INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 15 axa 40-axa 41 mm. 6
  • Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu ƒe Nukunu Gbãtɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 15 axa 40-axa 41 mm. 6
Le srɔ̃ɖeƒe aɖe le Kana la, Yesu gblɔ na amewo be woadu tsi akɔ ɖe zɔawo me woayɔ

TA 15

Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ

YOHANES 2:1-12

  • SRƆ̃ÐEÐE LE KANA

  • YESU TRƆ TSI WÒZU WAIN

Ŋkeke etɔ̃liae nye esia Nataniel zu Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka. Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo dometɔ aɖewo ɖo ta dziehe gome yina Galilea nutoa me si nye wo de. Afi si woyinae nye Kana, du si me Nataniel tso. Kana le togbɛwo dzi le Nazaret, afi si Yesu ŋutɔ nɔ tsi la ƒe dziehe. Wokpe wo va srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe le Kana.

Yesu dada hã va srɔ̃ɖeƒea. Esi Maria nye ame siwo le srɔ̃a ɖem la ƒe ƒomea ƒe xɔlɔ̃ ta la, edze abe enɔ asi kpem ɖe amedzro gbogboawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ene. Eya ta ede dzesii kaba be wain vɔ, eye wògblɔ na Yesu be: “Wain vɔ le wo si.”—Yohanes 2:3.

Nya si gblɔm Maria nɔe nye be Yesu nawɔ nane tso wain si vɔ la ŋu. Yesu zã adagana si fia be yegbe esi wògblɔ be: “Nyɔnu, afi kae nya sia ka na nye kpli wò?” (Yohanes 2:4) Abe Fia si Mawu tia ene la, Yesu Fofo si le dziƒoe wòle be wòafia mɔe le eƒe dɔwɔnawo me, ke menye ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo o. Eya ta Maria gblẽ nya la ɖe via si me nunyatɔe, eye wògblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.”—Yohanes 2:5.

Kpezɔ gã ade le afi ma eye tsi lita blaene ate ŋu anɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe me. Yesu gblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Midu tsi ɖe zɔawo me woayɔ.” Yesu gblɔ be: “Azɔ miku ɖe yi na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la.”—Yohanes 2:7, 8.

Srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la le ŋugbetɔsrɔ̃a kafum ɖe wain-a ƒe nyonyo ta

Ale si gbegbe wain la nyoe la wɔ nuku na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔlaa, gake menya be nukumɔ dzie woto wɔe o. Eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la hegblɔ nɛ be: “Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.”—Yohanes 2:10.

Esiae nye nukunu gbãtɔ si Yesu wɔ. Esi eƒe nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ nukunu sia la, ena wogaxɔ edzi se geɖe wu. Emegbe Yesu, dadaa kple dadaviawo zɔ mɔ yi Kapernaum, si le Galilea-ƒua ƒe dzieheɣetoɖoƒe.

  • Ɣekaɣie woɖe srɔ̃a le Kana le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi?

  • Aleke Yesu wɔ nui esi dadaa do susu ɖa be wòawɔ nane tso wain si vɔ la ŋu?

  • Nukunu kae Yesu wɔ, eye aleke wòwɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzii?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe