Nɔnɔmetatawo]

Jovarny

Mariah

[Aɖaka si le axa 18]

“INTERNET DZI HAHOO KADODOWO ME NƆNƆ MAM”

“Ƒe ʋɛ aɖewo va yi la, míaƒe ƒomea ʋu. Medi be kadodo nakpɔtɔ anɔ mía kple xɔ̃nyewo dome, eya ta wodo susua ɖa be míanɔ fotowo kple nyawo ɖom ɖe mía nɔewo to Internet dzi. Nya sia dze ŋunye ŋutɔ. Nye susue nye be ame siwo medze sii koe manɔ dze ɖom kplii, eya ta magblẽ naneke le ŋunye o.

“Le gɔmedzedzea me la, nuwo zɔ nyuie. Meyia Internet dzi zi ɖeka le kwasiɖa me ɖakpɔa foto kple nya siwo xɔ̃nyewo da ɖe Internet dzi, eye mexlẽa nya siwo wogblɔ tso nye fotowo ŋu hã. Gake eteƒe medidi o, meva ƒo ɖokuinye ɖe eme vĩi. Hafi manya la, nyee nye ema le Internet dzi gbe sia gbe. Esi wònye menɔa Internet dzi edziedzi nenema ta la, xɔ̃nyewo xɔlɔ̃wo va dze sim, eye wodi be manye yewo xɔlɔ̃. Abe ale si nènya ene la, ne xɔ̃wò aɖe kafu ame aɖe na wò la, àlɔ̃ be yeadze xɔ̃e. Kaka nàkpɔ la, xɔlɔ̃ 50 va le asiwò le Internet dzi.

“Eteƒe medidi o, Internet dzi nɔnɔ koe va xɔ susu me nam. Ne mele Internet la dzi gɔ̃ hã la, meganɔa ɣeyiɣi si matrɔ ava kpɔe ɖa be woɖo nye nyawo ŋu hã la ŋu bum, eye be ele be mada foto yeyewo ɖe Internet la dzi. Kaka maxlẽ nya aɖe le afii ahada video aɖe ɖe afi mɛ ko la, gaƒoƒo geɖe va yi.

“Esia yi edzi abe ƒe ɖeka kple afã ene, gake mlɔeba meva kpɔe dze sii be Internet dzi nɔnɔ zu numame nam. Fifia ya meɖua ɖokuinye dzi le Internet zazã me ŋutɔ, eye medzea agbagba vevie be madze xɔlɔ̃ ame siwo mekpɔna ŋkume kple ŋkume, ame siwo hã nɔa agbe nyui. Xɔ̃nye aɖewo mese egɔme nam o, gake mesrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la me.”—Ellen, 18.

[Aɖaka si le axa 18]

ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?

Ɣeaɖewoɣi la, nu si ado tso dze si nàɖo kple dziwòlawo le modzakaɖenyawo ŋu me la awɔ nuku na wò. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Cheryl gblɔ be: “Gbe ɖeka fofonye susui be ha siwo le nye CD-wo dometɔ ɖeka dzi la menyo o. Mebiae be ɖe manyo be míanɔ anyi aɖo to ha siwo katã le CD la dzi o hã. Elɔ̃, eye esia megbe la, egblɔ nam be yemekpɔ nu gbegblẽ aɖeke kura le eŋu o!”

Ŋlɔ nya aɖe si nàdi be yeabia dziwòlawo ku ɖe elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã ŋu ɖe afi sia.

[Aɖaka si le axa 19]

NA DZILAWO

Ðe viwò gblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe Internet zazã ŋu, alo nɔa nyatakaka geɖe ɖom ɖa to asitelefon dzi, alo be ekpɔa vovo ɖe eƒe MP3 ƒomɔ̃ zazã ŋu wu ale si wòvona ɖe ŋuwòa? Ne ele alea la, nu kae nàte ŋu awɔ tso eŋu?

Dzila aɖewo adi be yewoaxɔ mɔɖaŋunua le ɖevia si ko evɔ. Gake mègaƒo nya ta be elektrɔnik mɔɖaŋunuwo katã nye nu gbegblẽ o. Ate ŋu anɔ eme gɔ̃ hã be èle elektrɔnik mɔɖaŋunu aɖe si menɔ anyi le dziwòlawo ŋɔli o la zãm fifia. Eya ta ne susu aɖeke meli si ta wòahiã kokoko be nàxɔ mɔɖaŋunua le ɖevia si o la, ɖe manyo boŋ be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ ana hehe viwòa le mɔ nyuitɔ si nu wòle be wòazã elektrɔnik mɔɖaŋunuwo le oa? Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

Mia kple viwòa minɔ anyi miadzro nya sia me. Gbã la, gblɔ nu si ŋu nètsi dzi ɖo la nɛ. Evelia, ɖo to nya si le esi wòdi be yeagblɔ. (Lododowo 18:13) Etɔ̃lia, miɖe susu miakpɔe ɖa be aleke miakpɔ nyawo gbɔe hã. Mègavɔ̃ be yeate afɔ ɖe to o, gake wɔ nu le ameŋububu me. (Filipitɔwo 4:5) Ellen, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Esi nyatakaka ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi zu numame nam la, dzinyelawo mexɔ fon la le asinye o; wona mɔfiamewom. Ale si wokpɔ nyaa gbɔe la kpe ɖe ŋunye meda sɔ le ezazã me ne dzinyelawo meli o gɔ̃ hã.”

Ke ne viwòa le eɖokui nu ɖem ya ɖe? Mègaƒo nya ta be viwòa gbe wò mɔfiamewo o. Ke boŋ gbɔ dzi ɖi nɛ, eye nàkpɔ esinu be wòade ŋugble le nyaa ŋu. Ate ŋu anɔ eme be elɔ̃ ɖe wò nyaa dzi hafi, gake ehiã na ɣeyiɣi be wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Sɔhɛ geɖe awɔ nu abe Hailey ene, ame si gblɔ be: “Esi dzinyelawo gblɔ nam be nye kɔmpiutaa zazã zu numame nam la, evem. Gake emegbe esi meva nɔ nyaa ŋu bum la, mekpɔe dze sii be wo tɔ dzɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Èɖua ɖokuiwò dzi le elektrɔnik mɔɖaŋunuwo zazã mea, alo woawo boŋue kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe