Ƒomea Nadzro Eme
Vovototo Kae Le Wo Dome?
Ðe nàte ŋu ade dzesi vovototo etɔ̃ siwo le nɔnɔmetata A kple B domea? Ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fli siwo le ete la dzi, eye nàde ama nɔnɔmetataawo.
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Yesaya 6:1-8.
1. ․․․․․
2. ․․․․․
3. ․․․․․
4. Nɔnɔmetataawo dometɔ kae nye dedietɔ, A alo B?
NUMEDZODZRO:
Nɔnɔme nyui kawoe le Yesaya si? Aleke nàɖee afia be ènye ɖokuibɔbɔla kple ame si lɔ̃na faa be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Psalmo 110:3; Mateo 28:19, 20.
ƑOMEA NAWƆE:
Na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe naku nu me tso dɔ siwo mawudɔlawo wɔna ŋu. Emegbe miadzro nufiame siwo dze le nu siwo ŋu mieke ɖo la me ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, dɔ siwo mawudɔlawo wɔna la dometɔ aɖewoe nye kawo?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Psalmo 34:8; Hebritɔwo 1:14; Nyaɖeɖefia 14:6, 7.
Ðe ɖoƒe kple dɔ tɔxɛwo le mawudɔlawo sia?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Psalmo 103:19-21.
Ðe mawudɔlawo bɔbɔa wo ɖokui helɔ̃na faa be yewoakpe ɖe amewo ŋua?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:17, 18; Luka 22:43; Nyaɖeɖefia 22:8, 9.—g11-E 12.
Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo
YEREMIYA BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 9
BIABIAWO
A. Biblia gbalẽ ene kawoe Yehowa to Yeremiya dzi ŋlɔ?
B. Yeremiya meɖe srɔ̃ o. Nyateƒee alo aʋatsoe?
D. Wu Yeremiya ƒe nya siawo nu: “[Mawu ƒe nya la nɔa] nye dzi me abe . . . ”
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ
650 D.M.Ŋ. lɔƒo Biblia gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Enɔ Yerusalem. Ezɔ mɔ yi Frat Tɔsisia nu kpakple Egipte hã—Yeremiya 13:1-9; 43:8-13
Yerusalem
Frat
EGIPTE
YEREMIYA
EŊUTI NYA
Hafi woadzii la, Mawu tiae be wòava nye nyagblɔɖila. (Yeremiya 1:1-5) Yeremiya subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 65 kple edzivɔ. Togbɔ be Yeremiya se le eɖokui me be nuteƒekpɔkpɔ mesu ye si o, eye wòvɔ̃ hã la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò.”—Yeremiya 1:6-8.
ŊUÐOÐOAWO
A. Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Evelia, Yeremiya kple Konyifahawo.
B. Nyateƒee.—Yeremiya 16:1-4.
D. “. . . dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene.”—Yeremiya 20:9.—g11-E 09.
SALOMO BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 10
BIABIAWO
A. Esi Salomo do gbe ɖa la, mebia kesinɔnuwo alo agbe didi o, ke boŋ nu kae wòbia?
B. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Salomo do lo ․․․․․, eye eƒe hakpakpawo le ha ․․․․․.
D. Ŋkɔ bubu ka hãe nɔ Salomo si?
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ
1000 D.M.Ŋ. lɔƒo Biblia gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Seba fianyɔnu la zɔ mɔ abe kilometa 2,400 ene be yeava se Salomo ƒe nunya
SEBA
Yerusalem
SALOMO
EŊUTI NYA
Enye David kple Bat-Seba viŋutsu evelia. Salomo ɖu Israel dzi ƒe 40. Etu xɔ gã aɖe si me wodea ta agu na Yehowa le. (1 Fiawo 5:2-5) Yehowa na Salomo ŋlɔ Biblia gbalẽ siwo nye Lododowo, Nyagblɔla kple Hawo ƒe Ha. Ede ha gbegblẽ kple dutanyɔnuwo, eye esia na wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.—1 Fiawo 11:1-6.
ŊUÐOÐOAWO
A. Dzi nyanu.—1 Fiawo 3:5-14.
B. 3,000, 1,005.—1 Fiawo 4:29, 32.
D. Yedidya, si gɔmee nye “Ame si Yehowa lɔ̃.”—2 Samuel 12:24, 25.—g11-E 10.
YOSEF BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 11
BIABIAWO
A. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Yosef nɔviwo yɔe be “ ․․․․․,” eye wodzrae klosalo ․․․․․ be wòazu kluvi.
B. Esi Potifar srɔ̃ ƒoe ɖe Yosef nu be wòadɔ ye gbɔ la, egbe gbidii heɖo eŋu nɛ be, “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye . . . ”
D. Nu ka tae Farao na Yosef zu Egipte dziɖula ƒe gɔmenɔla?
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ
1700’s D.M.Ŋ. lɔƒo Biblia gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Wokplɔe tso Dotan yi Egipte
Dotan
EGIPTE
YOSEF
EŊUTI NYA
Enye Yakob kple Raxel viŋutsuvi gbãtɔ. (1 Mose 35:24) Nɔviaŋutsuwo ʋã ŋui, eye wodzrae be wòanye kluvi le Egipte, afi si wòzu kluvi kple gamenɔla le anɔ ƒe 13 sɔŋ. Yosef meɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na nɔviawo o, etsɔe ke wo, elabena wotrɔ dzi me. (1 Mose 50:15-21) Togbɔ be enɔ adzɔge ʋĩi tso wo de hã la, ede bubu Yehowa ŋu, enɔ agbe dzadzɛ, edo vevie dɔwɔwɔ, eye wòɖee fia be woate ŋu aka ɖe ye dzi.—1 Mose 39:1-23.
ŊUÐOÐOAWO
A. Drɔ̃ekula, 20.—1 Mose 37:19, 28.
B. “. . . mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”—1 Mose 39:9.
D. Enya be Mawu ƒe gbɔgbɔa na be Yosef zu nunyala kple aɖaŋudzela.—1 Mose 41:38-41.—g11-E 11.
YESAYA BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 12
BIABIAWO
A. Ame kae kplɔ Yesaya ɖo woyi ɖade gbe asi na Fia Axaz?
B. Esi Yehowa bia be, “Ame ka madɔ” la, aleke Yesaya ɖo eŋui?
D. Yesaya gblɔe ɖi be: ‘Sidzedze Yehowa axɔ . . . ’
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ
700 D.M.Ŋ. lɔƒo Biblia gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Enɔ Yerusalem
Yerusalem
YESAYA
EŊUTI NYA
Enye nyagblɔɖila wɔnuteƒe. Eye wo kple eƒe ƒomea wodea ta agu na Mawu ɖekae. Ale si wòsubɔa Mawui la nye kpɔɖeŋu nyui na eƒe ƒomea. Woyɔ srɔ̃a be “nyɔnu nyagblɔɖila.” ( Yesaya 7:3; 8:3, 18) Ne mede ɖeke o la, Yesaya wɔ nyagblɔɖidɔ ƒe 46. Eƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa ƒe Xɔname.”
ŊUÐOÐOAWO
A. Via, Sear-Yasub.—Yesaya 7:3.
B. “Nyee nye esi, dɔm!”—Yesaya 6:8.
D. ‘. . . anyigba la dzi.’—Yesaya 11:9.
Àte ŋu atsɔ printer awɔ “Ƒomea Nadzro Eme” ƒe kɔpi bubuwo le www.pr2711.com
● “ƑOMEA NADZRO EME” ƒe ŋuɖoɖoawo le axa 24
AXA 29 ƑE ŊUÐOÐOWO
1. Aʋala enee le mawudɔlaa si le nɔnɔmetata gbãtɔ me, ke adee le esi le evelia me.
2. Mawudɔlaa lé abè ɖe asi le nɔnɔmetata ɖeka me, ke elé yi ɖe asi le kemɛa me.
3. Le nɔnɔmetata ɖeka me la, dzokaa ka Yesaya ƒe nuyiwo, gake eka eƒe asiwo le kemɛa me.
4. B.