INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/14 axa 8-9
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Text Message Ŋu Dɔwɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Text Message Ŋu Dɔwɔwɔ Me
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • Aleke Maɖɔ Ŋu Ðo Le Text Message Gome?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðe Nɔnɔme Nyui Ðeɖe Fia Le Veviea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ale Si Nàwɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo
    Nyɔ!—2016
  • Ðe Elektrɔnik Mɔɖaŋunuwo Zazã Zu Numame Nama?
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 7/14 axa 8-9
Ŋutsuvi aɖe le text message ŋlɔm le woƒe ƒomea ƒe nuɖuɣi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ðɔ Ŋu Ðo Le Text Message Ŋu Dɔwɔwɔ Me

KUXIA

Tsɔe be èle xɔ̃wò gbɔ miele dze ɖom eye ame aɖe ɖo text message ɖe wò, nu kae nàwɔ?

  1. A: Nànɔ text message la xlẽm aganɔ dzea hã ɖom kple xɔ̃wòa.

  2. B: Nàdo taflatsɛ na xɔ̃wòa ahaxlẽ text message la.

  3. D: Nàɖe asi le text message la ŋu gbɔ ahayi dzeɖoɖoa dzi kple xɔ̃wòa.

Ðe wòle be nàtsi dzi ɖe tiatia si nàwɔ la ŋua? Ɛ̃!

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ne èle text message ŋlɔm na xɔ̃wò aɖe eye nègale dze ɖom kple xɔ̃wò bubu le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖeko wòle abe ale si nànɔ gome kpɔm le kamedefefe si vivia nuwò me gake agbe wɔwɔ ɖe fefea ƒe sewo dzi ene. Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Gake xɔ̃nyewoe wo katã wonye ɖe.’ Susu ma tututu tae wòle be nàwɔ nu ɖe wo ŋu bubutɔe ɖo. Gake ehiã be nàda sɔ. Ðo ŋku nyateƒenya sia dzi: Ne mèwɔa nu ɖe xɔ̃wòwo ŋu ameŋububutɔe o la, woava gblẽ wò ɖi gbe ɖeka godoo.

Nu ka tae? Elabena amewo medina be woawɔ nu ɖe yewo ŋu amemabumabutɔe o. Ðetugbui si ŋkɔe nye Betha gblɔ be: “Ekua dzi nam ne mele dze ɖom kple xɔ̃nye aɖe ko wòle eƒe asitelefon dzi kpɔm edziedzi abe ɖe wòle mɔ kpɔm na nane si nyo wu dze si ɖom míele ene!” Èsusui be Beth alɔ̃ ayi edzi anye ame sia tɔgbi xɔlɔ̃a?

Tsɔ ale si nèzãa asitelefon sɔ kple kpɔɖeŋu si dze le tanya sue si nye “Kuxia” la te. Tiatia kae nèsusu be asɔ na ye wu? Anɔ eme be ède dzesii be tiatia A mesɔ o. Ke B kple D ya ɖe? Èsusui be enye amemabumabu be nàtso dzeɖoɖo me ahaxlẽ text message mahã? Alo ɖe wònye amemabumabu be nàŋe aɖaba aƒu text message la dzi kple susu ko be nàyi dzeɖoɖoa dzia?

Nu si sɔ wɔwɔ menɔa bɔbɔe o. Gake Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Biblia gblɔ be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.” (Luka 6:31) Àte ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi le text message nyawo hã gome. Le mɔ ka nu?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wɔ text message ŋu dɔ le ɣeyiɣi si sɔ ko me. Ðekakpui si ŋkɔe nye Richard gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo ɖoa text message ɖem le zãtiƒe. Menyea nya vevi aɖeke hã tae o, ɖeko wogblẽa alɔ̃ me nam dzodzro!” Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖoa text message ɖe amewo le woƒe ɖiɖiɖemeɣiwoa?’​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Nyagblɔla 3:1.

Ðɔ ŋu ɖo le nu si nàŋlɔ me. Dzeɖoɖo lɔa nyagbɔgblɔ, gbe si wotsɔ gblɔe, moɖoɖo kple alɔwɔwɔ ɖe nya dzi ɖe eme. Gake esiawo dometɔ akpa gãtɔ medzena le text message me o. Aleke nàwɔ be womase wò nyawo gɔme bubui o? Ðetugbui si ŋkɔe nye Jasmine gblɔ be: “Zã ameŋubunyawo, abe ‘Èfɔa?,’ ‘meɖe kuku’ kple ‘akpe’ ene.”​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Kolosetɔwo 4:6.

Ðɔ ŋu ɖo. Gbugbɔ ŋku lé ɖe kpɔɖeŋu si dze le tanya sue si nye “Kuxia” te la ŋu. Ne èxɔ text message vevi aɖe la, àte ŋu agblɔ na xɔ̃wòa be wòalala ye yeaxlẽe gbɔ. Gake zi geɖe la, àte ŋu ava xlẽe emegbe. Amy si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Text message la akpɔtɔ anɔ wò asitelefon la dzi ne wò kple xɔ̃wòa miɖo dzea vɔ, gake xɔ̃wòa ya mate ŋu anɔ te anɔ dzɔwòm o.” Esɔ be ame naɖɔ ŋu ɖo alea ke ne ele asitelefon zãm le ame dome. Jane si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Mègazã ɣeyiɣia katã nàtsɔ anɔ text message ŋlɔm o. Ne menye nenema o la, amewo nasusui be èle gbɔgblɔm na yewo be, ‘Nyemetsi dzi ɖe mia gbɔ nɔnɔ ŋu o; ne ɖe makpɔ teƒe bubu aɖe ayi la, anyo nam wu.’”

Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàɖoe ɖa. Ðe woase wò text message la gɔme bubuia? Ðe nukokoedonamenuwo le wò asitelefon la dzi nàzã atsɔ aɖe wò seselelãmea ŋutɔ agblɔa? Amber si xɔ ƒe 21 gblɔ be: “Ne fefem ko nèle la, tsɔ ameta si ɖo nukomo kpe ɖe nu si nèŋlɔ la ŋu. Amewo tea ŋu doa dziku, eye kɔ tea ŋu fea ti ɖe wo dome gɔ̃ hã elabena wotsɔ fefenyawo wɔ nya gãwoe.”​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 12:18.

Edze ƒãa be ele be nàtsɔ ɖe le ale si nèzãa wò asitelefon la me vevie!

Bu nya sia ŋu: Lɔlɔ̃e ʋãa ame wòwɔa nu si sɔ. Aleke woɖea nɔnɔme sia fianae? Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Lɔlɔ̃ ƒe akpa kae wòhiã be nàɖe afia wu?

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • “Ɣeyiɣi li na nu sia nu.”​—Nyagblɔla 3:1.

  • “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.”​—Kolosetɔwo 4:6.

  • “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.”​—Lododowo 12:18.

Elena

ELENA

“Sɔhɛwo tea ŋu ŋlɔa gbegblẽnyawo ne wole text message ŋlɔm, elabena wosusunɛ be nyaa medo le woƒe nu me tẽe o. Le nyateƒe me la, mele be míagblɔ gbegblẽnyawo le mɔ aɖeke nu o, eɖanye text message ŋlɔm míele o.”

Evan

EVAN

“Esi mèle ame si nèle nua ŋlɔm na la kpɔm o ta la, ele bɔbɔe be nàɖe ŋu ɖi aŋlɔ nane si ave amea. Ne màte ŋu agblɔ nya ma na amea ŋkume kple ŋkume o la, ke mègagblɔe nɛ to text message dzi o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe