INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 March axa 9
  • Ame Kawoe Nèdzea Xɔ̃e Le Internet Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Nèdzea Xɔ̃e Le Internet Dzi?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Ale Si Míaƒo Asa Na Afɔkuawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nu kae wòle be manya tso Internet dzi hahoo kadodowo ŋu?—Akpa 2
    Nyɔ!—2011
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Siwo Wòle Be Dzilawo Nanya
    Nyɔ!—2008
  • Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 March axa 9

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ame Kawoe Nèdzea Xɔ̃e Le Internet Dzi?

Xɔlɔ̃e nye “ame si kuna ɖe ame bubu ŋu le esi wòlɔ̃e alo dea asixɔxɔ eŋu ta.” Le kpɔɖeŋu me, esi David wu Goliat megbea, eya kple Yonatan va zu xɔlɔ̃ veviwo. (1Sa 18:1) Nɔnɔme nyuiwo nɔ wo ame evea si, si na woƒe nu nyo wo nɔewo ŋu. Eya ta ame siwo nya wo nɔewo nyuiea ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me sẽna. Ebiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hafi ame nate ŋu anya ame bubu nyuie. Ke hã le Internet dzi hahokadoƒewoa, amewo te ŋu zua “xɔlɔ̃wo” le aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko me. Elabe ele bɔbɔe be ame siwo le hahokadoƒewoa naɣla ame si tututu wonye le nya siwo wogblɔna tso wo ɖokuiwo ŋu ta, eye amewo xɔa wo dzi sena. Eya ta anyo be nàde ŋugble nyuie le ame siwo nàdze xɔ̃e le Internet dzia ŋu. Ne ame aɖe si mènya o di be yeadze xɔ̃ wò le Internet dzia, mègavɔ̃ be yeagbe o le esi nèsusu be ate ɖe edzi ta o. Le afɔku siwo le Internet dzi hahokadoƒewo zazã me taa, ame aɖewo tiae be yewomazãe kura o. Gake ne ètiae be yeazã Internet dzi hahokadoƒe aɖea, nu kawo ŋue wòle be nàbu?

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ INTERNET DZI HAHOKADOƑEWO NUNYATƆE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe.” Nyɔnuvi aɖe kpɔ be woda yeƒe fotowo ɖe TV dzi eye eƒe nu koe ku.

    Nu kawo ŋue wòle be nàbu hafi aŋlɔ nu alo ada fotowo ɖe Internet dzi hahokadoƒewo?

  • Fotoa tso video sia me: “Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe.” Woda nyɔnuvi nyakpɔ aɖe ƒe foto kple gakuwo ɖe nudzidze dzi. Fotoa kpe wu gakuawo.

    Nu ka tae wòle be nàɖɔ ŋu ɖo le ame siwo nàdze xɔ̃e le Internet dzia ŋu?

  • Fotoa tso video sia me: “Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe.” Ŋutsu eve aɖewo siwo nye gbevuwoa tsɔ nane le ŋutsuvi aɖe fiam le Internet dzi eye ŋutsuvia tsyɔ asi ŋkume.

    Nu ka tae wòle be nàɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si nèzãna ɖe Internet dzi hahokadoƒewo ŋu?—Ef 5:15, 16

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe