INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/15 axa 7
  • Susuhehe Yi Titina Ɣedzeƒe Dukɔwo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susuhehe Yi Titina Ɣedzeƒe Dukɔwo Dzi
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kanaantɔ Siwo Nye Wainwɔlawo
  • Amewo Ƒe Agbɔsɔsɔ Si Dzi Ðe Edzi
  • Woke Ðe Gaku Aɖewo Siwo Woɣla La Ŋu
  • Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu ƒe Nukunu Gbãtɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Keke Ðe Nyateƒea Ŋu le Afisi Womekpɔ Mɔ Nɛ Le O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Ahatsunono Nye Nu Gbegblẽ Vavãa?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 9/15 axa 7
Ameha gbogbo aɖewo le ablɔ si dzi fiasewo le la dzi zɔm le Titina Ɣedzeƒe dukɔ aɖe me

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Titina Ɣedzeƒe Dukɔwo Dzi

Enye xexea ƒe teƒe si dukɔ geɖewo ƒe ŋkuʋuʋu dze egɔme tso, Tomenukulawo ke ɖe nu vevi geɖewo ŋu le to me le Titina Ɣedzeƒe dukɔwo me.

Kanaantɔ Siwo Nye Wainwɔlawo

Ze gã etɔ̃

Le ƒe 2013 me la, tomenukulawo ke ɖe Kanaantɔwo ƒe tomexɔ gã aɖe si me wodzrana wain ɖo, si xɔ ƒe 3,700 la ŋu. Ze gã 40 ye le xɔa me, eye wain agbɔsɔsɔ si ate ŋu anɔ wo me ate ŋu ayi ɖe egbegbe waintukpa 3,000 me. Tomenukula si lé ŋku ɖe nu siwo tsi zeawo me ŋu de dzesii be Kanaantɔwo nye wainwɔla siwo ɖɔa ŋu ɖo le ewɔwɔ me. Egblɔ be: “Wozɔ ɖe wainwɔwɔ ƒe mɔfiame ɖeka aɖe koŋ dzi pɛpɛpɛ le zeawo dometɔ ɖe sia ɖe me.”

ÈNYAA? Biblia ƒo nu tso “wain nyuitɔ” wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ɖe ze gãwo me ŋu le blema Israel.—Hawo Ƒe Ha 7:9; Yeremiya 13:12.

Amewo Ƒe Agbɔsɔsɔ Si Dzi Ðe Edzi

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Guardian ka nya ta be le Egipte la, ɖevi siwo wodzi le ƒe 2012 me la, sɔ gbɔ 560,000 wu esiwo wodzi le ƒe 2010 me. Aƒetɔ Magued Osman, ame si wɔa dɔ le dɔwɔƒe si ƒoa nyatakakawo nu ƒu na Egipte dziɖuɖua gblɔ be: “Emae nye dzidziɖedzi gãtɔ kekeake le Egipte ƒe ŋutinya me.” Eŋutinunyalawo gblɔ be, ne dzidziɖedzi sia anɔ vavam alea la, tsi, elektrikŋusẽ kple nuɖuɖu ava ve vevie le dukɔa me.

ÈNYAA? Biblia gblɔ be, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo ‘nayɔ anyigba la dzi’ va se ɖe afi si sɔ, eye woakpɔ nuhiahiã siwo asu na wo.—1 Mose 1:28; Psalmo 72:16.

Woke Ðe Gaku Aɖewo Siwo Woɣla La Ŋu

Woke ɖe gaku siwo wu 100 siwo dzi woŋlɔ “Ƒe Enelia” ɖo la ŋu le teƒe si te ɖe mɔdodo gã aɖe ŋu le Israel. Ƒe si woŋlɔ ɖe wo dzi ɖee fia be Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Roma dziɖuɖua ŋu le eƒe ƒe enelia me. (69-70 Kristotɔwo Ŋɔli) Aglãdzedze siae wɔe be Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Aƒetɔ Pablo Betzer, ame si le tomenukulawo nu gblɔ be: “Edze ƒãa be ame aɖe si le afi sia vɔ̃ be nuwuwua le gogom, ɖewohĩ ekpɔ Roma-srafoawo wogbɔna. Eya ta etsɔ eƒe gawo ɣla kple susu be yeagava tsɔ wo emegbe.”

ÈNYAA? Le ƒe 33 K.Ŋ. me la, Yesu gblɔ ɖi be Romatɔwo ava ɖe to ɖe Yerusalem. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woasi ayi towo dzi be woanɔ dedie.—Luka 21:20-24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe