Ƒomea Nadzro Eme
NU KAWOE MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO . . . Kain Kple Habel Gbɔ?
ÐE DZI KU WÒ ALE GBEGBE BE NÈDI BE YEAƑO NƆVIWÒ KPƆA?
• De ama nɔnɔmetataawo. • Xlẽ mawunyakpukpuiawo, eye nàto emenyawo ɖe eme ɖe fliawo dzi. • Di nu siwo le ɣaɣla la: (1) atɔtɔŋuti (apple alo pomme) kple (2) kpakpaxe.
HABEL KPLE EƑE NUNANA LA DZE MAWU ŊU.—1 MOSE 4:4
EMEGBE MAWU BIA KAIN BENA: “ ․․․․․ ?”—1 MOSE 4:9
Nu ka tae wòle be nàɖu wò dziku dzi?
KPEKPEÐEŊU: Lododowo 14:29; Efesotɔwo 4:26, 27, 31.
Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu dziku dzi?
KPEKPEÐEŊU: Lododowo 14:30; 19:11; Efesotɔwo 4:32.
Nu kae nèsrɔ̃ tso ŋutinya sia me?
Nu kae nye wò susu?
Xlẽ 1 Mose 4:7. Esi Mawu xlɔ̃ nu Kain la, aleke wòle be Kain nawɔ nui hafi?
KPEKPEÐEŊU: Luka 14:11; 1 Petro 5:5, 6.—g12-E 08.
Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 20 NOA
BIABIAWO
A. Noa nɔ agbe ƒe ․․․․․.
B. Noa viŋutsu etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo ɖe?
C. Wu Biblia ƒe nya sia nu: “Noa wɔe; ale si . . .”
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Wodzii le ƒe Woŋlɔ Biblia
2970 D.M.Ŋ. gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
“Aɖakaʋu la va xa ɖe Ararat-towo dometɔ ɖeka me.”—1 Mose 8:4
ARARAT-TOWO
NOA
EŊUTI NYA
Efia eƒe ƒomea me tɔwo be woawɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Eɖo to Mawu hekpa aɖakaʋu si kpɔ eƒe ƒomea kple lãwo ta esime tsiɖɔɖɔ gã aɖe va. (1 Mose 6:5-22) Togbɔ be woɖu fewu le eŋu hã la, edo dzi nuteƒewɔwɔtɔe abe “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ene.—2 Petro 2:5; Hebritɔwo 11:7.
ŊUÐOÐOAWO
A. 950.—1 Mose 9:29.
B. Sem, Xam, Yafet.—1 Mose 6:10.
D. “. . . Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.”—1 Mose 6:22.
BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 19 PAULO
BIABIAWO
A. Paulo wɔa ․․․․․ tsɔ kpɔa eɖokui dzi esime wòle gbeƒãɖeɖedɔa wɔm.
B. Apostolo Paulo fiaa nu amewo le
“dutoƒo kple . . .”
D. Paulo fɔ ɖekakpui si ŋkɔe nye ․․․․․ ɖe tsitre.
[Nyaɖoɖo]
4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.
Wowɔ Adam Enɔ anyi le ƒe Woŋlɔ Biblia
alafa gbãtɔ M.Ŋ. gbalẽ mamlɛtɔ
[Anyigbatata]
Wodzii le Tarso. Ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Europa kple
Asia Sue
EUROPA
Roma
ASIA SUE
Tarso
Yerusalem
PAULO
EŊUTI NYA
Eti Kristotɔwo yome tsã, gake eva trɔ dzi me, eye wòzu apostolo na dukɔwo. Yehowa na wòŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 14. Ezɔ kilometa akpe geɖe ƒe mɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me, eye wòɖo hamewo ɖe Europa kple Asia Sue.—Romatɔwo 11:13; 1 Timoteo 1:12-16.
ŊUÐOÐOAWO
A. avɔgbadɔwo.—Dɔwɔwɔwo 18:3-5.
B. “. . . aƒe me yi aƒe me.”—Dɔwɔwɔwo 20:20.
D. Eutixo.—Dɔwɔwɔwo 20:7-12.—g12-E 07.
Àte ŋu atsɔ printer awɔ “Ƒomea Nadzro Eme” ƒe kɔpi bubuwo le www.pr2711.com
● “ƑOMEA NADZRO EME” ƒe ŋuɖoɖoawo le axa 28
AXA 30 ƑE ŊUÐOÐOWO
1. Atɔtɔŋuti aɖe le vɔsamlekpui si le nɔnɔmetata 3 lia me la ƒe kpewo domee.
2. Kpakpaxea le Habel kple alẽa dome le nɔnɔmetata 4 lia me.