Sɔhɛwo Biana Be
Nu kae wòle be manya tso Internet dzi hahoo kadodowo ŋu?—Akpa 1
“Xɔlɔ̃wo le asinye le dukɔ bubuwo me, eye Internet dzi hahoo kadodowo ye nye mɔnu nyuitɔ si dzi metona ɖoa dze kpli wo. Togbɔ be wole didiƒe hã la, dzeɖoɖo kpli wo dzɔa dzi nam ŋutɔ.”—Sue, exɔ ƒe 17.a
“Magblɔ be Internet dzi hahoo kadodowo me nɔnɔ nye ɣeyiɣi gbegblẽ, menye mɔ nyuitɔ si dzi ame ato aɖo dze kple exɔlɔ̃wo o. Dzeɖoɖo kple ame ŋkume kple ŋkume koe nye mɔ nyuitɔ si dzi xɔlɔ̃wo ato anɔ kadodo me kple wo nɔewo.”—Gregory, exɔ ƒe 19.
NYA siwo wogblɔ le etame la dometɔ kae de sɔsɔ ge kple wò nukpɔsusu? Aleke kee nèɖasusu o, kakaɖedzi le nya sia ya ŋu: Internet dzi hahoo kadodowo va bɔ egbea ŋutɔ.b Bu nya sia ŋu kpɔ: Exɔ ƒe 38 hafi ame miliɔn 50 dze radiozazã gɔme, exɔ ƒe 13 hafi television su ame xexlẽme ma si, eye exɔ ƒe 4 hafi ame xexlẽme ma ke dze Internet zazã gɔme. Ke hã, le ɣleti 12 aɖewo siwo va yi nyitsɔ laa me la, ame miliɔn 200 sɔŋ ye va nɔ Internet dzi kadodomɔnu si nye Facebook la zãm!
De dzesi nya siwo gbɔna nenye be wonye nyateƒe alo aʋatso:
Ame siwo wɔa Internet dzi kadodowo ŋu dɔ la ƒe akpa gãtɔ nye ƒewuiviwo. ․․․․․ Nyateƒe ․․․․․ Aʋatso
Ŋuɖoɖoa: Aʋatsoe. Ame siwo wɔa wo ŋu dɔ la ƒe akpa eve le etɔ̃ me kloe xɔ ƒe 25 kple edzivɔ. Le ƒe 2009 me la, ezãla siwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu la xɔ ƒe 55 kple edzivɔ!
Ke hã, sɔhɛ miliɔn geɖe le Internet dzi kadodowo me, eye le wo dometɔ aɖewo gome la, kadodo kple amewo to mɔnu sia dzi koe dzea wo ŋu. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Jessica gblɔ be: “Medo le kadodoa me kpɔ, gake ɖeko megage ɖe eme ake, elabena ame aɖeke meyɔnam to asitelefon dzi o. Ðeko wòle abe ɖe amewo ŋlɔa wò be ne mèle Internet dzi kadodo aɖeke me o ene!”
Nu ka tae ezazã dzɔa dzi na ame geɖe nenema ɖo? Ŋuɖoɖoa le bɔbɔe: Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoanɔ kadodo me kple yewo havi. Eye nu ma tututue amewo wɔna toa Internet dzi kadodowo dzi. Na míadzro nu si tae ezazã dzroa ame geɖe la dometɔ aɖewo me kpɔ.
1. Ezazã le bɔbɔe.
“Hadede kple xɔlɔ̃wo tea ŋu sesẽna, gake ne mi katã miele kadodo ɖeka me la, ɖeko wòle bɔbɔe!”—Leah, exɔ ƒe 20.
“Ne meda nya aɖe ɖe nye nyatakakadaɖoƒea la, ɖeko wòle abe ɖe meɖo e-mail ɖe xɔ̃nyewo katã zi ɖeka ene.”—Kristine, exɔ ƒe 20.
2. Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu.
“Amewo ƒonɛ ɖe nunye enuenu be matsɔ nye ŋkɔ akpe ɖe yewo xɔlɔ̃wo tɔ ŋu le Internet dzi kadodowo me, gake nyemate ŋui o, elabena nyemele kadodo aɖeke me o.”—Natalie, exɔ ƒe 22.
“Ne megblɔe na amewo be nye ŋutɔe ɖoe be nyemanɔ kadodoa me o la, wokpɔnam ɖe ƒomevii, abe ɖe wole gbɔgblɔm be, ‘Nu kae le fu ɖem na wò ya?’ ene.”—Eve, exɔ ƒe 18.
3. Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒe nyaƒoɖeamenu.
“Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo nana ame geɖe susunɛ be ne mèdoa ka kple amewo to mɔɖaŋunu deŋgɔwo dzi o la, ke xɔlɔ̃wo manɔ asiwò o. Eye ne xɔlɔ̃wo mele asiwò o la, ke èle abe ame si mele agbagbeawo dome o ene. Eya ta ne mèle Internet dzi kadodowo me o ko la, ke mèle ɖeke me o.”—Katrina, exɔ ƒe 18.
4. Suku.
“Nye nufialawo wɔa Internet dzi kadodowo ŋu dɔ. Wo dometɔ aɖewo toa edzi naa nyanya mí be dodokpɔ aɖe gbɔna. Azɔ hã, ne mele akɔnta bum, eye nyemese nane gɔme o la, meŋlɔa nu tso eŋu dana ɖe nye nufiala ƒe nyatakakadaɖoƒea, eye wòkpena ɖe ŋunye to Internet la dzi.”—Marina, exɔ ƒe 17.
5. Dɔwɔɖui.
“Ame siwo le dɔ dim la nɔa kadodo me kple ame bubuwo to Internet dzi. Esia tea ŋu kpena ɖe wo ŋu wokpɔa dɔ.”—Amy, exɔ ƒe 20.
“Nye dɔwɔɖuia bia be manɔ Internet dzi kadodowo ŋu dɔ wɔm. Ewɔnɛ be nye asisiwo tea ŋu kpɔa nutata siwo ŋu mele asi trɔm le.”—David, exɔ ƒe 21.
Ðe wòle be nànɔ Internet dzi hahoo kadodo aɖe me ya? Ne dziwòlawo gbɔe nèle la, ke woawoe wòle be woatso nya me.c (Lododowo 6:20) Ne dziwòlawo medi be nàzãe o la, ke ele be nàɖo to wo.—Efesotɔwo 6:1.
Dzila aɖewo ɖea mɔ na wo vi siwo tsi hele nu nyam la be woanɔ Internet dzi kadodowo me, eye woƒe ŋku nɔa wo ŋu. Ne aleae dziwòlawo wɔnɛ la, ɖe wòfia be wole ŋku kem ɖe wò nyawo me madzemadzeea? Kura o! Ŋudɔwɔnu sẽŋu aɖee Internet dzi kadodoa nye, eye esɔ be dziwòlawo tsɔ ɖe le ale si nèzãnɛ me. Nyateƒeae nye be afɔkuwo le Internet dzi hahoo kadodowo me nɔnɔ me, abe ale si ko wòle le Internet zazã ƒe mɔnu bubuawo katã kloe hã gome ene. Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nànɔ kadodoa me la, aleke nàwɔ aƒo asa na afɔkuawo?
Ezazã Ŋuɖɔɖotɔe
Le mɔ aɖewo nu la, míate ŋu atsɔ Internet zazã asɔ kple ʋukuku. Abe ale si nànya de dzesii ene la, menye ame sia ame si si ʋukugbalẽvi le lae nye ʋukula nyui o. Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔa ʋufɔku dziŋɔwo le woƒe ŋumaɖɔɖo ta.
Alea kee wòle le Internet zãlawo hã gome. Ame aɖewo ɖɔa ŋu ɖo le ezazã me; ke ame bubuwo ya meɖɔa ŋu ɖo o. Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò nèle eŋu dɔ wɔm la, ke woka ɖe dziwò be àɖɔ ŋu ɖo le Internet zazã ƒe mɔnu sia si me afɔkuwo le la ŋu dɔ wɔwɔ me. Ekema ɖe nèɖɔa ŋu ɖo le ezazã mea? Ðe nèle eɖem fia be ‘yelé nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩea’?—Lododowo 3:21.
Azɔ míadzro nu eve siwo ŋu wòle be nànɔ ŋudzɔ ɖo le Internet dzi kadodowo me nɔnɔ me la me. Woawoe nye ŋuwònyawo kple wò ɣeyiɣi. “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati si kplɔ esia ɖo le Nyɔ! sia me la ƒo nu tso akpa siwo nye bubu si le ŋuwò kpakple ame siwo nèdzea xɔ̃e ŋu.
ŊUWÒNYAWO
Ðewohĩ mawɔ na wò be le Internet dzi kadodowo me la, ele be nya siwo ku ɖe ŋuwò la nanye nya ɣaɣla o. Alo menye hadede kple amewo tae wòli ɖo oa? Ke hã, ŋumaɖɔɖo ate ŋu akplɔ wò ade afɔku me.
Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ga gbogbo aɖe le asiwò. Ðe nàlée ɖe asi be ame sia ame nakpɔ esi mia kple xɔ̃wòwo miele zɔzɔm le ablɔ dzia? Esia anye bometsinuwɔwɔ, afia be èle susu hem va ɖokuiwò dzi be woada adzo ye! Ne èbua nuwo ŋu nyuie la, àɣla gaa ɖe afi si amewo makpɔe le o.
Míate ŋu atsɔ ŋuwònyawo asɔ kple wò ga. Azɔ, lé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu, eye nàde dzesi esiwo ŋu màdi be ame tutɔ nanya nu tsoe o.
․․․․․ afi si nye aƒe me le
․․․․․ nye e-mail adrɛs
․․․․․ afi si medea suku le
․․․․․ ɣeyiɣi siwo me menɔa aƒe me
․․․․․ ɣeyiɣi si me ame aɖeke menɔa aƒea me o
․․․․․ nye fotowo
․․․․․ nye nukpɔsusuwo
․․․․․ nu siwo medina, nu siwo doa dzidzɔ nam
Ne èlɔ̃a hadede wu ame sia ame gɔ̃ hã la, ɖewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be le nu siawo dometɔ aɖewo ya gome la, mele be woana ame sia ame ko nanya nu tso eŋu o. Ke hã, sɔhɛ kple ame tsitsi geɖewo ʋu go nya siawo ƒomevi na ame tutɔwo le manyamanya me! Aleke nàwɔ be mɔ̃ sia nagaɖe wò o?
Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nànɔ Internet dzi kadodo aɖe me la, ke ele be nànya ezazã ƒe mɔnu siwo ana be ŋuwònyawo makaka o la nyuie ahawɔ wo ŋu dɔ. Mègakpɔ mɔ be dɔwɔƒe si kpɔa Internet ƒe ɖoɖowo dzi la nawɔ esia na wò o. Le nyateƒe me la, ate ŋu adzɔ be Internet dzi ɖoɖowɔɖiwo naɖe mɔ na ame geɖe be woakpɔ nu siwo le wò nyatakakadaɖoƒea ahaŋlɔ nyawo aɖo ɖe wò wu ale si nèsusu. Susu sia tae ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Allison trɔ asi le eƒe Internet dzi ɖoɖowɔɖia ŋu ale gbegbe be exɔlɔ̃ kplikplikpliwo koe tea ŋu kpɔa eŋunyawo. Egblɔ be: “Zɔhɛ aɖewo siwo nyemedze si o la le xɔ̃nye aɖewo si, eye nyemedi be ame tutɔ mawo naxlẽ nu tso ŋunye o.”
Ne mia kple xɔ̃wò kplikplikpliwo koe nɔa kadodo me hã la, ehiã be nàɖɔ ŋu ɖo. Corrine, si xɔ ƒe 21, gblɔ be: “Ate ŋu adzɔ be nàva nɔ didim ɣesiaɣi be xɔ̃wòwo naŋlɔ nyawo aɖo ɖe wò, eya ta àva nɔ go ʋum ŋuwònyawo atraɖii.”
Nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi be ŋuwònyawo mate ŋu anɔ ɣaɣla keŋkeŋ le Internet dzi o. Nu ka tae? Aƒenɔ Gwenn Schurgin O’Keeffe gblɔ le eƒe agbalẽ si nye CyberSafe me be: “Internet ŋuti dɔwɔƒe gãwo wɔa amewo ƒe nyatakakawo ŋuti kɔpiwo dana ɖi.” Egagblɔ hã be: “Nu siwo míedana ɖe Internet dzi la tsia edzi ɖikaa. Ele be míabui be etsi afi ma, ema manɔmee la ke míeda ƒu, elabena eƒe kɔpi anɔ afi aɖe godoo.”
