INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 13-15
  • Agbotaɖui—Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ Tso Eŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbotaɖui—Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ Tso Eŋu?
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ Be Nàkpɔ Gbɔdzɔe?
  • Nu Kae Woate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1993
  • Nuteɖeamedzi “Aɖi si Wɔa Dɔ Blewu”
    Nyɔ!—1998
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—2000
  • Dzesidede Dzesiawo Ahatso Ðe Wo Ŋu
    Nyɔ!—1996
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 13-15

Agbotaɖui—Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ Tso Eŋu?

Joyce, si nye ɔfisdɔwɔla si doa vivi ɖe ame ŋu la, le agbalẽ siwo wòlé ɖe asi la me kpɔm. Kasia, nuŋɔŋlɔ si le agbalẽa dzi la ƒe akpa aɖewo megale dzedzem nɛ o. Eyome nu siwo le abe keklẽ suesuesuewo ene la nɔ kpo tim le eŋkume va se ɖe esime wòwɔ nɛ abe ɖe wòle fli gbogbo siwo le nyamaa la kpɔm le agbalẽa dzi ene. Miniti ʋɛ aɖewo ko megbe la, Joyce megate ŋu le nu kpɔm o. Esi wònya nu si le ewɔm ta la, ewɔ kaba mi atikekui aɖe si ŋu wotrɔ asi le koŋ na ame siwo le nɔnɔme sia tɔgbi me.

AGBOTA ye le Joyce ɖum. Taɖui sia to vovo na taɖui dzro ko le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, to vovo na taɖui dzro la, agbota ya ɖua ame enuenu. Azɔ hã, taɖui sia nu sẽ ale gbegbe be ne eho na amea la, ate ŋu awɔe be makpɔ gome le eƒe gbesiagbe dɔwo me o.

Aleke amea sena le eɖokui me? Vevesesea mele tẽe o, enu nɔa tsotsom, eye etea ŋu ɖua taa ƒe akpa ɖeka ko. Ɣeaɖewoɣi la, amea ase le eɖokui me abe ɖe wòle xe ɖe ge ene, eye mate ŋu anɔ te ɖe kekeli si nu sẽ nu o. Ate ŋu aɖe fu na ame gaƒoƒo geɖe alo ŋkeke aɖewo gɔ̃ hã.

Togbɔ be ta ɖua ame geɖe le nutikɔname ta hã la, ame 1 le 10 me ko ŋue agbotaɖui le. Eɖea fu na nyɔnuwo zi geɖe wu ŋutsuwo. Ame aɖewo tɔ nu sẽna wu ame bubuwo tɔ, gake ame siwo ŋu wòle la dometɔ akpa gãtɔ metea ŋu dea dɔ me ŋkeke geɖe le ƒea me o. Agbotaɖui tea ŋu gblẽa dɔ na ame, eye wòte ŋu wɔnɛ be nu gblẽna le ame ƒe ƒomegbenɔnɔ kple hadomegbenɔnɔ ŋu. Esia tae Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa bu agbotaɖui kpe ɖe dɔléle 20 siwo gblẽa dɔ na ame wu la ŋu ɖo.

Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi agbota naɖu ame aɖewo la, woƒe asi fana miaa, ɖeɖi tea wo ŋu, dɔ wua wo, alo woƒe nɔnɔme trɔna. Eye hafi taɖuia nadze egɔme teti la, ɖewohĩ amea ƒe mo anɔ tɔtrɔm, ase nu si le abe nudzodzoe ƒe aʋalaƒoƒo ene le to me, awɔ nɛ abe ɖe nane le etɔm le lã me ene, anɔ nu kpɔm eveveve, nuƒoƒo anɔ sesẽm nɛ, alo eƒe lãme agbɔdzɔ.

Eŋutinunyalawo mese nu si gbɔ wòtso la gɔme bliboe o, gake woxɔe se be kuxi aɖe si nɔa ahɔhɔ̃mekawo ŋu gbɔe wòtsona be ʋu metea ŋu sina nyuie le ʋuka siwo le tagoa me la me o. Edze abe ale si ʋu sina toa ʋuka siwo ŋu kuxia le la gbɔe wòtsona be vevesesea nu nɔ tsotsom ene. Agbalẽ si nye Emergency Medicine gblɔ be: “Ame siwo ŋu agbotaɖui le la nyia edome tso wo dzilawo gbɔ, eye woƒe ahɔhɔ̃mekawo ƒe dɔwɔna le ale gbegbe be, nu vi sue aɖe ko gɔ̃ hã tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe edzi, eye nu vovovowo abe alɔ̃madɔmadɔ, ʋeʋẽ si nu sẽ, mɔzɔzɔ, numaɖumaɖu ɖe game dzi, tukaɖa, kple lãmetsiwo ƒe dɔwɔna ene, tea ŋu nana dɔa hona.” Le ame aɖewo gome la, wometea ŋu dea nugodo nyuie o, alo woƒe dɔ me tsrana, wotsia dzodzodzoe, eye blanuiléledɔ ɖea fu na wo.

Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ Be Nàkpɔ Gbɔdzɔe?

Ðe nènyi dɔ sia ƒe dome, eye màte ŋu awɔ naneke le wò ahɔhɔ̃mekawo ŋu o. Gake nuwo li nàte ŋu awɔ atsɔ alé dɔ sia nui. Ame aɖewo wɔa gbesiagbe nudzɔdzɔwo ŋuti nuŋlɔɖiwo, eya ta wotea ŋu kpɔa nuɖuɖu kple nɔnɔme siwo nana dɔa hona la dzea sii.

Ame sia ame kple nu si nana dɔa hona nɛ. Lorraine de dzesii be ɣeyiɣi si me agbota ɖua ye la do ƒome kple yeƒe dzinukpɔɣi. Egblɔ be: “Tso ɣeyiɣi si me mekpɔ dzinu va se ɖe ɣeyiɣi si me magakpɔ dzinu ake ƒe domedomee lɔƒo la, nuwo abe dɔ sesẽ wɔwɔ, fafa alo dzoxɔxɔ, ɣli kple nuɖuɖu si me tadi kple nu ʋeʋĩwo le ɖuɖu ene, tea ŋu nana wòhona nam. Eya ta media tomefafa kple akɔdzeanyi le ɣeyiɣi sia me.” Joyce, si agbotaɖui ɖe fu na wu ƒe 60 la, gblɔ be: “Mekpɔe be aŋuti, atɔtɔ, kple wain dzĩ nono nana agbota hona nam enumake, eya ta meƒoa asa na wo.”

Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be ame nanya nu si nana dɔa hona nɛ o, elabena zi geɖe la nu vovovowo wɔa akpa aɖe. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be nàɖu tsokolet, evɔ naneke mawɔ wò o, gake dɔa ate ŋu aho na wò ne èɖui ɣebubuɣi, ɖewohĩ le esi nu bubu aɖe hã le akpa aɖe wɔm tae.

Ne mète ŋu kpɔ nu siwo nana wòhona na wò la dze sii o alo metea ŋu ƒoa asa na wo o gɔ̃ hã la, nu bubuwo li nàte ŋu awɔ bena edzi naɖe akpɔtɔ. Eŋutinunyalawo ɖo aɖaŋu be ame nadze agbagba anɔ alɔ̃ dɔm le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe koŋ dzi gbe sia gbe le kwasiɖaa me. Ne àdi be zã nagado vie wu hafi yeamlɔ anyi le kwasiɖanuwuwuwo la, wogblɔ be anyo be nàfɔ le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi awɔ nanewo miniti ʋɛ aɖewo, eyome nàgamlɔ anyi. Ne èwɔ asitɔtrɔ aɖe le nu siwo me caffeine le ƒe agbɔsɔsɔme si nènona ŋu la, ate ŋu ana dɔa naho, eya ta no kɔfi kplu eve alo kolaha vivi zi eve ko le ŋkeke ɖeka me. Esi dɔwɔame hã ate ana agbota naho na ame ta la, nɔ nu ɖum ɖe game dzi. Togbɔ be mele bɔbɔe be nàƒo asa na tukaɖa, si nana agbota hona na ame zi geɖe o hã la, ɖewohĩ àte ŋu awɔ nu siwo ana nàɖi ɖe eme, abe asitɔtrɔ le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu, Biblia xexlẽ, alo ha si le blewu sese ene.

Nu Kae Woate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?

Nu vovovowo li siwo ate ŋu akpe ɖe ame si ŋu agbotaɖui le ŋu.a Le kpɔɖeŋu me, nu siwo kpena ɖe ame ŋu wu la dometɔ ɖekae nye alɔ̃dɔdɔ. Vevesesenutsitike siwo ame ŋutɔ ate ŋu aƒle le atikedzraƒewo la ate ŋu ana gbɔdzɔe aɖe si nu ame bene wòate ŋu adɔ alɔ̃.

Le ƒe 1993 me la, woto atike siwo woyɔna be triptan, si ŋu wotrɔ asi le koŋ na ame siwo ŋu agbotaɖui le, la vae, eye ɖɔktawoe ŋlɔnɛ na ame hafi woƒlenɛ nona. Agbalẽ aɖe (The Medical Journal of Australia) gblɔ tso eŋu be “enye ŋgɔyiyi vevi aɖe le atikewɔnyawo me.” Eye wògblɔ kpee be: “Ale si gbegbe triptan xɔna na . . . ame siwo ŋu agbotaɖui kple taɖui sesẽwo le la de sɔsɔ ge kple ale si penicillin xɔna na ame siwo dɔlékuiwo le lã me na la!”

Agbotaɖui mewua ame o. Eya ta atike siwo wokpɔ na agbotaɖui la mexɔa ame ɖe agbe, abe ale si wòle le atike siwo wua dɔlékui la gome ene o. Ke hã, atike siawo na gbɔdzɔ geɖe ame aɖewo, siwo agbotaɖui ɖe fu na vevie enuenu ƒe geɖe la. Egahiã kokoko be ame siawo naɖe afɔ siwo me míedzro va yi la me ya, gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be atike siawo nye nukunutike na yewo.

Gake nu siwo nyo kple nu siwo menyo o siaa le atike ɖe sia ɖe ŋu. Nu kae menyo le triptan ŋu o? Gbã, triptan tikekui ɖeka xɔ asi ŋutɔ, eya ta ame siwo ƒe taɖuia nu sẽ kple ame siwo wòɖea fu na vevie la koe woŋlɔa atike sia na. Azɔ hã, atike siawo mexɔa ame aɖewo o, eye le lãmesẽkuxi siwo le ame aɖewo ŋu ta la, manyo be woate ezazã akpɔ gɔ̃ hã o. Togbɔ be womate ŋu ada dɔ sia, si dome wonyina o hã la, agbalẽ si nye Emergency Medicine ƒo nya ta ale: “Esi agbotaɖuitike yeye siwo nyo wu li fifia ta la, susu aɖeke meli si ta wòle be ame aɖe nayi edzi anɔ fu kpem le dɔ sia ta o.”—g11-E 01.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖeke o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada dɔdamɔnu vovovo siwo li la akpɔ nyuie hafi atso nya me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ame aɖewo wɔa gbesiagbe nudzɔdzɔwo ŋuti nuŋlɔɖiwo, eya ta wotea ŋu kpɔa nuɖuɖu kple nɔnɔme siwo nana dɔa hona la dzea sii

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ha si le blewu sese tea ŋu ɖea nutikɔname, si nana agbota hona na ame zi geɖe la, dzi kpɔtɔna

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Agbota nye dɔ si dome wonyina, si tea ŋu ɖea fu na ame vevie, gake ɖɔktawo tea ŋu léa enu nyuie

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe