Sɔhɛwo Biana Be
Xɔlɔ̃wo Koe Míenyea—Alo Eyi Ŋgɔ Wu Ema?, Akpa 1
ESI NÈXLẼ TANYA SIA LA, ÐE AME AÐE VA SUSU ME NA WÒA?
Ɛ̃ AO
↓ ↓
EKEMA XLẼ NYATI SIA ENUMAKE. GAKE XLẼ NYATI SIA.
AÐE VI NA WÒ WU AKPE ÐE MIA KPLE AME SI ƑE
ALE SI NÈSUSUI. VIDZINU TO VOVO NA TƆWÒ ŊU
MIANYE XƆ̃WO EVƆ KUXI
AÐEKE MADO TSO EME O.
De dzesi nya sia be nyateƒee alo aʋatsoe:
Mele be madze xɔ̃ ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔnye o negbe ɖe mele klalo be mazɔ kple ame aɖe si mava ɖe hafi.
․․․․․ NYATEƑEE ․․․․․ AƲATSOE
De ŋugble: Togbɔ be Yesu meɖoe be yeaɖe srɔ̃ o hã la, xɔlɔ̃ siwo nye nyɔnuwo nɔ esi. (Mateo 12:46-50; Luka 8:1-3) Edze ƒãa be, nenemae wònɔ le Timoteo si nye tre la hã gome, elabena apostolo Paulo gblɔ nɛ be wòawɔ nu ɖe ‘ɖetugbuiwo ŋu abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye blibo me.’—1 Timoteo 5:1, 2.
Paulo anya kpɔe dze sii be ne Timoteo le hame vovovoawo subɔm la ado go ɖetugbui gbogbo aɖewo. (Marko 10:29, 30) Ðe wòanye nu gbegblẽ ne Timoteo de ha kpli woa? Ao. Gake esi Timoteo meɖoe be yeaɖe srɔ̃ ɣemaɣi o ta la, anyo be wòaɖo seɖoƒe na eya kple ɖetugbuiawo ƒe hadede be woƒe nu nagalé dzi nɛ wòava nɔ ahiãmo ɖom na wo alo anɔ fefem kple woƒe seselelãme o.—Luka 6:31.
Aleke wòle le gowòme? Ðe nèle klalo na srɔ̃ɖeɖea?
Ne èɖo eŋu be Ɛ̃ la ⇨ Xɔlɔ̃dzedze ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la ate ŋu ana nàke ɖe ame si ava nye wò kpeɖeŋutɔ le wò agbe me katã la ŋu.—Lododowo 18:22; 31:10.
Ne èɖo eŋu be AO la ⇨ Ke ele be nàɖo seɖoƒe na ɖokuiwò. (Yeremiya 17:9) Ðe egbɔgblɔ le bɔbɔe wu ewɔwɔa? Nenema tututue! Niaa si xɔ ƒe 18 la gblɔ be: “Esesẽna ŋutɔ be woade ha dzro ko kple ame si ƒe vidzinu to vovo na ame tɔ. Mànya afi si nàɖo seɖoƒe ɖo o.”
Nu ka ta wòhiã be nàɖo seɖoƒe godoo? Elabena ne mèwɔe o la, ahe dzigbagbã vae na wò ŋutɔ loo alo ame bubuwo godoo. De ŋugble le nu si tae la ŋu.
NYATEƑENYA: Zɔzɔ kplikplikpli kple ame aɖe evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ahe dzigbagbã vae na mia dometɔ ɖeka. Kelli si xɔ ƒe 19 la gblɔ be: “Nu sia dzɔ ɖe dzinye zi eve kpɔ. Ɣeaɖeɣi va yi la, ŋutsuvi aɖe ƒe nu nyo ŋunye, eye ɣebubuɣi la, nye nu va nyo ŋutsuvi aɖe ŋu. Le nudzɔdzɔ evea siaa me la, mia dometɔ ɖeka ƒe dzi gbã, eye wògblẽ nu le ŋunye va se ɖe egbe.”
Bu nya siawo ŋu:
● Nɔnɔme kawo me wòate ŋu asɔ le be nàde ha kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la le? Nɔnɔme kawo mee wòanyo be nàƒo asa na hadede kpli wo le?
● Nu ka tae nunya manɔ eme be nànɔ ha dem kplikplikpli kple ame ɖeka aɖe koŋ edziedzi o? Nu kae ame ma ate ŋu anɔ susum? Nu kae nàte ŋu anɔ susum?
“Ɣeaɖewoɣi meblea ɖokuinye gblɔna be, ‘Oo, xɔlɔ̃wo koe míenye. Ðeko wòle abe nɔviŋutsu ene nam.’ Evɔ ne mekpɔe wòle vivi dom ɖe nyɔnuvi bubu ŋu la, nye dzi gbãna—ewɔna nam abe nye ɖeka ŋu koe wòle be wòatsi dzi ɖo ene.”—Denise.
Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòƒoa asa nɛ; ke ame bebewu dea ta eme, eye wòvenɛ emegbe.”—Lododowo 22:3, Good News Translation.
NYATEƑENYA: Zɔzɔ kplikplikpli kple ame aɖe evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ate ŋu agblẽ miaƒe xɔlɔ̃dzedze me. Kati si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Mía kple ŋutsuvi aɖe míeɖoa text message ɖe mía nɔewo, eye eteƒe medidi o ŋutsuvia va te ahiãnyawo ŋɔŋlɔ nam, eye míeɖoa text message ɖe mia nɔewo gbe sia gbe kloe. Gake gbe ɖeka la ŋutsuvia gblɔ be yelɔ̃m vevie eye wògblɔ kpee be yedi be míaƒe kadodoa nayi ŋgɔ wu xɔlɔ̃wɔwɔ ko. Kuxi lae nye be eƒe nu melé dzi nam kura o. Esi megblɔ nya ma nɛ la, ƒãa hafi míegaƒoa nu na mia nɔewo, eye míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me gblẽ.”
Bu nya siawo ŋu:
● Ame ka ƒe dzie gbã le Kati ƒe nya sia me, eye nu ka tae? Ðe Kati loo alo ŋutsuvia ate ŋu aƒo asa na dzigbagbã ma hafia? Ne nenemae la, nu kae wòle be woawɔ hafi?
● Ne amewo le text message ɖom ɖe wo nɔewo la, nya kawoe woate ŋu aŋlɔ le ŋuɖeɖi me si ate ŋu ana ame kemɛa nasusu be ye xɔ̃a di be yewoƒe kadodoa nayi ŋgɔ wu xɔlɔ̃wɔwɔ ko?
“Ɣeaɖewoɣi la ɖe meɖua ɖokuinye dzi be nyemagade ha kple ŋutsuvi aɖe o. Xɔlɔ̃dzedze ŋutsuviwo vivina ŋutɔ, gake nyemedina be xɔlɔ̃dzedzea me nava gblẽ le esi madi be xɔlɔ̃dzedzea nayi ŋgɔ wu ema evɔ madze edzi o ta o.”—Laura.
Biblia gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.
Nya vevitɔ: Naneke megblẽ le hadede kple ame si ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la ŋu o. Gake ne mèle klalo na ame si nèle ha dem kpli la ɖeɖe o la, ekema ele be nàɖo seɖoƒe na miaƒe hadedea.
LE “SƆHƐWO BIANA BE” . . . ƑE NYATI SI AGAVA ME LA
Àkpɔ nu si ta zɔzɔ kple ame aɖe kplikplikpli evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ate ŋu agblẽ wò ŋkɔ.—g12-E 06.
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]
NU KAE NÀWƆ?
ŊUTINYA ŊUTƆŊUTƆ: “Meɖoa text message ɖe xɔ̃nye aɖe si gbɔ didi kilometa 1,500. Míeɖoa text message ɖe mía nɔewo zi ɖeka ya teti kwasiɖa sia kwasiɖa. Eƒe nu melé dzi nam ya o, eye mesusui be nye hã nye nu melé dzi nɛ o. Ke gbe ɖeka eɖo text message si gblɔ be, ‘Ei, tugbewofia, mele susuwòm ŋutɔ! Nya ka tututue le asiwò?’ la ɖem. Nye nu koe ku! Megblɔ nɛ be xɔlɔ̃wo koe míenye, eye eƒe nu melé dzi nam o. Eŋlɔ ɖo eŋu nam be, ‘Yoo, mesee.’ Tso ekema dzi la, megaɖoa text message ɖem azɔ o.”—Janette.
● Ne mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o alo mèdi be yeaɖe srɔ̃ o la, aleke nàwɔ nui ne èxɔ text message si tɔgbi Janette xɔ?
● Ne ɖekakpui dzaae nènye la, èsusu be text message si Janette xɔ la sɔa? Nu ka tae wòsɔ loo alo mesɔ o?
● Le wò nukpɔkpɔ nu la, ɖe text message ɖoɖo ɖe ame aɖe nana amea ƒe nu va léa dzi na ame wu dzeɖoɖo kplii ŋkume kple ŋkumea? Nu ka tae wòle nenema loo alo mele nenema o?
[Aɖaka si le axa 17]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Bia dziwòlawo ƒe susu le biabia siwo ŋu dzesi sia le le nyati sia me la ŋu. Ðe woƒe nukpɔsusu to vovo na tɔwòa? Ne eto vovo la, nu kawo mee? Nu nyui kawoe nèkpɔ le woƒe nukpɔsusua ŋu?—Lododowo 11:14.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]
NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ
Joshua—Zi ale si nèdea ha kple ame aɖe edziedzi la, zi nenemae eƒe nu va léa dzi na amee.
Natasha—Ne xɔ̃wo koe nèdi be yewoanye gake wò kpakple ame ma mienɔa du edziedzi la, ame ɖeka ƒe nu alé dzi na nɔvia loo alo mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nu alé dzi na nɔvia.
Kelsey—Ne xɔ̃wo koe mienye le gɔmedzedzea me hã la, ele bɔbɔe be miaƒe seselelãmewo natrɔ nenye be miedea ha kple mia nɔewo ɣeyiɣi geɖe. Anya wɔ be woanye xɔ̃wo ko ya, gake ebia tsitsi le gbɔgbɔ me kple nuŋububu nyui.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Zɔzɔ kple ame aɖe kplikplikpli evɔ mèle klalo na srɔ̃ɖeɖe o ate ŋu ahe afɔku vae