INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 10
  • Aleke Maɖɔ Ŋu Ðo Le Text Message Gome?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Maɖɔ Ŋu Ðo Le Text Message Gome?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame siwo nèŋlɔa wo na
  • Nya siwo nèŋlɔna na wo
  • Ɣeyiɣi si me nèŋlɔa wo
  • Eŋuti mɔfiamewo
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Text Message Ŋu Dɔwɔwɔ Me
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?
    Nyɔ!—2011
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2013
  • Ale Si Nàwɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 10

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke maɖɔ ŋu ɖo le text message gome?

  • :-) Ne èzãa text message nyuie la, anye mɔnu nyui aɖe si dzi nàto anɔ kadodo me kple xɔ̃wòwo.

  • :-( Ne mezãnɛ nyuie o la, ate ŋu agblẽ wò kple xɔ̃wòwo dome, eye wòaƒo ɖi wò ŋkɔ hã.

Àkpɔ nu siwo wòle be nànya tso text message ŋu le nyati sia me

  • Ame siwo nèŋlɔa wo na

  • Nya siwo nèŋlɔna na wo

  • Ɣeyiɣi si masɔ o

Esiawo hã le nyati sia me:

  • Eŋuti mɔfiamewo

  • Eŋɔŋlɔ ŋuti dodokpɔwo

Ame siwo nèŋlɔa wo na

Sɔhɛ geɖewo bua text message be ehiã vevie na yewo le kadodo kple ame bubuwo me. Text message akpe ɖe ŋuwò nànɔ kadodo me kple ame siwo katã ƒe ŋkɔ nèŋlɔ ɖi la le afi sia afi si nèle, negbe ɖe dziwòlawo meɖe mɔ na wò o.

“Fofonye medina be nye kple nɔvinye nyɔnu míanɔ dze ɖom kple ŋutsuviwo o. Ne míaɖo dze kpli wo la, ke ele be wòanye telefon ŋutɔ dzi le míaƒe asadzi eye ele be ame bubuwo nanɔ anyi.”​—Lenore.

Nu si wòle be nànya: Ne ètsɔa wò kaƒodzesi naa ame sia ame ko la, ke nya aɖe gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò.

“Ne mèkpɔ nyuie le ame siwo nètsɔa wò kaƒodzesi na ŋu o la, ke nyae be ègbɔna nyatakakawo alo foto siwo màdi o la xɔ ge.”​—Scott.

“Ne ènye ŋutsuvi evɔ ènɔa nu ŋlɔm na nyɔnuvi aɖe la, eteƒe madidi hafi miaƒe nu nalé dzi na mia nɔewo o.”​—Steven.

Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ne èɖɔ ŋu ɖo le nu ʋɛ aɖewo me la, àƒo asa na dzigbagbã na ɖokuiwò.

Nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ: “Medze xɔlɔ̃ ŋutsuvi aɖe, eye míeŋlɔa nu na mía nɔewo ŋutɔ. Nye ya metsɔe be xɔlɔ̃wo ko míenye. Nyemebui be esia nye kuxi aɖeke o va se ɖe esime wògblɔ nam be nunye lé dzi na ye. Esi mebu nyaa ŋu kpɔ la, mekpɔe dze sii be mele be made ha kplii nenema gbegbe hafi o.”​—Melinda.

Bu eŋu kpɔ: Ŋusẽ kae nèsusu be nya si ŋutsuvia gblɔ na Melinda la akpɔ ɖe woƒe xɔlɔ̃dzedzea dzi?

Gbugbɔ ŋutinya la ŋlɔ! Aleke wòle be Melinda nawɔ nu hafi ale be eya kple ŋutsuvia nanye xɔlɔ̃wo ko?

Nya siwo nèŋlɔna na wo

Text message ɖoɖo ɖa le bɔbɔe, eye exɔxɔ hã vivina ŋutɔ. Gake esiawo katã ate ŋu awɔe be míaŋlɔ be be amewo ate ŋu ase míaƒe nyawo gɔme bubui.

Nu si wòle be nànya: Amewo tea ŋu sea text message me nyawo gɔme bubui.

“Wò seselelãme kple gbe mate ŋu adze le nu si nèŋlɔ ɖo ɖe amewo me o, nenye be ètsɔ seselelãmefiadzesiwo kpe ɖe eŋu gɔ̃ hã.”​—Briana.

“Menya nyɔnuvi aɖewo siwo gblẽ ŋkɔ na wo ɖokuiwo eye wobua wo be wodzia ahiã ŋutsuviwo le nu siwo woŋlɔ ɖo ɖe ŋutsuviwo ta.”​—Laura.

Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe bua nya ŋu nyuie hafi ɖoa eŋu.” (Lododowo 15:28, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Nufiame kae le eme? Ne èŋlɔ nane be yeaɖo ɖe ame aɖe la, xlẽe nyuie hafi nàɖoe ɖa!

Ɣeyiɣi si me nèŋlɔa wo

Nuwo ŋu bubu nyuie akpe ɖe ŋuwò nànya ɣeyiɣi si asɔ nàŋlɔ nu na amewo kple ɣeyiɣi si masɔ o.

Nu si wòle be nànya: Ne mètso nya me le ɣeyiɣi siwo me wòasɔ le be nàŋlɔ text message kple esiwo me masɔ le o ŋu o la, amewo abu wò be mèbua ame o eye ànya xɔ̃wòwo ɖa le ɖokuiwò ŋu.

“Ele bɔbɔe be míaŋlɔ ɣeyiɣi siwo me masɔ le be míanɔ text message ŋlɔm na amewo o be. Menɔa dzea ɖom kple ame aɖe alo nɔa nu ɖum le kplɔ̃ ŋu ganɔa text message ŋlɔm na ame bubu le ɣeyiɣi ma ke me.”​—Allison.

“Afɔku gã aɖee wònye be ame nanɔ ʋum kum aganɔ text message ŋlɔm. Ne wò ŋku dzo le mɔa dzi la, ele bɔbɔe be nadze afɔku.”​—Anne.

Biblia gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 7) Mɔfiame sia si ku ɖe nuƒoɣi ŋu la, ka text message ŋɔŋlɔ hã!

Eŋuti mɔfiamewo

Ame kae nèle eŋlɔm na

  • ;-) Wɔ ɖe dziwòlawo ƒe mɔfiamewo dzi.​—Kolosetɔwo 3:20.

  • ;-) Mèganɔ wò kaƒodzesi tsɔm na ame sia ame ko o. Ne ègbe goʋuʋu wò nyatakakawo, abe kaƒodzesi ene, na amewo bubutɔe la, ke èle aɖaŋu si nàva hiã le tsitsime la tum ɖo.

  • ;-) Mèganɔ lɔlɔ̃nyawo ɖom ɖee ne wòava dze ŋku ɖe ŋuwò o. Ne nuwò va lé dzi nɛ la, ke vevesese kple dzigbagbã koe wòava nye na wò.

“Dzinyelawo nyae be nyemewɔa nu gbegblẽ aɖeke le asitelefon dzi o, eya ta woka ɖe dzinye be maɖɔ ŋu ɖo le ame siwo menaa nye kaƒodzesi gome.”​—Briana.

Nya siwo nèŋlɔna na wo

  • ;-) Hafi nàdze nua ŋɔŋlɔ na amea gɔme la, tɔ nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòasɔ be magblɔ nya sia nɛ to text message dzia?’ Ðewohĩ asɔ wu be nàƒo ka nɛ alo nàlala va se ɖe esime nàkpɔ amea ŋutɔ agblɔe nɛ.

  • ;-) Mègaŋlɔ nya si màte ŋu agblɔ na amea ŋkume-kple-ŋkume o la ɖo ɖee to asitelefon dzi o. Sarah si xɔ ƒe 23 gblɔ be: “Ne nyaa mesɔ nàgblɔ ame bubu nase o ko la, mègaŋlɔe ɖo ɖa amea o.”

“Ne ame aɖe ɖo gbegblẽvi ƒe foto aɖe ɖe wò la, gblɔe na dziwòlawo. Esia akpɔ tawò eye wòana dziwòlawo hã naka ɖe dziwò wu.”​—Sirvan.

Ɣeyiɣi si masɔ o

  • ;-) Ðo ɣeyiɣi aɖe ɖi nànɔ wò asitelefon la tsim. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Olivia gblɔ be: “Nyemenana nye asitelefon nɔa gbɔnye ne mele nu ɖum alo mele nu srɔ̃m o. Ne mele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, metsinɛ ale be magahe nye susu o.”

  • ;-) Bu ame ŋu. (Filipitɔwo 2:4) Ne èle dze ɖom kple ame aɖe ŋkume-kple-ŋkume la, mèganɔ nu ŋlɔm na ame bubuwo le asitelefon dzi le ɣeyiɣi ma ke me o.

“Mede se na ɖokuinye be ne mele xɔ̃nyewo dome la, nyemaŋlɔ nu na ame aɖeke to asitelefon dzi o negbe ɖe wòhiã vevie. Nyemetsɔa nye kaƒodzesi na ame siwo nyemenya tututu o.”​—Janelly.

Eŋɔŋlɔ ŋuti dodokpɔwo

Kpɔɖeŋu 1

Wò kple ame aɖe miele gbeɖoɖi me ɣleti adee nye esia, gake èva de dzesii be yewomesɔ na yewo nɔewo o. Nya siwo gbɔna la dometɔ kae sɔ nàŋlɔ ɖo ɖee to asitelefon dzi?

  1. “Míekpã.”

  2. “Ehiã be míalé nya aɖe akpɔ. Ɣekaɣie míate ŋu ado go?”

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: B. Anyo be miado go ŋkume-kple-ŋkume aƒo nu tso miaƒe kadodoa me tsotso, si nye ŋkubiãnya la ŋu, negbe ɖe afɔku ate ŋu ado go tso esia wɔwɔ me ko.​—Luka 6:31.

Kpɔɖeŋu 2

Woɖo foto aɖe ɖe wò to asitelefon dzi si me wò sukuhati aɖe ɖe amama le. Nu kae nye nu nyuitɔ si nàwɔ?

  1. Nàtutu fotoa enumake.

  2. Nàɖo fotoa ɖe xɔ̃wòwo katã.

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: A. “Gbɔdɔnuwo ɖoɖo ɖe ame to asitelefon dzi” ɖia gbɔ ame sia ame si kpɔe. Eya ta mègakpɔ gome le eme o!​—Efesotɔwo 5:3, 4.

Kpɔɖeŋu 3

Wò kple dziwòlawo kple nɔviwo miele nu ɖum le kplɔ̃ ŋu eye wò asitelefon ɖi eye nède dzesii be ame aɖee ŋlɔ nu na ye. Nu kae nye nu nyuitɔ wòle be nàwɔ?

  1. Nàtsɔ wò asitelefon la enumake axlẽ nyatakaka si woɖo ɖe wò ahasusui be yeƒe ƒometɔwo matsɔe vevie o.

  2. Nàlala va se ɖe esime miedzo le nuɖuƒea hafi nàxlẽ nyatakakaa.

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: B. Àte ŋu aɖe asi le nyatakaka ma xexlẽ ŋu gbɔ. Bu ƒowòmetɔwo ŋu gbã.​—Filipitɔwo 1:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe