Nu Kae Nàdi Be Yeatrɔ?
Nu siwo le edzi yim le míaƒe xexe sia me la dometɔ kae ɖea fu na wò wu?
DƆWUAME
HIÃKAME
DƆLÉLE
NU VLO WƆWƆ
AMETAFATAFA
AƲAWƆWƆ
ÐIƑOƑO ANYIGBA
NAZÃBUBU
Nu siawo dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na wu?
DUKƆWO DOME ŊUTIFAFA
DƆDAMƆNU NYUI SIWO MABIA GA GEÐE O
AMEŊKUMEKPƆKPƆ NU NAYI
NUÐUÐU KPLE TSI NONO NABƆ
MÍANƆ DEDIE LE MÍAƑE NUTOWO ME
MÍAƑE NUTOWO ME NANƆ DZADZƐ
WOAWƆ NU DZƆDZƆE ÐE AME SIA AME ŊU
Ðe tɔtrɔ siwo teƒe nàdi be yeakpɔ le xexe sia me la ava eme gbe aɖe gbea? Ame aɖewo agblɔ be dziɖuɖuwo ate ŋu ana woava eme. Ðe xexea me dziɖulawo ate ŋu atrɔ xexea wòanyoa? Nu kae nu siwo le dzɔdzɔm la ɖe fia?