INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 15
  • Yesu ƒe Nukunu Gbãtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu ƒe Nukunu Gbãtɔ
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 15

Ta 15

Yesu ƒe Nukunu Gbãtɔ

ESI Andrea, Petro, Yohanes, Filipo, Natanael kple ɖewohĩ Yakobo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo la, ŋkeke ɖeka alo eve koe nye esia. Fifia wole mɔ dzi yina ɖe Galilea-nutoa me, si nye afisi wo katã tso. Afisi woyinae nye Kana si nye Natanael dedu si le togbɛwo dome, si gbɔ medidi tso Nazaret, afisi Yesu ŋutɔ nɔ tsi la o. Wokpe wo va srɔ̃ɖeŋkekenyuie aɖe ɖuƒee.

Yesu dada hã va srɔ̃ɖeƒea. Abe amesiwo le srɔ̃a ɖem la ƒe ƒomea ƒe xɔlɔ̃ ene la, edze abe ɖe Maria nɔ gome kpɔm le amedzro gbogboawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me ene. Eyata ede dzesi nane ƒe vɔvɔ kaba, eye wògblɔe na Yesu be: “Wein mele wo si o.”

Esime Maria to mɔ sia dzi nɔ gbɔgblɔm na Yesu be wòawɔ nane atso aha si le vɔvɔm ŋuti la, gbã la, Yesu nɔ hehem ɖe megbe. Ebia be: “Nya kae le mía kple wò dome mahã?” Abe Fia si Mawu tia ene la, mele be ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo naɖo nu nɛ o. Eyata Maria gblẽ nya la ɖe via si me nunyatɔe, eye wògblɔ na amesiwo le subɔsubɔm la be: “Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.”

Kpezɔ gã ade le afima eye tsi galɔn ewo alo lita blane vɔ atɔ̃ ate ŋu anɔ wo dometɔ ɖesiaɖe me. Yesu gblɔ na amesiwo le subɔsubɔm la be: “Midu tsi ɖe zɔawo me.” Dɔlawo du tsi ɖe wo me vaseɖe esime woyɔ banabana. Azɔ Yesu gblɔ be: “Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la.”

Wein la ƒe nyonyo wɔ dɔ ɖe nuɖuɖudzikpɔla la dzi, menya be nukumɔ dzie woto wɔe o. Eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la hegblɔ nɛ be: “Amesiame tsɔa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la edzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.”

Esia nye nukunu gbãtɔ si Yesu wɔ, eye esi eƒe nusrɔ̃la yeyeawo kpɔe la, edo ŋusẽ woƒe xɔse. Emegbe wo kple dadaa kpakple nɔviaŋutsuwo zɔ mɔ yi du si nye Kapernaum si te ɖe Galilea-ƒua ŋu la me. Yohanes 2:1-12.

▪ Ɣekaɣie wowɔ srɔ̃ɖeɖea le Kana le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me?

▪ Nukatae Yesu melɔ̃ ɖe nya si dadaa gblɔ dzi o?

▪ Nukunu kae Yesu wɔ, eye aleke wòwɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzie?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe