INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/11 axa 30-31
  • Ƒomea Nadzro Eme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomea Nadzro Eme
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Mede Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu O?
  • Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2011
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2012
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2012
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 10/11 axa 30-31

Ƒomea Nadzro Eme

Nu Kae Mede Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu O?

Mixlẽ 2 Fiawo 5:1, 9-16, 20-27. Fifia lé ŋku ɖe nɔnɔmetata sia ŋu. Nu kawoe mede le eŋu o? Ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fli siwo le ete la dzi. Te fli tso xexlẽdzesi gbãtɔ dzi va se ɖe mamlɛtɔ dzi nàtsɔ awu nɔnɔmetataa nui, eye nàde amae.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

3. ․․․․․

[Nuwo ƒe nɔnɔme]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

NUMEDZODZRO:

Alakpa eve kawoe Gexazi da?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Fiawo 5:22, 25.

Ame kae nya be Gexazi nɔ alakpa dam?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Fiawo 5:25, 26; 2 Kronika 16:9; Hebritɔwo 4:13.

Nu ka tae mele be nàda alakpa o ɖo?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Lododowo 12:22; Yohanes 8:44.

ƑOMEA NAWƆE:

Mixlẽ Biblia me ŋutinya sia ɖekae. Ne anya wɔ la, ame ɖeka naxlẽ nyameɖela la ƒe nyawo, ame evelia naxlẽ Elisa tɔ, ame etɔ̃lia naxlẽ Naeman kple eƒe dɔlawo tɔ, eye ame enelia naxlẽ Gexazi tɔ.—g11-E 08.

Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e

Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 7 PETRO

BIABIAWO

A. Nu ka tae Petro de asi toyiyi me ɖo?

B. Nyateƒee nya sia nye loo alo aʋatsoe? Petro meɖe srɔ̃ kpɔ o.

D. Esi subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ na apostoloawo be woadzudzɔ nufiafia la, Petro kple apostolo mamlɛawo ɖo eŋu be: “Ele be . . . ”

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

alafa gbãtɔ M.Ŋ. me gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Enɔ Betsaida kple Kapernaum

GALILEA

Kapernaum

Betsaida

Galilea Ƒu

PETRO

EŊUTI NYA

Enye tɔƒodela dovevienu si va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka. Yesu tia Petro be wòanye yeƒe apostolo, alo ame dɔdɔ 12-awo dometɔ ɖeka. Petro ƒe numenyawo dze le Nya Nyui Gbalẽ eneawo me wu apostolo mamlɛawo tɔ. Yehowa to edzi wɔ dɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe kple ‘ŋusẽdodo nɔviawo’ me.​—Luka 22:​32; Marko 3:​13-⁠19.

ŊUÐOÐOAWO

A. Eke ɖi.​—Mateo 14:28-31.

B. Aʋatsoe.​—Marko 1:29-31; Yohanes 1:42; 1 Korintotɔwo 9:5.

D. “. . . míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”​—Dɔwɔwɔwo 5:18, 27-29.​—g11-E 07.

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 8 XIZKIYA

BIABIAWO

A. Ƒe nenie Xizkiya xɔ hafi zu Yuda fia?

B. Ƒe nenie Yehowa tsɔ kpe ɖe Xizkiya ƒe agbenɔƒewo ŋu nukutɔe?

D. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Le Xizkiya ƒe gbedodoɖawo kple nuteƒewɔwɔ ta la, Yehowa dɔ mawudɔla ɖeka ɖa wòva wu Asiria asrafo ․․․․․.

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

700 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Enɔ Yerusalem

ASIRIA

Yerusalem

XIZKIYA

EŊUTI NYA

Enye fia wɔnuteƒe si na wodzra Mawu ƒe gbedoxɔa ɖo bena amewo nagasubɔ Mawu le afi ma. Eɖe nu siwo wozãna le alakpasubɔsubɔ me la ɖa, eye wòde dzi ƒo na dukɔa be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. (2 Fiawo 18:4; 2 Kronika 29:3; 30:1-6) Togbɔ be Fia Axaz, si nye Xizkiya fofo, ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽ hã la, Xizkiya “[ku] ɖe Yehowa ŋu.”​—2 Fiawo 18:6.

ŊUÐOÐOAWO

A. Exɔ ƒe 25.​—2 Fiawo 18:1, 2.

B. Ƒe 15.​—2 Fiawo 20:1-6.

D. 185,000.​—2 Fiawo 19:15, 19, 35, 36.​—g11-E 08.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe