INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 4
  • 1. Ƒle Nu Ŋuɖɔɖotɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1. Ƒle Nu Ŋuɖɔɖotɔe
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu
    Nyɔ!—2002
  • Nu Vevi Adre Siwo Ana Wò Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Eye Wòade Wò Lãmesẽ Dzi
    Nyati Bubuwo
  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
    Nyɔ!—2012
  • 3. Ða Nu Beléletɔe Eye Nàdzrae Ðo Nyuie
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 4

1. Ƒle Nu Ŋuɖɔɖotɔe

NE MENYE wò agble mee nuɖuɖua tso o la, ke asi me alo fiase mee nàkpɔ nuɖuɖu le aƒle. Ne èle nuɖuɖu ƒlem la, aleke nàwɔ atia nyuitɔwo?

● Wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si nàƒle nanewo ŋu.

Nuɖuɖu Ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Nyatakaka Dɔwɔƒe si le Australia la ɖo aɖaŋu be: “Ƒle nu siwo magblẽ kaba ne womede wo nufamɔ me o gbã. Ƒle nuɖuɖu siwo nɔa nufamɔ me la mamlɛ.” Azɔ hã ne àƒle nuɖuɖu dzodzoewo la, ne èwɔ vɔ be yeadze aƒe me mɔ hafi nàƒle wo.

● Lɔ̃ nu siwo dzi ŋu meke ɖo o la ƒeƒle wu.

Ne anya wɔ la, ƒle nu siwo dzi ŋu meke ɖo o.a Ruth, si nye vidada si le Nigeria si si vi eve le gblɔ be: “Zi geɖe la, meyia asi me ŋdi kanya esime wotsɔ nuawo va asi me teti.” Elizabeth, si le Mexico, hã ƒlea nu le asi me. Egblɔ be: “Nye ŋutɔ mate ŋu ayi aɖaƒle atikutsetse kple detsiƒonu siwo wotsɔ tso agble gbe ma gbe ko le afi ma. Lã si wowu gbe ma gbe lae meƒlena ɣesiaɣi. Ne ɖe susɔ la, medenɛ nufamɔ me.”

● Lé ŋku ɖe wò nuɖuɖuwo ŋu nyuie.

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe tsro alo agbalẽ si le nu si medi be maƒle ŋuti la le dediea? Ðe lã si mebe maƒle la le ʋeʋẽma?’ Ne wobla nu ɖe nuɖuɖua ŋu xoxo la, lé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ne nu si wobla ɖe eŋu la ƒe afi aɖe vuvu la, ate ŋu ana dɔlékui vɔ̃ɖiwo nage ɖe nuɖuɖua me.

Chung Fai, si ƒlea nu le fiase gã me le Hong Kong, gblɔ be: “Nenye nuɖuɖu si ŋu wobla nu ɖo la, ele vevie be nàlé ŋku ɖe ŋkeke si woŋlɔ ɖe edzi be maganyo na zazã o la hã ŋu.” Nu ka tae? Eŋunyalawo xlɔ̃ nu be nenye be nuɖuɖu si ƒe “ɣeyiɣi va yi” la le nɔnɔme nyui me, le ʋeʋẽm nyuie alo vivi gɔ̃ hã la, ate ŋu ana nàdze dɔ.

● Ale si nàna woanɔ dedie.

Ne èzãa asimedekplo aɖe edziedzi la, ke tsɔ adzalẽ kple tsi dzodzoe klɔe edziedzi. De ʋulã kple tɔmelãwo akplo vovovowo me be dɔlékui matso ɖeka me age ɖe evelia me o.

Enrico kple Loredana, atsu kple asi aɖe si le Italy la, ƒlea asi le woƒe nutoa me. Wogblɔ be: “Esia wɔnɛ be nuɖuɖua megblẽna o, elabe mehiã be míazɔ mɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi aɖo aƒe me o.” Ne axɔ miniti 30 hafi nàɖo aƒe me la, ke tsɔ nuɖuɖu siwo woɖe le nufamɔ me la de aŋekotoku alo nu bubu aɖe si ana be fafa nagakpɔtɔ anɔ eme la me.

Le nyati si kplɔe ɖo me la, àkpɔ ale si nàna wò nuɖuɖu nanɔ dedie ne èva ɖo aƒe me.—g12-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Nu Vevi Gbãtɔ—Ðɔ Ŋu Ðo Le Nuɖuɖu Me,” le Nyɔ!, March 2011 ƒe yevugbe me tɔ me.

[Aɖaka si le axa 4]

NA HEHE VIWÒWO: “Mefia vinyewo be nenye be woaƒle nuɖuɖu siwo ŋu wobla nu ɖo la, woalé ŋku ɖe ŋkeke si woŋlɔ ɖe edzi be maganyo na zazã o la ŋu hafi aƒle wo.”—Ruth, Nigeria

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe