INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/14 axa 7
  • Elabena Nuwo Va Trɔna

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Elabena Nuwo Va Trɔna
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo
    Nyɔ!—2022
  • Medi Be Maku—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Ele Wɔwɔm Nam Be Mawu Ðokuinyea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Tɔtrɔwo Nu
    Nyɔ!—2016
  • Alesi Woanɔ Te Ðe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Nui
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 4/14 axa 7

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE MAGANƆ AGBE ÐO?

1 Elabena Nuwo Va Trɔna

“Womimi mí ɖo le mɔ sia mɔ nu, gake menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o; míetɔtɔ, gake menye be míenya nu si míawɔ kura o.”​—2 KORINTOTƆWO 4:8.

Ameɖokuiwuwu le ko abe “ale si vuvɔ nawɔ ame wòati kpo adze dzo me” ene. Togbɔ be asesẽ na wò be nàxɔe ase hã la, ate ŋu adzɔ be nɔnɔme sesẽ si wu tsɔtsɔ na wò la manɔ anyi ɖaa o. Le nyateƒe me la, nuwo ate ŋu aɖɔ ɖo kpata.​—Kpɔ aɖaka si nye “Woƒe Nɔnɔmeawo Trɔ.”

Ne nɔnɔmea meva trɔ o gɔ̃ hã la, anyo be nànɔ wò kuxiwo gbɔ kpɔm vivivi, gbe sia gbe kple etɔ. Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.”​—Mateo 6:34.

Ke ne wò nɔnɔmea mate ŋu atrɔ o, ɖewohĩ èle dɔ mavɔleameŋu aɖe lém ya ɖe? Ke ne wò nɔnɔmea nye esi ŋu màte ŋu awɔ naneke le o, ate ŋu anye be srɔ̃wò gbe wò alo wò ame vevi aɖe ku si tae dzi ɖe le ƒowò ɖo ya ɖe?

Ne ele alea gɔ̃ hã la, nane li si nàte ŋu atrɔ: eyae nye ale si nèbua wò nɔnɔmeae. Ne èse egɔme be agbea adoglomie wònye ɣi megbea enu nɔnɔ o eya ta nanewo li yemate ŋu atrɔ o la, ana nàda asɔ le ale si nèbua nɔnɔmeawoe me. (Lododowo 15:15) Ana hã be nàdi mɔ nyuitɔ si dzi nàto anɔ te ɖe kuxia nu tsɔ wu be nàɖe wò agbe ɖa. Vi kae esia aɖe na wò? Ana nànɔ te ɖe nɔnɔme siwo dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wò ene la nu.​—Hiob 2:10.

ÐO ŊKU NYA SIA DZI: Màte ŋu alia to gã nyadri aɖe zi ɖeka o, ke hã àte ŋu aliae vivivi. Aleae wòle le kuxi sesẽ siwo míedoa goe siwo le abe to gã nyadriwo ene la hã gome.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ EGBEA: Ƒo nu tso wò kuxia ŋu na ame aɖe, ate ŋu anye xɔ̃wò alo wò ƒometɔ aɖe. Ðewohĩ ame ma ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu wò nɔnɔmeawo ŋu le mɔ si da sɔ nu.—Lododowo 11:14.

WOƑE NƆNƆMEAWO TRƆ

Bu nuteƒewɔla ene aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu kpɔ. Dzi ɖe le wo ƒo ale gbegbe be womegadi be yewoanɔ agbe o.

  • Rebeka: “Ne ele alea la, nu ka ŋuti megale agbe ɖo?”​—1 Mose 25:22.

  • Mose: “Ekema wum zi ɖeka boŋ. . . . Bena magakpɔ nye dzɔgbevɔ̃e teƒe o.”​—4 Mose 11:15.

  • Eliya: “Xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenyo wu fofonyewo o.”​—1 Fiawo 19:4.

  • Hiob: “Nu ka ŋuti nyemeku ɖe danye ƒe dɔ me oa?”​—Hiob 3:11.

Ne èxlẽ ame siawo ƒe ŋutinya le Biblia me la, àkpɔe be woƒe nɔnɔmeawo va ɖɔ ɖo ale gbegbe be woawo ŋutɔwo meku drɔ̃e gɔ̃ hã be nuwo ava nɔ na yewo nenema o. Esia ate ŋu adzɔ le wò hã gowòme. (Nyagblɔla 11:6) Eya ta mègana ta o!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe