INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 28-29
  • Ŋkuléle ɖe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle ɖe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyanyanana le Mɔ̃ Siwo Nana Ame ƒe Dzi Wɔa Dɔ Ŋu
  • Kɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe
  • Ðe Womate Ŋu Awɔ Naneke Kura le AIDS Ŋu Oa?
  • Wole Fu Ðem na Nyɔnu Dɔwɔlawo
  • Biblia-Srɔ̃sukuwo le Japan ƒe Yunivɛsiti
  • Duƒuƒu si Tea Ðeɖi Ŋutilã la Ŋu
  • Ðeviwo ƒe Gbolowɔwɔ Dzi Ðe Dzi le Asia
  • Sɔleme Wɔwɔ Kpatakpata
  • Nutsɔtsyɔ Asrã si Nu Sẽ la Dzi
  • Ŋkua Zazã Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ
  • Wole Sɔlemexɔwo Dzram
  • Ɣli si Nu Sẽ Akpa
  • Dengi—Ŋudza Si Le Nu Gblẽm
    Nyɔ!—2012
  • Aleke Mawɔ be Nyemagaxɔ AIDS O?
    Nyɔ!—1993
  • AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!
    Nyɔ!—2001
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 28-29

Ŋkuléle ɖe Xexeame Ŋu

Nyanyanana le Mɔ̃ Siwo Nana Ame ƒe Dzi Wɔa Dɔ Ŋu

Mɔ̃ siwo wotsɔna léa fiafiwoe le fiase aɖewo me kple nudzraƒe geɖe ate ŋu agblẽ nu le amesiwo zãa mɔ̃ siwo kpena ɖe woƒe dzi si megate ŋu le dɔ wɔm o ŋu la ŋuti be wògate ŋu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu la ŋu. Franseawo ƒe atikewɔwɔ ŋuti magazine Le Concours Médical ka nya ta be dɔkta siwo le France wonya nu tso kuxia ŋuti to nusi dɔnɔ aɖe si zãa mɔ̃ sia eye wòwɔa dɔ le nudzraƒe aɖe la gblɔ be yeƒe dzi tsona kabakaba wu ne yegogo afisiwo mɔ̃ si léa fiafiwo le le fiasea me la dzi. Esi ɖɔktawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe do dzi ƒe dɔwɔmɔ̃ ƒomevi vovovo siwo wu 30 kpɔ vɔ la, wokpɔ be fiafilémɔ̃wo ƒe ŋusẽ naa dzi ƒe dɔwɔmɔ̃ geɖe megate ŋu wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu o, eye egblẽa nu geɖe le ɖewo ŋu. Ðɔktawo xlɔ̃ nu be woana amesiwo zãa dzi ƒe dɔwɔmɔ̃ siawo la nanya nu tso afɔku sia ŋu.

Kɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Ðetugbivi ƒewuivi gbogbo aɖe va San Antonio, Texas ƒe kɔdzi aɖe, si womevana nenema tsã o be woado yewo akpɔ be AIDS le yewo ŋu hã. Numekuku si wowɔ fia be nyɔnuviawo nɔ “ƒuƒoƒo si me tɔwo ŋu HIV [AIDS dɔlékui] la gbɔ dem gake womewɔa naneke be yewoatsɔ axe mɔ ɖe dɔa xɔxɔ nu o. New York Daily News gblɔ be ɖetugbivi siawo siwo xɔ ƒe 14 kple 15 “nɔ esia wɔm wònye kɔnu si woatsɔ axɔ wo ɖe ƒuƒoƒoa mee” kple be “yewoatsɔ afia be ɖe yewosẽ eye yewomate ŋu axɔ AIDS dɔlékuia o.” Ðetugbiviawo dometɔ geɖe ge ɖe ha la me le lɔlɔ̃ kple akɔfafa makpɔmakpɔ le aƒeme ta. Gake ɖeko ha la me nɔnɔ na be wosẽa ŋuta le wo ŋu, eye wonɔa tsatsam le ŋutsuwo dzi hexɔa nulɔdɔwo. Daily News gblɔ be numekula aɖe gblɔ be “nyɔnuviawo ƒe akpa gãtɔ tso ƒome siwo gbã me. Woƒe ƒometɔwo sẽa ŋuta le wo dometɔ geɖe ŋu.”

Ðe Womate Ŋu Awɔ Naneke Kura le AIDS Ŋu Oa?

Ðe womate ŋu awɔ naneke kurakura le alesi AIDS kaka ɖe xexeamee ŋu oa? Axa 1000-gbalẽ si Xexeame Katã ƒe Aids Nutsiha si le Harvard Yunivɛsiti le United States ŋlɔ la ɖo eŋu be ate ŋu anye nenemae. The Guardian Weekly gblɔ be nyatakaka la fia be dukɔ aɖeke mete ŋu xe mɔ ɖe AIDS ƒe takeke nu o eye amesiwo gblɔ be dɔa dzi ɖe kpɔ tɔ le Europa la ƒe nya manɔ eme o. Nyatakaka la gblɔ be: “HIV/Aids dɔvɔ̃ si kaka ɖe afisiafi nu gale sesẽm ɖe edzi eye wògale ŋɔ dzim ɖe edzi wu. Esi ŋɔdzi si le eŋu la le dzidzim ɖe edzi la, nu geɖe fia be amewo megatsɔa ɖeke le eme o, wogbena be meli o, eye wobunɛ ɖe ame aɖewo ko ŋu.”

Wole Fu Ðem na Nyɔnu Dɔwɔlawo

Numekuku aɖe si wowɔ le Toronto Kɔdzi le Toronto, Canada, ɖee fia be nyɔnu siwo wɔa dɔ le afima dometɔ 70 le alafa me fa konyi be wotsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na yewo le dɔ me. The Toronto Star gblɔ be wo dometɔ 2 le alafa me gblɔ be wodɔ yewo gbɔ sesẽe, eye ame 1 le alafa me gblɔ be wogblɔ nya vɔ̃ ɖe yewo ŋu le yewoƒe nyɔnunyenye ta. Nyɔnuawo dometɔ geɖe gblɔ be “woyɔ yewo le amemabumabu alo le fefe mɔ siwo mesɔ o nu” eye wo dometɔ gbogbo aɖewo “na nutsotso le gbegblẽnyawo gbɔgblɔ ŋu.” Star ka nya ta be nyɔnu siwo le dɔ wɔm le kɔ sia dzi ƒe agbɔsɔsɔ si de 60 kloe le alafa me “sena le wo ɖokui me be yewomele dedie le kɔa dzi ƒe teƒe aɖewo o.”

Biblia-Srɔ̃sukuwo le Japan ƒe Yunivɛsiti

The Daily Yomiuri ka nya ta be numekuku aɖe si wowɔ yeyee le Japan ƒe Waseda Yunivɛsiti xɔŋkɔ la ƒe akpa si kpɔa agbalẽsrɔ̃nyawo gbɔ la ɖee fia be “sukuviawo dometɔ geɖe di vevie be yewoasrɔ̃ nu tso blemagbalẽwo, vevietɔ Biblia ŋu elabena wokpɔ be nusia hiã vevie bene yewoate ŋu ase dukɔ bubuwo ƒe agbenɔnɔ gɔme.” Yunivɛsiti sia si xɔ ŋkɔ le agbalẽsɔsrɔ̃ me la tsɔ Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe eƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu tso ƒe 1993 ƒe sukudeɣi evelia me. Esi Dziɖuɖudɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo Gbɔ na ablɔɖe si lolo wu la yunivɛsitiwo be woawo ŋutɔ natrɔ asi le woƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu ƒe evee nye sia la, esia nye zi gbãtɔ le Japan si woɖe mɔ sukuviwo hã kpɔ gome le sukua ƒe nusɔsrɔ̃wo tiatia me.

Duƒuƒu si Tea Ðeɖi Ŋutilã la Ŋu

Numekuku aɖe si wowɔ le Berlin Yunivɛsiti ƒe Kɔdzi aɖe le Germania la ɖee fia be duƒuƒu nana ame ƒe kpeƒekpeƒewo vea ame zi gbɔ zi ewo wu gasɔdodo. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le yunivɛsitia tsɔ aŋe wɔ nane si le abe ame ƒe ali ene be woatsɔ adzidze alesi dɔ vovovowo tea ɖeɖi ƒunuɖeƒewo ŋui. Süddeutsche Zeitung ka nya be: “Togbɔ be woxɔe se be duƒoƒo tea ɖeɖi ame ƒe lãmekawo kple kpeƒekpeƒewo ŋu wu gasɔdodo hã la, alesi vovototo si le wo me loloe la wɔ nuku na numekulawo ŋutɔ gɔ̃ hã.”

Ðeviwo ƒe Gbolowɔwɔ Dzi Ðe Dzi le Asia

“Ne èxɔ ƒe ewo la, èzu ɖetugbi, ne èxɔ ƒe blaeve la, èzu nyagã, ne èxɔ ƒe blaetɔ̃ la, ko ke èku.” National Geographic Traveler magazine gblɔ be emae nye nyagbɔgblɔ si bɔ ɖe Bangkok, Thailand ƒe gbolowo dome. Ðevi siwo le gbolo wɔm ade miliɔn ɖeka le Asia, eye wo dometɔ geɖe mexɔ ƒe ewo haɖe hã o. Magazine la de dzesii be tsaɖilawo ƒe vavae nye nusi na dɔ manɔsenu sia le ta kekem. Ðevigbɔdɔha geɖe siwo le Australia, Japan, United States, kple Ɣetoɖoƒe Europa dea dzi ƒo na amewo be woayi ‘gbɔdɔdɔtsaɖiɖiwo’ dzi le Asia-dukɔwo me. The Times si wotana le London ka nya ta be woxɔa nyɔnuvi siwo ade 5,000 tso Nepal-towo dzi be woawɔ gbolo le Bombay, India ƒe gboloxɔwo me. Wo dometɔ siwo li fifia de 200,000 kloe eye HIV si nye dɔlékui si dea AIDS lãme na ame le woƒe afã ŋu. Asitsaha aɖe si ƒe ɖoɖowɔwɔ wɔ nuku ale gbegbe ya ɖoa nyɔnuviwo ɖe Ɣetoɖoƒe Europa kple United States kura gɔ̃ hã.

Sɔleme Wɔwɔ Kpatakpata

“Nukatae sɔleme dzea egɔme le ŋdi ga 11 me eye wowɔnɛ gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ ko?” Le Associated Press ƒe nyatakaka aɖe si dze le Times-West Virginian me la, egblɔ be nya ma si Baptist-nunɔla aɖe si le Florida, United States, bia na wokpɔ egbɔkpɔnu aɖe si wosusu. Nunɔala la wɔ “Aɖabaƒoƒo 22 Sɔleme Kpokploe” aɖe si wògblɔ be ana ye ɣeyiɣi be “yeagblɔ mawunya, ana woadzi ha, axlẽ Ŋɔŋlɔawo, ado gbe ɖa ahana yeƒe hamea nado le sɔlemeha la me.” Associated Press gblɔ be mawunya la ŋutɔ axɔ aɖaƒoƒo 8 be nunɔla la nakpɔ ɣeyiɣi “awɔ [sɔleme kpatakpata] na hamea abe alesi McDonald wɔnɛ ene.” Gake nyatakaka la gblɔ kpee be “woaɖo ɣeyiɣi sɔ gbɔ be woatsɔ adzɔ ga le amesiwo va la sii.”

Nutsɔtsyɔ Asrã si Nu Sẽ la Dzi

Numekuku aɖe si wowɔ le Thailand ɖe mɔkpɔkpɔ nyui aɖe fia le asrã si nu sẽ, si nye dɔléle si dzea amesiwo ade 100,000 dzi le dukɔ ma me ƒe sia ƒe la ŋuti. Asrãdɔ sia ƒe amewuwu mebɔ o, gake edzea ɖeviwo dzi wokuna le Dzieheɣedzeƒe Asia zi geɖe. Aëdes aegypti ƒe mu ye kaka asrãdɔ sia ɖi. Gake Canada ƒe Medical Post gblɔ be ɖoɖo siwo wowɔ tsɔ ɖo ŋu ɖe nudzodzoewutikewo ŋu be wòatsi dɔlélea nu la mewɔ dɔ nyuie o, exɔ asi, eye ame geɖe medii o. Nyitsɔ laa la, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Bangkok ƒe Mahidol University kpɔe dze sii be afisi muawo dzina tsona zi geɖee nye tso tsizɔ gã siwo amewo ɖi ɖe woƒe aƒewo me la me. Eyata wowɔ nutsyɔnu siwo tua tsizɔawo nu pɛpɛpɛ abe aŋekuku si woɖɔna tsɔ lea tsi be tsi magage ɖe tame na ame o ene, gake woɖenɛ ɖa kua tsi le zea me gadua tsi kɔna ɖe eme. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe dze sii be ne wozã nutsyɔnuawo nyuie la, enana asrã ƒe lãvi si me dɔlélea le la kuna keŋkeŋ. Wokpɔe be asrãdɔ sia ƒe ameléle dzi ɖe kpɔtɔ tso 11 le alafa me kple 22 le alafa me va ɖo 0.4 le alafa me.

Ŋkua Zazã Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ

Ne wò television alo kɔmpiuta dzi kpɔkpɔ vea ŋku na wò la, àte ŋu awɔe wòaka ɖe eme na wò ne èfɔa eƒe ŋkume do ɖe dzi. Wotu aɖaŋuɖoɖo sia si tso New England Journal of Medicine me la ɖe alesi wosusui be amewo meƒoa aɖaba kabakaba o gake woʋua woƒe ŋkuwo katã ne wole nusi mlɔ anyi tso ɖusime yi miame la kpɔm wu ne wole anyime kpɔm la dzi. Abaɖabamaƒomaƒo kabakaba nana tsi mevaa ŋkua dzi fũ o, eye ŋkua katã ʋuʋu ɖi nana tsi si le ŋkua dzi si kpɔa eta la ƒuna kaba.

Wole Sɔlemexɔwo Dzram

Roma Katoliko-ha si le Italia la menya sɔlexɔ neni tututue le esi o, gake kakaɖedzi le nu ɖeka ŋu: Mate ŋu adzra wo katã ɖo woanɔ nyuie. Xɔlemexɔ siwo me womegale sɔleme wɔm le o siwo ŋu nu le gbegblẽm le la le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe. Eyata Pietro Antonio Garlato, si nye Italia-Sɔlemeha ƒe Dekɔnudomenyinyi Aɖaŋuɖoha ƒe ŋgɔnɔla gblɔ be sɔlemeha la le eme dzrom kpɔ nenye be woadzra sɔlemexɔ siwo me womegawɔa sɔleme le o dometɔ aɖewo. Sɔlemexɔ nenie woadzra? Bisiɔp la ɖe eme ɖe Il Messaggero me be “akɔnta si wobu dzradzradzra do ŋgɔ ɖee fia be woadzra” sɔlemexɔ 95,000 kple edzivɔ siwo le Italia “ƒe akpa ewolia.”

Ɣli si Nu Sẽ Akpa

Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le ɣli ƒe nugbegblẽ le Berlin, Germania ŋu ɖee fia be ame geɖewo le teƒe siwo woɖea toɣli le ŋutɔ si ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung de dzesii be dugã me xɔwo dometɔ 40 le alafa me le mɔdodo gãwo dzi, “afisi toɣliɖeɖe le ɣesiaɣi kloe.” Le nyateƒe me le ŋkeke me la, toɣliɖeɖe si nɔa xɔ siwo dze ŋgɔ mɔdodoawo dometɔ 95 le alafa me ƒe sesẽ wua ɣli ƒe sesẽ dzidzenu ƒe xexlẽme 65 si nye gãtɔ kekeake. Le xɔ mawo ƒe atɔ̃lia me la, ɣlia ƒe sesẽ ƒe xexlẽme nye 75 le dzidzenua nu. Toɣliɖeɖe le zã me hã nu sẽna akpa le ablɔ siwo ŋu wowɔ numekuku le la katã kloe me. Ele nyanya be ɣli siwo nu sẽ la gblẽa dzeɖoɖo, ame ƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ, kple susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe