Ƒomea Nadzro Eme
Vovototo Kae Le Wo Dome?
Ðe nàte ŋu ade dzesi vovototo etɔ̃ siwo le nɔnɔmetata A kple B domea? Ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fli siwo le ete la dzi, eye nàde ama nɔnɔmetataawo.
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Samuel 16:1-3, 6-13.
1. ․․․․․
2. ․․․․․
3. ․․․․․
4. Nɔnɔmetataawo dometɔ kae nye dedietɔ, A alo B?
NUMEDZODZRO: Nu ka ŋue Yehowa ƒe ŋku nɔna le ame ŋu? Nya si Biblia gblɔ be ‘Yehowa kpɔa keke dzi me ke’ la gɔme ɖe?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Yeremiya 17:10.
Amegbetɔ ƒe gotagome dzedzeme ye le vevie na Yehowa?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Lododowo 11:22; 31:30; 1 Petro 3:3, 4.
Nɔnɔme kawoe ana nàdze ɖeka alo adze tugbe le Mawu ŋkume?
KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Luka 10:27; 2 Petro 1:5-8.
ƑOMEA NAWƆE:
Mixlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23. Miŋlɔ gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ƒe akpa asiekeawo ɖekaɖeka ɖe pepa kakɛwo dzi. Mitia ƒomea me tɔ ɖeka miatsɔ nu alé pepa siawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe dzimegbe. Migana amea nakpɔ gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ƒe akpa si wònye o. Azɔ amea nabia nya vovovowo be yeatsɔ anya kutsetsea ƒe akpa si wònye. Ƒomea me tɔ susɔeawo nagblɔ ɛ̃ alo ao ko atsɔ anɔ eƒe biabiaawo ŋu ɖom.—g12-E 03.
Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 13 HIOB
BIABIAWO
A. Vi nenie va le Hiob si? Viŋutsu ․․․․․ kple vinyɔnu ․․․․․.
B. Hiob ƒe nu kawo domee Satana gblẽ?
D. Wu Hiob ƒe nyagbɔgblɔ sia nu: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu . . .”
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia
1600 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Enɔ Uz
ŊUGBEDODONYIGBA
EGIPTE
UZ?
HIOB
EŊUTI NYA
Enye ‘ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe’ le Mawu ŋkume. (Hiob 1:8) Togbɔ Hiob srɔ̃ kple ame bubuwo gblɔ nɛ be wòadzudzɔ Mawu subɔsubɔ hã, medzudzɔ o. (Hiob 1:20-22; 2:9, 10) Eƒe dzidodo kple nu nyui siwo do tso eme nɛ la dea dzi ƒo na míawo hã be míawɔ nuteƒe le dodokpɔwo me.—Hiob 42:12-17; Yakobo 5:11.
ŊUÐOÐOAWO
A. 14, 6.—Hiob 1:2; 42:13.
B. Eƒe lãhawo, eƒe dɔlawo, viawo, kple eƒe lãmesẽ.—Hiob 1:13-19; 2:4-7.
D. “. . . va se ɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.—g12-E 01.
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 14 SAMUEL
BIABIAWO
A. Samuel fofo ŋkɔe nye ․․․․․ eye dadaa ŋkɔe nye ․․․․․.
B. Biblia ƒe agbalẽ kawoe Yehowa na Samuel ŋlɔ?
D. Wu Biblia ƒe nya sia nu: “Ke Samuel ɖevi la . . .”
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia
1100 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Wodzii le Rama—eʋu va tsi Silo
Rama
Silo
Yerusalem
SAMUEL
EŊUTI NYA
Edzilawo ‘kplɔe vɛ na Yehowa’ eye wode dzi ƒo nɛ tso ɖevime ke be wòatsɔ Mawu subɔsubɔdɔ awɔ eƒe agbemedɔe. (1 Samuel 1:24, 28) Togbɔ be Samuel kpɔ eteƒe esi nunɔla maɖianukwarewo nɔ amewo bam henɔ Mawu ƒe se dzi dam hã la, eya yi edzi wɔ nuteƒe, eto nyateƒe, eye dzi nɔ eƒo.—1 Samuel 2:22-26; 3:18, 19; 12:2-5, 17, 18.
ŊUÐOÐOAWO
A. Elkana kple Xana.—1 Samuel 1:19, 20.
B. Ʋɔnudrɔ̃lawo, Rut, kple Samuel Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe akpa aɖe.
D. “. . . tsi le Yehowa gbɔ.”—1 Samuel 2:21.—g12-E 02.
Àte ŋu atsɔ printer awɔ “Ƒomea Nadzro Eme” ƒe kɔpi bubuwo le www.jw.org
● “ƑOMEA NADZRO EME” ƒe ŋuɖoɖoawo le axa 14
AXA 30 ƑE ŊUÐOÐOWO
1. Gbɔ̃e le nɔnɔmetata gbãtɔ me, ke nyi ye le evelia me.
2. Vinyɔnuvi aɖe le nɔnɔmetata gbãtɔ me, gake mele evelia ya me o.
3. Waingolo le nɔnɔmetata gbãtɔ me, ke lãdzo si me ami le ye le evelia me.
4. B.