WÒ ƔEYIƔI
Míate ŋu atsɔ wò ɣeyiɣi hã asɔ kple ga gbogbo aɖe si le asiwò. Ele be nàwɔ ɖoɖo ɖe ezazã ŋu, abe ale si ko nàwɔ ɖoɖo ɖe gazazã hã ŋui ene. (Nyagblɔla 3:1) Evɔ esiae nyea kuxi sesẽtɔwo dometɔ ɖeka le Internet zazã ƒe mɔnu ɖe sia ɖe gome, eye hahoo kadodowo hã le eme.d
“Zi geɖe la, megblɔna be, ‘Mazãe miniti ɖeka ko.’ Gake gaƒoƒo blibo va yina si meganɔa ezazã dzi kokoko.”—Amanda, exɔ ƒe 18.
“Ezazã zu numame nam. Ne menya gbɔ tso suku ko la, mezãa gaƒoƒo geɖe tsɔ nɔa nu siwo amewo gblɔ tso nya siwo meda ɖe nye nyatakakadaɖoƒea ŋu la xlẽm henɔa woawo hã tɔwo xlẽm.”—Cara, exɔ ƒe 16.
“Metea ŋu nɔa Internet dzi kadodoa me to nye asitelefon dzi, eya ta mekpɔa nu siwo le edzi ne mele mɔ dzi yina suku, ne mele suku, kple ne mele mɔ dzi yina aƒe me. Ke ne megbɔ va aƒe me la, menɔa kɔmpiutaa ŋu azɔ. Menya be ezu numame nam, gake nyemedi be madzudzɔ hã o!”—Rianne, exɔ ƒe 17.
Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nànɔ Internet dzi kadodo aɖe me la, de ŋugble le ɣeyiɣi didi si wòasɔ be nàzã ɖe eŋu gbe sia gbe la ŋu. Eyome nàkpɔ ɖa be èle edzi wɔm hã. Le ɣleti ɖeka me la, bu ɣeyiɣi si nèzã ɖe eŋu be nàkpɔe ɖa be yele ɣeyiɣi ɖoɖia dzi wɔm hã. Ðo ŋku edzi be wò ɣeyiɣi le abe wò ga ene. Eya ta mègaɖe mɔ Internet dzi kadodowo me nɔnɔ naxɔ wò ɣeyiɣia katã le asiwò o. Nu bubuwo li nàte ŋu awɔ le agbe sia me siwo le vevie wu!—Efesotɔwo 5:15, 16; Filipitɔwo 1:10.
Sɔhɛ aɖewo ɖe afɔ aɖewo be yewoatsɔ akpɔ egbɔ be yewole ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔm nyuie. Ale si wo dometɔ aɖewo wɔe enye esi:
“Medo le kadodoa me ɣeaɖeɣi, si wɔe be mekpɔ vovoɣi geɖe. Mevo ŋutɔ! Megage ɖe kadodoa me nyitsɔ laa, gake meɖua ɖokuinye dzi le ezazã me. Ŋkeke geɖe tsoa eme si nyemezãnɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, meŋlɔnɛ be gɔ̃ hã. Ne ezazã gadi be yeazu numame nam la, ɖeko magado le kadodoa me ake.”—Allison, exɔ ƒe 19.
“Ɣeaɖewoɣi la, ‘metsoa kadodoa me vie,’ si fia be meɖea ɖokuinye le Internet dzi kadodoa me ɣleti ʋɛ aɖewo hafi gagena ɖe eme. Mewɔa esia ɣesiaɣi si mekpɔ be mele ɣeyiɣi gblẽm ɖe eŋu akpa. Fifia mekpɔ be nye susu megale eŋu abe tsã ene o. Ne mewu nu si mebe mawɔ kplii nu vɔ la, ke eseƒee nye ema.”—Anne, exɔ ƒe 22.
Nyaawo Katã Ƒe Taƒonya
Nu bubu aɖe li si wòle be wòanɔ susu me na wò ku ɖe Internet dzi kadodowo ŋu. Be nàŋɔ ɖe nu si wònye me la, wɔ dzesi sia ✔ ɖe nya siwo gbɔna la dometɔ si nèsusu be ele eme la gbɔ.
Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, Internet dzi kadodowo nye . . .
(A) ․․․․․ asitsatsa.
(B) ․․․․․ hadomehabɔbɔ.
(D) ․․․․․ modzakaɖenu.
Kae nye ŋuɖoɖo nyuitɔ? Nyateƒe matrɔmatrɔa ye nye be esi ŋu ŋɔŋlɔdzesi A le lae. Nya la ŋutɔŋutɔe nye be Internet dzi hahoo kadodowo nye asitsamɔnu. Taɖodzinuae nye be woakpɔ viɖe to adzɔnuwo ƒe boblododowo koŋ me. Le boblodolawo gbɔ la, asixɔxɔ nɔa Internet dzi kadodo aɖe ŋu geɖe wu zi ale si amewo le gegem ɖe kadodoa me, eye wole nyatakakawo ɖom ɖe wo nɔewo le agbɔsɔsɔ gã me. Nya lae nye be, zi ale si wò ŋutɔ alo ame bubuwo le ɣeyiɣi zãm ɖe kadodoa me nɔnɔ ŋu la, zi nenemae mianɔ boblododowo hã kpɔm.
Esia nyanya ana nàkpɔe be ne èɖo nyatakaka ɖe ame gbogbo aɖewo alo nègblẽ ɣeyiɣi ɖe Internet zazã ŋu la, ɖeko wòade dɔwɔƒe siwo kpɔa Internet kadodowo dzi la dzi, eye boblodolawo hã akpɔ viɖe geɖe. Eya ta ne èwɔa Internet dzi kadodowo ŋu dɔ la, dze agbagba ɖe sia ɖe be màgana ŋuwònyawo nakaka o, eye nàlé ŋku ɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe eŋu la hã ŋu.—g11-E 07.
LE “SƆHƐWO BIANA BE” . . . SI KPLƆ ESIA ÐO ME LA
Internet dzi kadodowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe bubu si le ŋuwò kple ame siwo nàdze xɔ̃e dzi. Le mɔ ka nu?
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.
b Internet dzi hahoo kadodo nye mɔnu aɖe si dzi amewo tona nɔa kadodo me kple xɔlɔ̃ tiatiawo to Internet dzi Nyatakakadzraɖoƒe dzi nenye be wole kadodoa me.
c Nyɔ! medea Internet dzi hahoo kadodo aɖeke zazã dzi alo ƒoa nu tsia tre ɖe eŋu o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be ale si wozãa Internet la wɔ ɖeka kple Biblia me mɔfiamewo.—1 Timoteo 1:5, 19.
d Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?” si dze le April-June 2011 ƒe Nyɔ! me, vevietɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Internet Dzi Hahoo Kadodowo Me Nɔnɔ Mam” si le axa 18 lia.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]
Exɔ ƒe 38 hafi ame miliɔn 50 dze radiozazã gɔme
[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]
Le ƒe 1 pɛ ko me nyitsɔ laa la, ame siwo wu miliɔn 200 ye va nɔ Internet dzi kadodomɔnu si nye Facebook la zãm
[Aɖaka si le axa 15]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Mia kple dziwòlawo miɖo dze tso nu siwo màʋu goe le Internet dzi o la ŋu. Nu kawoe masɔ be nàgblɔ na ame aɖeke o, eye nu ka tae? Nu kawoe masɔ be nàda ɖe Internet dzi le mɔ aɖeke nu o? Azɔ hã, na dziwòlawo naɖo aɖaŋu na wò ku ɖe ale si nàda asɔ le Internet dzi kadodowo, kpakple dzeɖoɖo kple ame ŋkume kple ŋkume ŋu. Ðe wokpɔe be ehiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewoa? Woawoe nye kawo?
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Ðewohĩ ame geɖe kpɔa nu siwo nèwɔna le Internet dzi kadodowo me wu ale si nèsusui
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ɣeyiɣi le abe ga ene. Ne èzã ye katã ɖe nu ɖeka ŋu la, ɖeke masusɔ nàzã le hiãɣi o