INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/12 axa 4-8
  • Tɔtrɔ Kawoe Hiã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tɔtrɔ Kawoe Hiã?
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexea Me Godoo Ƒe Kuxi
  • Dziɖuɖu Kple Dukɔmeviwo Dome Ðoɖo
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Lãmesẽnyawo Nyo Ðe Edzi Le Xexeame Godoo—Gake Menye na Amesiame O
    Nyɔ!—1999
  • Nu Kae Nàdi Be Yeatrɔ?
    Nyɔ!—2012
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 10/12 axa 4-8

Tɔtrɔ Kawoe Hiã?

“Menye dziɖuɖuwoe nye míaƒe kuxiwo gbɔkpɔnu o; dziɖuɖuwo boŋue nye kuxia.”—Ronald W. Reagan ƒe nya siwo wògblɔ le eɖoɖo zi dzi ƒe nuƒoa me, esi woɖoe United States ƒe dukplɔla 40 lia.

ƑE BLAETƆ̃ kple edzivɔwoe nye esia Ronald Reagan gblɔ nya mawo. Ɣemaɣi la, United States dukɔa dze ŋgɔ kuxi sesẽ aɖe. Reagan ɖɔe be “gakuxi sesẽ si teƒe mekɔ o. Medzɔ kpɔ le míaƒe dukɔa ƒe ŋutinya me be nuwo ƒe asi nayi dzi bobobo eteƒe nadidi alea o.” Egblɔ kpee be: “Ƒe geɖewoe nye esia la, fe ko nyim míele ɖe fe dzi, eye míetsɔ mía ŋutɔwo kple mía viwo ƒe etsɔme le awɔba ɖom, le viɖe siwo míakpɔ fifia ta. Ne nuwo ayi edzi alea la, ɖikeke mele eme o be ahe zitɔtɔ geɖe vae le hadomeɖoɖowo, ale si amewo nɔa agbee, dunyahehe kple ganyawo gome.”

Togbɔ be edze abe ɖe Reagan menɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖeke o hã la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee keŋkeŋ o. Egblɔ be: ‘Exɔ ƒe geɖe hafi míeva ɖo gakuxi siawo me. Kuxiawo nu mayi le ŋkekewo, kwasiɖawo, alo ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe o, gake wo nu ava yi godoo.’

Aleke nɔnɔmea le egbea? Le ƒe 2009 me la, habɔbɔ aɖe si kpɔa xɔnyawo gbɔ (U.S. Department of Housing and Urban Development) la ka nya ta be: “Mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu ame geɖe si be . . . nɔnɔmeawo nava de wo dzi hafi, gake ale si wole dukɔa ƒe nuwo ŋu dɔ wɔm atraɖii, xɔnyawo ƒe sesẽ, kple dɔdamɔnu siwo megawɔa dɔ tututu o la nye kplamatsedonuwo. Le nyateƒe me la, [Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ si nye] UN-HABITAT le mɔ kpɔm be le ƒe blaetɔ̃ me la, ame ɖeka le etɔ̃ me ava nɔ nɔnɔme si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me—woƒe nutowo me manɔ dzadzɛ o, tsi nyui manɔ wo si o, eye yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ agblẽ nu le wo ŋu bɔbɔe, si awɔe be dɔlélewo kple dɔvɔ̃wo nakaka kabakaba.”

Xexea Me Godoo Ƒe Kuxi

Xexea ƒe akpa ka kee nèɖale o, anyo be nàde ŋugble le biabia siawo ŋu:

● Ðe nèkpɔe be ganyawo de ye dzi fifia wu ale si wònɔ ƒe ewo siwo va yia?

● Ðe nèxɔe se be atikewɔnyawo de mia kple wò ƒomea dzi wua?

● Ðe nèkpɔe be nutowo me le dzadzɛ, eye dedienɔnɔ li wua?

● Ne èbu etsɔme ŋu la, ɖe wòwɔna na wò be nuwo ava ka ɖe eme wu le ƒe 10, 20, alo 30 siwo le ŋgɔ mea?

Dziɖuɖu Kple Dukɔmeviwo Dome Ðoɖo

Ðoɖo nɔa dziɖuɖu geɖe kple wo teviwo dome ku ɖe gomenɔamesi kple agbanɔamedzi siwo kpɔ akpa evea siaa ŋkume la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso dukɔmeviwo si be woawɔ dukɔa ƒe sewo dzi, axe adzɔ, ahawɔ nu siwo ana woƒe nutowo me na nɔ dedie. Eye zi geɖe la, dziɖuɖuwo hã doa ŋugbe be yewoakpɔ lãmesẽnyawo gbɔ, awɔ nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe ahana ganyawo nade ame dzi.

Ðe dziɖuɖuwo te ŋu kpɔ nu etɔ̃ mawo gbɔa? Na míadzro nu siwo kpeɖodziawo ɖe fia la me le axa etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me.

Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ

Nu si dim amewo le: Dɔdamɔnu nyui siwo mebia ga geɖe o.

Ale si nɔnɔmea le:

● Wogblɔ le Xexea Me Katã Ƒe Gadzraɖoƒegã ƒe nyatakaka si ku ɖe dzadzɛnyenye kple lãmesẽnyawo ŋu me be, “dɔ siwo amewo léna le nutoa me ƒe ɖiƒoƒo kple tsi ƒoɖi zazã ta la wua ɖevi 6,000 gbe sia gbe. Mitsinyenyedɔ ɖeɖe dzaa wua ɖevi ɖeka aɖabaƒoƒo 20 ɖe sia ɖe.”

● Esi Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ku nu me tsitotsito le ƒe 2008 me ku ɖe ale si wokpɔa lãmesẽnyawo gbɔe le “dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ dahewo” me ŋu la, woƒo nya ta be “nuwo mede dukɔ dahewo dzi kura o,” eye “dɔdamɔnuawo nye esiwo mesɔ ɖe amewo ƒe hiahiãwo nu o si me wokpɔa ame ŋkume le, eye wòbiaa ga geɖe, togbɔ be womekpɔa kuxiawo gbɔ nyuie o hã.”

Ƒe eve megbe la, habɔbɔ ma ke de dzesii be “le xexea me godoo la, ele sesẽm na dziɖuɖuwo be woaxe dumeviwo ƒe atikewɔnyawo ŋu fewo. Ale si ame siwo ku amegã ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, eye ame geɖe le dɔmavɔleameŋu lém, eye dɔdamɔnu yeyewo biaa ga geɖe la na kɔdzifewo yi dzi bobobo.”

● Kuxi dovoɖiname aɖe fɔ ɖe te le atikewɔnyawo me: Atike siwo wobe wodaa dɔ nukutɔe la dometɔ geɖe megale dɔ wɔm o. Ƒe geɖewo va yi la, dɔlélewo abe kpodɔ kple yɔmekpe ene wu ame miliɔn nanewo, gake le ƒe 1940-awo me la, woto dɔlékuiwutikewo vae heto wo dzi kpè dɔléle mawo dzi. Gake fifia ya, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta le wɔna aɖe (World Health Day 2011) me be, “dɔlékui siwo tea ŋu nɔa te ɖe dɔlékuiwutikewo nu la le mo dom ɖa hele ta kekem. Atike vevi geɖe megale dɔ wɔm o. Atike siwo míetsɔ ho aʋa ɖe dɔlélewo ŋu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.”

Tɔtrɔ si hiã: Ele be Biblia me nyagblɔɖi si nye be “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” la nava eme.—Yesaya 33:24.

Dzɔdzɔenyenye Kple Sɔsɔminasɔe

Nu si dim amewo le: Nazãbubu ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu kpakple ŋlɔmiwɔwɔ le nyɔnuwo ŋu nu nayi, eye vovototo gã si le kesinɔtɔwo kple ame dahewo dome la dzi naɖe akpɔtɔ.

Ale si nɔnɔmea le:

● Habɔbɔ aɖe (Leadership Conference on Civil Rights Education Fund) ka nya ta be: “Nu vlo siwo wowɔna ɖe ame ƒomevi aɖewo, tadeaguƒewo kple ame ɖekaɖekawo ŋu le esi wobua nazã ɖe wo ŋu le woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, subɔsubɔha si me wole, gbɔdɔnuwɔna si me woƒoa wo ɖokui ɖo, alo dukɔ si me wotso ta la le gã dom ɖe edzi vɔ̃ɖitɔe, eye wògakpɔtɔ nye kuxi sesẽ le Amerika.”

● Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka si wotu ɖe nyati aɖe (Progress of the World’s Women: In Pursuit of Justice) dzi me la, wogblɔ be: “Le xexea me godoo la, wowɔa nu madzɔmadzɔwo kple ŋutasẽnuwo ɖe nyɔnuwo ŋu le aƒewo me, dɔwɔƒewo, kple teƒe bubuwo.” Le kpɔɖeŋu me, le Afghanistan la, nyɔnu 85 le alafa me mexɔa kpekpeɖeŋu aɖeke tso kɔdzidɔwɔlawo gbɔ le vidzidzi me o. Le Yemen la, womede se aɖeke tsi tre ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu ŋu o. Le Democratic Republic of the Congo la, wodɔa nyɔnu akpe ɖeka kple edzivɔ gbɔ sesẽe gbe sia gbe le mama dedie nu.

● Le October 2011 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Ban Ki-moon gblɔ be: “Nuwo mele ɖoɖo nyuitɔ nu kura le míaƒe xexe sia me o. Nuɖuɖu li zã, gake dɔ le ame biliɔn ɖeka wum. Ame ʋɛ aɖewo nye kesinɔtɔ gãwo, ke ame bubu geɖewo ya da ahe. Wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔnyawo me, gake funɔwo le kukum gbe sia gbe le vidziɣi . . . Wozãa ga biliɔn geɖe ɖe aʋawɔnu siwo woatsɔ awu amewoe ŋu le esi teƒe be woazãe atsɔ akpɔ amewo tae.”

Tɔtrɔ si hiã: Ele be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe nyɔnuwo kple ameƒomevi ɖe sia ɖe ŋu, eye woaɖe ame siwo ‘daa adzo nya dzɔdzɔe le hiãtɔwo si’ la ɖa.—Yesaya 10:1, 2.

Ganyawo Nade Ame Dzi

Nu si dim amewo le: Dɔwɔɖui nanɔ ame sia ame si, eye ganyawo nade ame dzi.

Ale si nɔnɔmea le:

● Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔa ka nya ta be “ame geɖe li siwo ate ŋu awɔ dɔ atsɔ ado dukɔwo ƒe ganyawo ɖe ŋgɔ hafi, gake dɔ meli na wo katã o. Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔa nɔ te ɖe ale si ganyawo tɔtɔ fifia dzi bu akɔnta be ame siwo si dɔ ge le le ƒe 2010 me la ƒe xexlẽme ade miliɔn 205.”

● Nyatakakadɔwɔƒe si nye BBC ka nya ta be: “Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔa gblɔ be dɔmakpɔwɔe kple gakuxi sesẽwo agado gã ɖe edzi kpuie le xexea me godoo, eye esia ate ŋu ahe zitɔtɔwo vɛ.” Wogblɔ hã be: “Ale si ganyawo gagblẽ ɖe edzi nyitsɔ laa la fia be dɔwɔɖui siwo hiã la ƒe afã koe anɔ anyi. . . . Habɔbɔ sia gade dzesi ale si dzi le amewo kum ɖe dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia kple ale si wosusui be amewo mele nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple agbagba si dzem wole be woakpɔ gakuxiwo gbɔ o la ta. Egblɔ be esia ate ŋu ana ʋunyaʋunya nanɔ dukɔ geɖe me, vevietɔ esiwo le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔhaa kple Arab nutowo me.”

● Agbalẽ aɖe (The Narcissism Epidemic) si wota le ƒe 2009 me gblɔ be: “Le mama dedie nu la, fe si amewo nyi le United States to agbananuƒlegbalẽvi zazã dzi la wu dɔlar 11,000, si sɔ gbɔ wu ƒe 1990 tɔ teƒe etɔ̃.” Agbalẽa ŋlɔlawo gblɔ be, ame geɖe nyia fe be yewoadze kesinɔtɔwo. Wogagblɔ hã be: “Amerikatɔwo kpɔa amewo le ʋu kple awu xɔasiwo me hesusuna be gatɔwoe wonye. Ke hã, anɔ eme be ɖe wonye femewo boŋ.”

Tɔtrɔ si hiã: Ele be dɔwɔɖui nanɔ ame sia ame si, eye amewo nada asɔ le gazazã me. Ele eme be Biblia gblɔ be “ga hã doa vɔvɔli” ya, gake egblɔ hã be “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.”—Nyagblɔla 7:12; 1 Timoteo 6:10.

Nya siwo dze le axa 4 va se ɖe 8 lia ate ŋu ana ame nasusui be etsɔme nyui aɖeke meli o. Gake mɔkpɔkpɔ li. Nɔnɔmeawo ava ɖɔ ɖo le míaƒe xexe sia me, gake mato amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo dzi o.

[Aɖaka/​Akɔntabubu si le axa 5]

Nu kawoe ɖeviwo gblɔna be yewoadi be yewoatrɔ le xexea ŋu? Internet dzi Nyatakakadzraɖoƒe si nye 4children.org ƒe numekuku aɖe ɖee fia be esi wobia gbe ɖevi 2,000 siwo xɔ tso ƒe 4 va se ɖe 14 le Britain la, wogblɔ be yewoawɔ nu siwo gbɔna la:

[Akɔntabubu]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

100%

YEWOATSI DƆWUAME NU

YEWOAÐE AHEDADA ÐA YEWOATSI

AƲAWƆWƆ NU

75%

YEWOANA WOAWƆ NU

YEWOATSI XEXEA ÐE AME SIA AME ŊU SƆSƆE

ME ƑE DZOXƆXƆ NU

50%

25%

0%

[Aɖaka/​Akɔntabubu si le axa 5]

Numekuku aɖe si Bertelsmann Foundation habɔbɔa wɔ le Germany le ƒe 2009 me la ɖe nu siwo ŋu sɔhɛ 500 siwo xɔ tso ƒe 14 va se ɖe 18 tsia dzi ɖo wu la fia.

Nu siwo ŋu wometsi dzi ɖo tututu o la dometɔ aɖewoe nye nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze kple amewo ƒe agbɔsɔsɔme si le dzidzim ɖe edzi. Ganyawo ƒe sesẽ si le edzi yim fifia la gɔ̃ hã mele nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo wu la dome o. Bertelsmann Foundation habɔbɔa ɖe nu me be ɖewohĩ esi agbemenya mawo metu ɖevi mawo kpɔ o tae.

[Akɔntabubu]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

100%

75% AHEDADA

XEXEA ME ƑE DZOXƆXƆ

NUÐUÐU KPLE TSI KPLE ALE SI

NONO ƑE ANYIMANƆMANƆ WOLE ANYIGBA GBLẼM

50% DƆVƆ̃ GBLẼNUWO KPLE

DƆLÉLE BUBUWO

25%

0%

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe