INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/12 axa 24-25
  • Dengi—Ŋudza Si Le Nu Gblẽm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dengi—Ŋudza Si Le Nu Gblẽm
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàkpɔ Dengi Adze Sii Ahanɔ Te Ðe Enu
  • Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?
    Nyɔ!—2003
  • Ŋkuléle ɖe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1993
  • Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe Edzi
    Nyɔ!—2003
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 1/12 axa 24-25

Dengi—Ŋudza Si Le Nu Gblẽm

“Morelos ƒe Lãmesẽdɔwɔƒe la . . . kple Emiliano Zapata Dua ƒe Aɖaŋudeha ƒe Lãmesẽhabɔbɔa le fifi ƒe kafukafugbalẽa tsɔm na Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe Fiaɖuƒe Akpataa ta . . . le esi wowɔ nu aduadu dzra woƒe nutoa me ɖo nyuie si wɔe be mu, siwo nana dengi la, mekpɔ teƒe aɖa azi ɖo ahadzi ɖe edzi o.”

SUSU vevi aɖe tae Mexico ƒe amegãwo tsi dzi ɖe mu siwo dea dɔ lã me na ame la ŋu ɖo. Mu ɖuame siawo kakaa dɔlékui vɔ̃ɖi aɖe si nana amewo xɔa ŋudza si woyɔna be dengi. Enye dɔ aɖe si tea ŋu wua ame, eye ame 57,000 ye xɔ dɔ sia le Mexico le ƒe 2010 me. Mexico nye dukɔ 100 kple edzivɔ siwo me dengi xɔ aƒe ɖo fifia la dometɔ ɖeka ko. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe akɔntabubu si wowɔ nyitsɔ laa la ɖee fia be ame siwo ade miliɔn 50 ye xɔa dɔ sia ƒe sia ƒe le xexea me godoo, eye anyigbadzinɔla eve le atɔ̃ ɖe sia ɖe me ate ŋu axɔ dɔ sia. Eya ta lãmesẽnyagbɔkpɔlawo de ɖoɖo aɖewo tò me be yewoatsɔ abu mo na mu siwo kakaa dengi dɔlékuia la dometɔ si nye Aedes aegypti, si ƒe ŋuti le ŋɔtaŋɔta la.a

Anyigba xɔdzowo dzi koŋue dengi xɔ aƒe ɖo, vevietɔ le tsidzaɣiwo kple dzɔdzɔmefɔkuwo, abe ahom sesẽwo kple tsiɖɔɖɔwo ene, ƒe dzɔdzɔ vɔ megbe; elabena Aedes mu la ɖaa eƒe aziwo ɖe afi sia afi si tsi xa ɖo.b Esi wònye be ame siwo le Latin Amerika kple Caribbean nutowo me la trɔa tsi ɖe tsizɔwo me ta la, lãmesẽnyagbɔkpɔlawo dea dzi ƒo na wo be woatu nu wo nu. Esia wɔnɛ be muwo metea ŋu va ɖaa azi ɖe tsia dzi o. Nu bubu si amewo wɔna be muwo nagadzi ɖe edzi o ye nye be woɖea nu sia nu si me tsi ate ŋu axa ɖo, abe taya xoxowo, ganugoewo, seƒoƒozewo kple aŋegoewo ene, ɖa le amenɔƒewo.

Ale Si Nàkpɔ Dengi Adze Sii Ahanɔ Te Ðe Enu

Zi geɖe la, atikewɔlawo mekpɔa dengi dzea sii kaba o, le esi dɔa ɖi dzamezã ta. Gake Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be ne èle ŋudza lém, eye nutsetseewo ƒo ɖe ŋuwò, wò ŋku to me, lãmekawo kple ƒunukpeƒeewo le vewòm la, ke anye be dengi ye. Ale si wònana ƒunukpeƒewo vea ame tae ame aɖewo yɔnɛ be ƒunukpeƒeŋudza ɖo. Enɔa ame ŋu ŋkeke atɔ̃ alo adre.

Ðɔktawo mekpɔ atike na dengi haɖe ya o, gake zi geɖe la, woate ŋu adae le aƒe me to ɖiɖiɖeme kple tsi geɖe nono dzi. Ke hã, ele be woanɔ ŋku lém ɖe ame siwo ŋu dɔa le la ŋu nyuie, elabena etea ŋu doa gã ɖe edzi va zua dengi si ƒomevi gblẽa nu le ʋukawo ŋu alo esi nana be ʋu mesina le lã me na ame nyuie o. Etea ŋu dzɔna be ŋudzaa naka ɖe eme na amea vie, eye wòadze abe ɖe wòle hayahayam ene hafi wòagava do gã ɖe edzi alea, eye ate ŋu awui gɔ̃ hã. Nu kawoe woatsɔ ade dzesii be dengi la le gã dom ɖe edzi? Dɔmeɖui si nu sẽ, xeɖeɖe enuenu, ʋu nanɔ dodom tso ame ƒe ŋɔti alo aɖulã me, nugododede nanyɔ yibɔɔ, eye ŋutigbalẽ naɖo loholoho ahabiã hẽe. Nu bubu siwo woatsɔ ade dzesi ame si ŋu dengi si ƒomevi nana be ʋu mesina le lã me na ame nyuie o lae nye dzodzodzoetsitsi, tsikɔwuame atraɖii, ame ƒe ŋutigbalẽ nafu ahafa, eye eƒe ʋu naɖiɖi.

Nublanuitɔe la, dɔlékuiwutikewo metea ŋu daa dengi o, elabena dɔlékui siwo dɔlékuiwutikewo wuna la to vovo na esiwo gbɔ dengi dɔlélea tsona. Azɔ hã, anyo be dɔnɔa naƒo asa na atike siwo ɖea tete kple vevesese dzi kpɔtɔna, abe aspirin kple ibuprofen ene, elabena woate ŋu ana ʋu nagado le eŋu geɖe wu. Dengi dɔlékui vovovo enee li, eye ame aɖe ate ŋu axɔ dengi wu zi ɖeka.

Ne dengi dze dziwò la, ɖi ɖe eme nyuie, eye nànɔ tsi geɖe nom. Azɔ hã, zi ale si wòanya wɔ ko la, nɔ mudɔ te nɔm bene muwo nagaɖu wò ahayi ame bubuwo hã ɖu ge ade dɔ lã me na wo o.

Ke nu kae nàwɔ be muwo naganɔ ɖuwòm o? Do awu abɔlegbe, atalegbe alo awu legbewo, eye nàsi mutike. Togbɔ be muwo ate ŋu aɖu ame le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me hã la, ɣeyiɣi si me wodona koŋue nye gaƒoƒo eve le agudzedze megbe kple gaƒoƒo eve do ŋgɔ na ɣeɖoto. Azɔ hã, ne èdɔa mudɔ si me wosi mutike ɖo me la, esia hã ate ŋu akpɔ tawò.

Ame aɖe menya nu o, ɖewohĩ woava kpɔ abɔtasitike aɖe na dengi gbe ɖeka. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, Mawu Fiaɖuƒeae ava ɖe dɔlélewo katã, siwo dome ŋudza sia hã le, ɖa keŋkeŋ mlɔeba. Vavãe, ɣeyiɣi li gbɔna, esime Mawu atutu “aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.—g11-E 11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le dukɔ aɖewo me la, mu ƒomevi aɖewo abe Aedes albopictus ene hã tea ŋu kakaa dengi dɔlékuia.

b Zi geɖe la, afi si Aedes mu la ɖaa azi ɖo kpakple afi si wòtea ŋu dzona yina la ƒe didime nyea meta ʋɛ aɖewo ko.

[Nyaɖoɖo si le axa 25]

Di Afi Siwo Woate Ŋu Aɖa Azi Ðo

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

1. Taya xoxowo

2. Tsitrɔnuwo

3. Seƒoƒozewo

4. Aŋegoewo

5. Ganugoe kple gago siwo wotsɔ ƒu gbe

Mègaɖe Mɔ Muwo Nanɔ Ðuwòm O

a. Do awu abɔlegbe, atalegbe alo awu legbewo. Si mutike

b. Dɔ mudɔ me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

Nyatsoƒe: Courtesy Marcos Teixeira de Freitas

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe