Sɔhɛwo Biana Be
Nu kae wòle be manya tso Internet dzi hahoo kadodowo ŋu?—Akpa 2
Ŋlɔ xexlẽdzesiwo ɖe nya siwo gbɔna la ŋu ɖe ɖoɖo si nu wole vevie na wò wu nu.
․․․․․ ŋunyenyawo
․․․․․ nye ɣeyiɣi
․․․․․ bubu si le ŋunye
․․․․․ ame siwo medzea xɔ̃e
NU SIAWO dometɔ ka ŋue nèŋlɔ xexlẽdzesi gbãtɔ ɖo si fia be eyae le vevie na wò wu? Nu ate ŋu agblẽ le ŋuwò le esi nètia, kpakple bubuawo hã gome ne ènɔa Internet dzi hahoo kadodowo me.
Ðe wòle be nànɔ Internet dzi hahoo kadodo aɖe me ya? Ne dziwòlawo gbɔe nèle la, ke woawoe wòle be woatso nya me.a (Lododowo 6:20) Viɖewo kple afɔkuwo siaa le Internet dzi hahoo kadodowo me nɔnɔ me, abe ale si ko wòle le Internet zazã ƒe mɔnu bubuawo katã kloe hã gome ene. Ne dziwòlawo medi be nàzãe o la, ke ele be nàɖo to wo.—Efesotɔwo 6:1.
Gake ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nàzãe la, aleke nàwɔ aƒo asa na afɔku siwo le ezazã me? “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati gbãtɔ si dze le Nyɔ! ƒe tata sia me la dzro nu eve siwo ŋu wòle be nànɔ ŋudzɔ ɖo la me. Woawoe nye ŋuwònyawo kple wò ɣeyiɣi. Le nyati sia me la, míahe susu ayi nu eve bubu dzi—bubu si le ŋuwò kple ame siwo nèdzea xɔ̃e.
BUBU SI LE ŊUWÒ
Be nàde bubu ɖokuiwò ŋu fia be nàɖɔ ŋu ɖo bena amewo nagakpɔ nane le ŋuwò si ana woabu wò ame gbegblẽe o. Tsɔe be èƒle ʋu yeye aɖe; eƒe afi aɖeke meƒlɔ alo nyè ɖe eme o. Màdi be wòanɔ alea ɖaa oa? Aleke nàse le ɖokuiwò me ne wò ŋumaɖɔɖo wɔe be èkpɔ ʋufɔku, eye ʋua gblẽ keŋkeŋ?
Nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe bubu si le ŋuwò dzi ne èƒo ɖokuiwò ɖe Internet dzi kadodowo me. Ðetugbui si ŋkɔe nye Cara gblɔ be: “Foto alo nya aɖe si nàda ɖe Internet dzi ŋumaɖɔɖotɔe la ate ŋu ana bubu si le ŋuwò naklo.” Le kpɔɖeŋu me, bu ale si nu siwo gbɔna la ate ŋu ana bubu si le ŋuwò naklo ŋu kpɔ:
● Wò fotowo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome.” (1 Petro 2:12) Nu kae nède dzesii le foto siwo amewo dana ɖe woƒe Internet dzi nyatakakadaɖoƒewo ŋu?
“Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔa ame aɖe si ŋu medea bubui ŋutɔ la ƒe foto siwo me wòwɔ eɖokui abe ɖe wòmu aha ene le.”—Ana, exɔ ƒe 19.
“Medze si nyɔnuvi aɖewo siwo ɖea foto siwo me wodoa awu si mia wo le. Ne medo go amea ŋutɔ la, eƒe dzedzeme toa vovo kura na esi mekpɔ le Internet dzi.”—Cara, exɔ ƒe 19.
Ne èkpɔ ame aɖe ƒe foto le Internet dzi, eye (1) edo awu si nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me alo (2) edze abe ɖe wòmu aha ene la, aleke nàbu tso eƒe agbenɔnɔ ŋu?
1 ․․․․․
2 ․․․․․
● Wò nyawo. Efesotɔwo 4:29 gblɔ be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o.” Ame aɖewo de dzesii be nya madzetowo, ameŋunyagbɔgblɔ, alo gbegblẽnyawo gbɔgblɔ yia edzi le Internet dzi kadodowo me.
“Ame aɖewo meɖɔa ŋu ɖo le nya si woŋlɔna dana ɖe Internet dzi me o. Ewɔna na wo be nya madzetowo xexlẽ le Internet dzi meɖea fu abe ne wogblɔe wose ene o. Gake ne mèdzu ame o gɔ̃ hã la, ahiãnyawo, gbetɔame, alo nya ƒaƒãwo gɔ̃ hã ate ŋu ado le nuwò.”—Danielle, exɔ ƒe 19.
Èsusu be nu ka gbɔe wòtso be ame geɖe meɖɔa ŋu ɖo ne wole nyawo ŋlɔm le Internet dzi o?
․․․․․
Ðe wòhiã be ame natsɔ ɖe le nya kple foto siwo wòdana ɖe Internet dzi mea? Ɛ̃, ehiã! Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jane gblɔ be: “Enye nya vevi aɖe si me míedzro le suku. Míeƒo nu tso ale si dɔtɔwo yia Internet dzi ɖakpɔa nu si ame siwo le dɔ dim la da ɖe woƒe nyatakakadaɖoƒe, bene yewoanya woƒe agbenɔnɔ la ŋu.”
Agbalẽnyala B. J. Fogg gblɔ le agbalẽ aɖe (Facebook for Parents) me be yewɔa esia ne yele dɔwɔviwo dim. Egblɔ be: “Mekpɔe be esia wɔa akpa vevi aɖe le ame nyuitɔ tiatia me. Ne mete ŋu ke ɖe Eŋutinyawo ŋu le Internet dzi, eye mekpɔ nu manyatalenuwo la, eƒe nu medzea ŋunye o. Nyemaxɔe ɖe dɔ me o, elabena ele be ame siwo wɔa dɔ kplim la nanye ame ɖɔŋuɖowo.”
Ne Kristotɔe nènye la, nu vevi bubu aɖe li si ŋu wòle be nàbu. Eyae nye ale si wò nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi, woɖanye haxɔsetɔwo loo alo womenye haxɔsetɔwo o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Míewɔa naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o.”—2 Korintotɔwo 6:3; 1 Petro 3:16.
Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
Ne dziwòlawo ɖea mɔ na wò be nànɔ Internet dzi kadodowo me la, lé ŋku ɖe wò fotowo ŋu, eye nàbia ɖokuiwò be: ‘Nya ka gblɔmee foto siawo le tso ŋunye? Aleae medi be amewo nabu tso ŋunyea? Ðe ŋu akpem ne dzinyelawo, Hamemetsitsi aɖe, alo ame aɖe si ate ŋu axɔm ɖe dɔ me kpɔ foto siawoa?’ Ne èɖo biabia mamlɛtɔ ŋu be ɛ̃ la, ke ele be nàwɔ tɔtrɔwo. Nu siae Kate, si xɔ ƒe 21 wɔ. Egblɔ be: “Hamemetsitsi aɖe ƒo nu nam tso foto si meda ɖe nye nyatakakadaɖoƒea ŋu, eye meda akpe ɖe esia ta. Menya be esi wòdi be bubu nakpɔtɔ anɔ ŋunye tae wòwɔ esia ɖo.”
Azɔ hã, dzro nya siwo nèŋlɔ ɖe wò nyatakakadaɖoƒea, kpakple esiwo ame bubuwo ŋlɔ ɖo ɖe wò la me nyuie. Mègaɖe mɔ ɖe “bometsinyagbɔgblɔ” alo ‘fefenya madzetowo’ ŋu o. (Efesotɔwo 5:3, 4) Jane, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo aŋlɔ nya baɖabaɖawo kple nyamenyawo aɖo ɖe wò. Togbɔ be menye wòe ŋlɔ wo o hã la, ate ŋu ana amewo nabu susu gbegblẽ ɖe ŋuwò, elabena wò nyatakakadaɖoƒeae wokpɔe le.”
Le fotowo kple nya siwo nèŋlɔna gome la, afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be nàtsɔ akpɔ bubu si le ŋuwò ta?
․․․․․
AME SIWO NÈDZEA XƆ̃E
Ne èƒle ʋu yeye la, ɖe nàɖe mɔ na ame sia ame ko be wòaɖoea? Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nànɔ Internet dzi kadodo aɖe me la, nyametsotso sia tɔgbi dze ŋgɔwò ku ɖe ame si nàlɔ̃ be wòanye xɔ̃wò ŋu. Ame kae nàtia be yeadze xɔ̃e?
“Ame aɖewo ƒe taɖodzinu koe nye be xɔlɔ̃ geɖewo nanɔ yewo si. Edzea wo ŋu ne xɔlɔ̃wo le wo si zã. Wodzea xɔ̃ ame siwo womedze sii o gɔ̃ hã.”—Nayisha, exɔ ƒe 16.
“Internet dzi kadodowo ate ŋu ana nàgado ka kple ame siwo mia kpli wo miede ha kpɔ va yi. Gake ɣeaɖewoɣi la, anyo wu ne ètso kadodo me kple ame aɖewo keŋkeŋ.”—Ellen, exɔ ƒe 25.
Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
Aɖaŋuɖoɖo: Tia wo me nyuie. Dzro xɔ̃wòwo ƒe ŋkɔwo siwo le wò nyatakakadaɖoƒe la me, eye nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, bia ɖokuiwò be:
1. ‘Ðe menya ame si ƒomevi wònye ŋutɔŋutɔa?’
2. ‘Foto kple nya ka ƒomeviwoe wòdana ɖe Internet dzi?’
3. ‘Ðe xɔlɔ̃ sia le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe nye agbe dzia?’
“Zi geɖe la, metoa ‘xɔ̃nyewo ƒe ŋkɔwo’ me ɣleti sia ɣleti. Ne mekpɔ ame aɖe le wo dome si ƒe nɔnɔme medze ŋunye o alo ame aɖe si nyemedze si nyuie o la, meɖea eƒe ŋkɔ ɖa.”—Ivana, exɔ ƒe 17.
Aɖaŋuɖoɖo: Ame siwo nàdze xɔ̃e ŋuti dzidzenu nenɔ asiwò. Mègalɔ̃ be ame sia ame ko nanye xɔ̃wò le Internet dzi kadodowo me o, abe ale si ko màwɔe le ame siwo nèdoa goe gome o ene. (1 Korintotɔwo 15:33) Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Leanne gblɔ be: “Nu si mewɔnae nye esi: Ne nyemedze si wò o la, nyemaɖe mɔ na wò be nànye xɔ̃nye o. Ne mekpɔ nane le wò nyatakakadaɖoƒe si menyo ŋunye o la, maɖe wò le ‘xɔ̃nyewo ƒe ŋkɔwo’ dome.” Ame bubuwo hã wɔa nu sia tɔgbi.
“Menye ame sia ame koe medzea xɔ̃e o. Ne nyemewɔe alea o la, nu ate ŋu agblẽ le ŋunye.”—Erin, exɔ ƒe 21.
“Ame siwo mía kpli wo míede suku kpɔ la bia tso asinye be kadodo nanɔ mía kpli yewo dome. Gake esi menɔ suku la, medze agbagba vevie be maƒo asa na wo; ke nu ka tae madi be madze xɔ̃ wo fifia?”—Alex, exɔ ƒe 21.
Ŋlɔ dzidzenu siwo dzi nàdi be yeazɔ ɖo le ame siwo nàdze xɔ̃e gome la ɖe fliawo dzi.
․․․․․
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyɔ! medea Internet dzi hahoo kadodo aɖeke zazã dzi alo ƒoa nu tsia tre ɖe eŋu o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be ale si wozãa Internet la wɔ ɖeka kple Biblia me mɔfiamewo.—1 Timoteo 1:5, 19.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]
Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta.”—Lododowo 22:1
[Aɖaka si le axa 18]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Mia kple dziwòlawo midzro nyati sia kpakple “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati gbãtɔ si dze le Nyɔ! ƒe tata sia me. Midzro ale si wò Internet zazã le ŋusẽ kpɔm ɖe dziwò le nu siawo gome: (1) ŋuwònyawo, (2) wò ɣeyiɣi, (3) bubu si le ŋuwò, kple (4) ame siwo nèdzea xɔ̃e.
[Aɖaka si le axa 19]
NA DZILAWO
Anɔ eme be viwòwo nya nu tso Internet zazã ŋu wu wò. Gake womate ŋu aɖɔ ŋu ɖo le ezazã me abe wò ene o. (Lododowo 1:4; 2:1-6) Aƒenɔ Parry Aftab, si srɔ̃ nu tso Internet zazã le mɔ nyuitɔ nu ŋu, gblɔ be: “Ðeviwo nya nu geɖe le mɔɖaŋunuwo ŋu. Ke dzilawo ya kpɔ nuteƒe le agbe me wu.”
Internet dzi hahoo kadodowo me nɔnɔ va bɔ le ŋkeke siawo me. Ðe viwòa nya ale si wòawɔ eŋu dɔ nyuiea? Wòe atso nya me. Abe ale si ko le ɖeviwo gome la, ʋukuku, gadzadzraɖo ɖe gadzraɖoƒe, alo agbananuƒlegbalẽvi zazã ate ŋu ahe kuxiwo vae ene la, nenema kee wòle le Internet dzi kadodowo me nɔnɔ hã gome. Le mɔ ka nu?
EŊUTI NYAWO. Sɔhɛ geɖe mese nu si tae mele be woagblɔ nya geɖe fũu akpa tso wo ɖokui ŋu le Internet dzi gɔme o. Ne woƒo nu tso afi si wole, afi si wodea suku le, alo woƒe aƒemenɔɣiwo kple godoɣiwo ŋu la, esia ate ŋu agblẽ nu le ƒomea ƒe dedienɔnɔ ŋu.
Nu si nàte ŋu awɔ. Esi viwòwo nɔ sue la, èfia wo ale si woakpɔ ʋumɔ me nyuie hafi atso eme. Ke azɔ esi wotsi la, ele be nàfia wo ale si woazã Internet le mɔ nyuitɔ nu. Xlẽ nu tso ale si wòhiã be woaɖɔ ŋu ɖo le goʋuʋu nya siwo ku ɖe ame ɖokui ŋu la ŋu le “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati si do ŋgɔ na esia me. Azɔ hã, xlẽ nyati siwo dze le October-December 2008 ƒe Nyɔ! me, axa 3-9. Eyome nàdzro eme kple viwòa. Dze agbagba nàkpe ɖe eŋu wòawɔ “nunya vavã kple tamebubu” ŋu dɔ nyuie le Internet zazã me.—Lododowo 3:21.
ƔEYIƔI. Kadodo kple amewo le Internet dzi ate ŋu azu numame. Rick, si xɔ ƒe 23, gblɔ be: “Esi mete kadodo kple amewo le Internet dzi ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe koe wòzu numame nam. Menɔa kɔmpiuta ŋkume gaƒoƒo geɖe nɔa fotowo kpɔm henɔa nyawo xlẽm.”
Nu si nàte ŋu awɔ. Xlẽ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?” si dze le April-June 2011 ƒe Nyɔ! me, eye nàdzro eme kple viwòwo. Dzro aɖaka si ƒe tanyae nye “Internet Dzi Hahoo Kadodowo Me Nɔnɔ Mam,” si dze le axa 18 la me nyuie. Kpe ɖe viwòa ŋu “wòada asɔ le nuwɔna me,” eye wòaɖo ɣeyiɣi ɖi hena Internet zazã ahawɔ edzi. (1 Timoteo 3:2) Ðo ŋku edzi nɛ be nu bubu geɖewo li wòate ŋu awɔ le agbe me tsɔ wu kadodo kple amewo le Internet dzi!
BUBU. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me, ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.” (Lododowo 20:11, Agbenya La) Alea tututue wòle le Internet zazã hã gome! Gawu la, esi ame bubu geɖewo nɔa Internet dzi kadodowo me ta la, nu si viwòwo dana ɖe Internet dzi la ate ŋu agblẽ nu le bubu si le wo ŋu, kpakple ƒomea hã tɔ siaa ŋu.
Nu si nàte ŋu awɔ. Ele be ɖeviwo nanya be nu si wodana ɖe Internet dzi la ɖea ame si ƒomevi wonye fiana. Ele be woase nya nyanyɛ sia gɔme, Nu si woda ɖe Internet dzi la tsia edzi ɖikaa. Aƒenɔ Gwenn Schurgin O’Keeffe gblɔ le eƒe agbalẽ si nye CyberSafe me be: “Esesẽna na ɖeviwo be woase egɔme be nu si woda ɖe Internet dzi la tsia edzi ɖikaa, ke hã ehiã be woanya nya sia ƒe vevienyenye. Mɔ aɖe si dzi woato afia ɖeviwo ale si woawɔ Internet ŋu dɔ nyuie le ye nye be woana woase egɔme be ne nya aɖe li womagblɔ na ame aɖeke o ko la, mele be wodae ɖe Internet dzi hã o.”
XƆLƆ̃WO. Ðetugbui si ŋkɔe nye Tanya, si xɔ ƒe 23, gblɔ be: “Sɔhɛ geɖe dina be yewoaxɔ ŋkɔ, eya ta wolɔ̃na faa dzea ‘xɔlɔ̃’ ame siwo womedze sii o, kpakple ame siwo menɔa agbe ɖɔʋu o gɔ̃ hã.”
Nu si nàte ŋu awɔ. Kpe ɖe viwòa ŋu wòaɖo dzidzenuwo na eɖokui ku ɖe ame siwo wòadze xɔ̃e ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Alicia, si xɔ ƒe 22 la medzea xɔ̃ ame siwo nye exɔlɔ̃wo ƒe xɔlɔ̃wo le Internet dzi o. Egblɔ be: “Ne nyemedze si wò o, alo nyemedo go wò kpɔ o la, nyematsɔ wò akpe ɖe xɔ̃nyewo ŋu le esi xɔ̃nye aɖe nye xɔ̃wò ta ko o.”
Tim kple Julia, siwo nye atsu kple asi aɖe, ge ɖe Internet dzi kadodo aɖe me bene yewoate ŋu adze si wo vinyɔnua xɔlɔ̃wo kpakple nu siwo wodana ɖe Internet dzi. Julia gblɔ be: “Míena wòtsɔ mí kpe ɖe eƒe Internet dzi xɔlɔ̃wo ŋu. Ne ele ha dem kple amewo to Internet dzi la, ɖeko wòsɔ kple wo kpekpe va aƒea me ene. Míedi be míanya ame si ƒomevi wonye.”—g11-E 08.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Abe ale si ko ʋu ate ŋu agblẽ ne wokui ŋumaɖɔɖotɔe la, nenema kee bubu ate ŋu aklo le ŋuwò ne mèɖɔ ŋu ɖo le nya kple foto siwo nèdana ɖe Internet dzi me o
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ðe nàkɔ ame tutɔ ɖe ʋu me le esi wòdi be nàkɔ ye ta koa? Ekema nu ka tae nàlɔ̃ adze xɔ̃ ame si mènya o le Internet dzi?