INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 5/14 axa 3
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Asia Ƒe Anyieheɣedzeƒe
  • Europa
  • New Zealand
  • Alaska
  • Xexea Me
  • Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La
    Nyɔ!—2001
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2013
  • Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—1997
  • Nusita Lãwo Ðo Afɔku Me
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 5/14 axa 3

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Asia Ƒe Anyieheɣedzeƒe

Da xatsa ɖe ati ŋu

Xexea Me Ƒe Dzɔdzɔmenuwo Dzikpɔha gblɔ be le ƒe 1997 kple ƒe 2011 dome la, wova ke ɖe ati kple lã yeye gbogbo aɖewo ŋu le Mekong Gã ƒe nutoa me eye wo dometɔ ɖekae nye ƒli ƒomevi aɖe. Nuto sia keke tso Cambodia, Laos, Myanmar, Thailand, Vietnam va ɖo Yunnan-nuto si le China la me. Le ati kple lã vovovo siwo ŋu woke ɖo le ƒe 2011 ɖeɖe ko me la, wokpɔ ati 82, da ƒomevi 21, tɔmelã 13, akpɔkplɔ ƒomevi 5 kpakple lã siwo naa no wo viwo ƒomevi 5.

Europa

Woka nya ta le The Moscow Times nyadzɔdzɔgbalẽ me be amegbetɔdzadzra va zu taɖui na “Europa-dukɔwo ƒe Ðekawɔha bliboa.” Amedzralawo dzraa amewo wozua gbolowo kple kluvidɔwɔlawo, eye “wodzraa wo na amegbetɔ ƒe ŋutinu dzralawo gɔ̃ hã, si nye nu si ŋuti se meɖe mɔ ɖo o.” Amegbetɔdzrala siawo tea ŋu wɔa amewo ƒe ahedada, dɔmakpɔwɔe kple ale si womebua nyɔnuwo ɖe ɖeke me o la ŋu dɔ tsɔ flua amewo ɖadzrana.

New Zealand

Ŋutsuvi aɖe le television kpɔm

Ame siwo kua nu me tso ɖeviwo kple sɔhɛwo ƒe televisionkpɔkpɔ ŋu gblɔ be televisionkpɔkpɔ akpa gbɔe “wòtso be nuwɔna siwo tsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu le dzidzim ɖe edzi le ɖekakpui kple ɖetugbuiwo dome.” Numekulawo gblɔ be yewoƒe numekukua ɖo kpe nya si wogblɔ be mele be ɖeviwo nakpɔ “wɔna tuameɖowo gɔ̃ hã le television dzi wòawu gaƒoƒo 1 alo 2 gbe sia gbe o” la dzi.

Alaska

Alaskavi dzidziwo ƒe kɔƒe aɖe ƒe dzedzeme

“Alaskavi dzidziwo ƒe kɔƒewo” katã kloe le ƒuta alo tɔwo to, eye tsi ɖea kɔƒe siawo dometɔ 86 le alafa me hekplɔa kewo dzonɛ. Wogblɔ be yame ƒe dzoxɔxɔ si nu le sesẽm ɖe edzi la na be tsikpe, siwo kpɔa kɔƒeawo ta be ƒua nagaɖe wo o la, megablana kaba o. Eye esia ate ŋu awɔe be ahom siwo tuna le kele me ate ŋu agblẽ nu le kɔƒeawo ŋu wu.

Xexea Me

Yaŋusẽnamɔ̃

Togbɔ be wozã ga gbogbo aɖewo ɖe elektrik-ŋusẽ si wokpɔna tso yaƒoƒo kple ɣe gbɔ ŋu be yamenuto me nagaƒo ɖi o hã la, Maria van der Hoeven si nye Dukɔwo Dome Elektrik-ŋusẽ ƒe dɔdzikpɔla gblɔ be: “Elektrik-ŋusẽ agbɔsɔsɔ si wozãna egbea ganaa yamenuto me ƒoa ɖi abe ale si ko wònɔ ƒe 20 siwo va yi ene.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe