INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/14 axa 7
  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • TENƆNƆ ÐE AFƆKUA NU
  • Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ
    Nyɔ!—2014
  • Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Nu Siwo Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam Ŋu
    Nyɔ!—2011
  • Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 7/14 axa 7
Ʋufɔku dziŋɔ

NYATI SI LE AKPAA DZI | NE NYA VƆ̃ AÐE DZƆ

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku

Ronaldo si le Brazil kple eƒe ƒometɔ atɔ̃ bubu aɖewo dze ʋufɔku, ame atɔ̃awo ku, tɔa kple nɔa hã le wo me. Egblɔ be: “Menɔ kɔdzi ɣleti eve hafi wova gblɔ nam be wotsi ʋufɔkua me.

Ronaldo

“Le gɔmedzedzea la, esesẽ nam be maxɔe se be woku. Aleke wo katã woate ŋu aku nenema ko? Esi meva de dzesii kɔtɛe be woku vavã la, dzidzi ƒom. Nyemese veve nenema gbegbe kpɔ o. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, ewɔ nam be nye hã maku kpe ɖe wo ŋuti boŋ. Mefaa avi gbe sia gbe hena ɣleti geɖewo! Mebua fɔ ɖokuinye be nye ŋutɔ nyemeku ʋua gbe ma gbe o. Megblɔna na ɖokuinye be, ne nyee ku ʋua la, anye ne womeku o.

“Ƒe wuiade sɔŋue nye esi va yi, eye mete ŋu dze agbagba ɖɔ nuwo ɖo le nye agbe me ya. Ke hã woƒe ku kpata ma na be mesena le ɖokuinye me be nu vevi aɖe bu nam le agbe me si dzi nye asi mekpɔ su haɖe o.”

TENƆNƆ ÐE AFƆKUA NU

Fa wò ame vevi si ku la. Biblia gblɔ be “avifaɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 4) Ronaldo gblɔ be: “Ɣesiaɣi si avifafa tsɔm la, mefaa avi. Avitete ame ɖokui meɖea vi o, eye nye dzi dzea eme ŋutɔ ne mefa avi.” Enye nyateƒe be amewo ƒe nuxaxa le vovovo. Eya ta ne mèfa avi alo xa nu wokpɔ le gota o hã la, ema mefia be èle nuxaxa tem ɖokuiwò o eye mègase le ɖokuiwò me hã be ele be yeafa avi godoo o.

Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. (Lododowo 18:1) Ronaldo gblɔ be: “Medzea agbagba be nyemaɖe ɖokuinye ɖe aga o. Amewo va srãam kpɔ eye mexɔa wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, megblɔa nye seselelãmewo na srɔ̃nye kple xɔ̃nye veviwo.”

Lé ɖokuiwò kpoo ne amewo gblɔ nya gbãdzinamewo na wò. Nya siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye, “Susu nyui aɖe tae.” Ronaldo gblɔ be: “Nya siwo amewo gblɔ be yewoatsɔ afa akɔ nam dometɔ aɖewo gbã dzi nam boŋ.” Esi nànɔ nya gbãdzinamewo ŋu bum teƒe la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi boŋ, egblɔ be: “Mègalé to hã ɖe amewo ƒe nu siwo katã woƒona la ŋu o.”​—Nyagblɔla 7:21.

Srɔ̃ nu tso nɔnɔme si me kukuawo le ŋu. Ronaldo gblɔ be: “Nyagblɔla 9:5 na míenya be kukuawo mekpea fu o, eye esia nyanya na nye susu me dze akɔ anyi. Biblia gblɔ hã be tsitretsitsi li eye woafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. Eya ta mebua nye ame vevi siwo ku la abe ɖeko wozɔ mɔ ene.”​—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Ènyaa? Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna eye Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee.”a​—Yesaya 25:8.

Nyati siawo ƒo nu tso ale si nàwɔ anɔ te ɖe nya vɔ̃wo nu la ŋu. Ne èdi be yeanya nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe nu si tae amegbetɔwo le fu kpem ɖo ŋu la, kpɔ magazine sia ƒe kpeɖeŋutɔ si nye Gbetakpɔxɔ, July 1, 2014 me nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo ƒe tanyae nye “Nu Ka Tae Vɔ̃ Dzɔna Ðe Ame Nyuiwo Dzi?”

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe