INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 5 axa 3-7
  • Ne Afɔku Aɖe Dzɔ—Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Afɔku Aɖe Dzɔ—Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe
  • Nyɔ!—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZRA ÐO​—HAFI AFƆKU AÐE NADZƆ!
  • WƆ NU KPATA​—LE AFƆKUA DZƆƔI
  • WƆ NU SIWO ANA NÀNƆ DEDIE​—NE WÒDZƆ VƆ MEGBE!
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dzɔdzɔmefɔku Si Ate Ŋu Adzɔ Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ðe Nèdzra Ðoa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nɔ Dzadzraɖo Ði Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Mamlɛ Siawo Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Tenɔnɔ Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2017
g17 No. 5 axa 3-7
Dzotsilawo le dzo tsim

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ne Afɔku Aɖe Dzɔ Nu Siwo Míawɔ Be Míatsi Agbe

“Ya sesẽ si do tso nane si wó sesĩe me la tutum xlã ɖi kloe. Dzudzɔ to yatoƒe siwo le míaƒe ɔfis, si le dziƒoxɔ kɔkɔ aɖe dzi la me ge ɖe ɔfis la me eye wòlé dzo vlavlavla.”—Joshua.

Anyigbaʋuʋu . . . ahom sesẽ ƒe tutu . . . ŋɔdzidonamelawo ƒe amedzidzedze . . . kple tudada amewo le sukukpodzi nye nudzɔdzɔ siwo ŋu nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒoa nu tsoe zi geɖe. Le nyateƒe me la, nuxexlẽ tso afɔkuwo ŋu to vovo sãa na afɔku me toto ŋutɔŋutɔ. Nu kae wòle be nàwɔ hafi afɔku aɖe nadzɔ, le afɔkua dzɔɣi kple ne wòdzɔ vɔ megbe si awɔe be nàtsi agbe?

DZRA ÐO​—HAFI AFƆKU AÐE NADZƆ!

AFƆKU ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi. Eya ta dzadzraɖo do ŋgɔ le vevie be nàte ŋu atsi agbe. Ke aleke nàdzra ɖoe?

  • Dzra ɖo le susu me. Lɔ̃ ɖe edzi be afɔkuwo dzɔna eye be afɔku ate ŋu adzɔ ɖe wò kple wò ame veviwo dzi. Ne afɔku aɖe dzɔ vɔ hafi nèbe yeadzra ɖo la, ke etsi megbe akpa.

  • Ku nu me tso afɔku siwo ate ŋu adzɔ le mia gbɔ la ŋu. Nya teƒe siwo amewo asi ayi ne afɔku dzɔ. Lé ŋku ɖe wò aƒea kple teƒe si wòle ŋu be wotui nyuie, eye wòate ŋu anɔ te ɖe afɔkua nu hã. Ðe nu siwo ate ŋu ana dzo nadze aƒe la ɖa. De mɔ̃ siwo ana nànya be dzo dze aƒe la wò aƒea ŋu eye nànɔ kpe siwo le wo me la ɖɔlim edziedzi alo zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒe.

  • Dzra nuhiahiã veviwo ɖo. Ate ŋu adzɔ be akaɖi, tsi kple ʋuwo manɔ anyi ne afɔku dzɔ o eye fonwo hã mawɔ dɔ o. Ne ʋu le asiwò la, dze agbagba nàna ami nanɔ eme wòaɖo afã ya teti, eye nàna nuɖuɖu, tsi kple akplo si me nuhiahiã veviwo le nanɔ mia si le aƒea me ɣesiaɣi.—Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Nu Siwo Nèhiã La Le Asiwòa?”

    Ƒome aɖe le nuhiahiã veviwo dzram ɖo

    Dzadzraɖo do ŋgɔ le vevie be nàte ŋu atsi agbe

  • Kaƒodzesiwo. Na xɔ̃wò siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa ƒe kaƒodzesiwo nanɔ asiwò.

  • Wɔ ɖoɖo ɖe ale si miasii ŋu eye minɔ eme dzrom. Teƒe si tsɔ kpuie wu si miasi ato le miaƒe aƒea me nenɔ nyanya na mi, eye nàfia viwòwo nu si woawɔ ne afɔku aɖe dzɔ le woƒe suku. Afi si ƒomea akpe ta le ne afɔku dzɔ nenɔ nyanya na mi katã; ɖeka nate ɖe mia ŋu eye ɖeka nanɔ adzɔge, ate ŋu anye sukukpo aɖe dzi loo alo gbadzaƒe aɖe. Afɔkuŋutinunyalawo ɖo aɖaŋu be wò kple wò ƒomea minɔ zɔzɔm yi teƒe siawo edziedzi.

  • Ðoe be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu, ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame tsitsiwo kple dɔnɔwo.

WƆ NU KPATA​—LE AFƆKUA DZƆƔI

Joshua si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Esi míaƒe ɔfis lé dzo la, vɔvɔ̃ meɖo ame akpa gãtɔ o, womewɔ nu kpata o. Wo dometɔ aɖewo tsi woƒe kɔmpiutawo alo nɔ tsi kum ɖe woƒe tsigowo me. Ŋutsu aɖe ya gblɔ be: ‘Ðewohĩ ele be míalala.’” Togbɔ be amewo metsi dzi o hãa, Joshua ya do ɣli be: “Ele be míadzo fifi laa!” Enumake eƒe dɔwɔhatiwo do kplɔe ɖo ɖi to atrakpuiawo dzi ɖo ta anyigba. “Joshua yi ɣlia dodo dzi be: “Ne ame aɖe dze anyi la milée wòafɔ, mí katã míaɖi dedie!”

  • Ne dzo dze aƒe. Bɔbɔ eye nàwɔ kaba ato mɔ si te ɖe ŋuwò ado go. Esesẽ be woakpɔ nu to dzudzɔ me, eye dzudzɔ si amewo gbɔnae nana wokuna. Gblẽ nunɔamesiwo ɖi nàdzo. Ne èdzo le teƒea kaba la, ana nàtsi agbe.

  • Ne anyigba le ʋuʋum. Bè ɖe kplɔ̃ aɖe te alo ɖe gli aɖe xa. Nya be anyigbaʋuʋu suesuesuewo ate ŋu adzɔ akplɔe ɖo, eya ta do yi xexe enumake ne anya wɔ. Ate ŋu adzɔ be kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo mava ɖo kaba o, eya ta ne àte ŋui la, dze agbagba nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu.

  • Ne anyigba le ʋuʋum le atsiaƒu me. Ne atsiaƒutsia trɔ dzo enumake la, wɔ kaba nàyi teƒe kɔkɔ si tsia maɖo o. Nya be tsi gbogbo aɖe kple ƒutsotsoe gãwo atrɔ ava.

  • Ne ahom sesẽ aɖe le tutum. Yi teƒe si woɖo ɖi be amewo nanɔ ne ahom tu la enumake.

  • Ne tsi ɖɔ. Mèganɔ xɔ siwo me tsi ɖɔ ɖo la me o. Ƒo asa na tsimezɔzɔ alo ʋukuku to tsi me. Afɔku si manya kpɔ bɔbɔe o ate ŋu anɔ tsi si le sisim me, esia ƒe ɖewoe nye nu gbagbã siwo tsia lɔ ɖe enu, do globowo kple do siwo me elektrik-kawo to le tome.

  • Ènyaa? Tsi si le sisim si ƒe goglome mede meta ɖeka o (0.6) la ate ŋu akɔ ʋu adzoe. Ame siwo kuna le tsiɖɔɖɔ me la dometɔ geɖe nyea ame siwo dzea agbagba be yewoaku ʋu to tsi siwo le sisim me.

  • Ne dumegãwo gblɔ be misi la, dzo enumake! Na xɔ̃wòwo nanya afi si nèle, ne menye nenema o la, woava de woƒe agbe afɔku me anɔ diwòm.

    Ƒome aɖe le to ɖom radio

    Ne dumegãwo gblɔ be misi la, dzo enumake!

  • Ènyaa? Le afɔkudzɔɣiwo la, nyatakakawo ɖoɖo ɖa to text message dzi ate ŋu anyo wu kaƒoƒo.

  • Ne dumegãwo de se be ame sia ame nenɔ eƒe me loo alo afi si wòle la, nɔ xɔ me. Ne edzɔ be aɖi xɔ yame le miaƒe nutoa me loo, nuklia-mɔ̃ aɖe wó loo alo ame aɖe wu aɖi ɖe yame tsɔ dze miaƒe nutoa dzi la, nɔ xɔ me, tu yatoƒewo, eye nàxe yatoƒe ɖe sia ɖe le ʋɔtruwo kple fesrewo ŋu. Se mia gbɔ nyadzɔdzɔwo le television alo radio dzi. Nɔ xɔ me va se ɖe esime dumegãwo gblɔ be afɔkua nu yi hafi nàdo go.

WƆ NU SIWO ANA NÀNƆ DEDIE​—NE WÒDZƆ VƆ MEGBE!

Be nàƒo asa na dɔlélewo kple afɔku bubuwo la, bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ:

  • Nɔ xɔ̃wòwo gbɔ ne anya wɔ, tsɔ wu be nànɔ afi si wosika ame gbogbowo ɖo.

  • Na afi si nèle la nanɔ dzadzɛ.

  • Zã ametakpɔnuwo ne èle gbeɖuɖɔwo lɔm. Ne anya wɔ la, do aŋesiwuiwo kple afɔkpa titri, ɖɔ xɔtulawo ƒe kuku eye nàtsɔ nu abla ŋɔti. Nɔ ŋudzɔ ɖe elektrik-kawo kple dzo siwo ate ŋu anɔ nu siwo fiã la me ŋu.

  • Yi dɔ siwo nèwɔna gbe sia gbe dzi abe ale si nèwɔnɛ ene, ne anya wɔ. Ele be viwòwo nakpɔe be wò susu dze akɔ anyi eye mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o. Kpe ɖe viwòwo ŋu woawɔ woƒe sukudɔdeasiwo, fe kpli wo eye miaxlẽ Biblia, ado gbe ɖa ɖekae. Mègana nyadzɔdzɔ siwo woanɔ gbɔgblɔm tso afɔkua ŋu naxɔ susu me na wò o, eye mèganɔ dziku ɖem ɖe ƒomea me tɔwo ŋu o. Lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò eye nàkpe ɖe amewo ŋu.

    Ƒome aɖe le dɔ siwo wowɔna gbe sia gbe la wɔm le afɔku aɖe megbe

    Le afɔkua megbe la, yi dɔ siwo nèwɔna gbe sia gbe la dzi ne anya wɔ

  • Nenɔ susu me na wò be afɔkuwo gblẽa nu. Dziɖuɖua kple kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo ƒe taɖodzinue nye be woakpe ɖe amewo ŋu woatsi agbe menye be woaɖo woƒe nu siwo katã gblẽ la teƒe na wo o. Nu siwo ko míehiã be míanɔ agbee nye tsi nyui, nuɖuɖu, nudodowo kple mlɔƒe.—1 Timoteo 6:7, 8.

  • Nyae be nu ate ɖe dziwò eye lɔ̃ woakpe ɖe ŋuwò. Zi geɖe la, esia dzɔna ne afɔkua nu yi vɔ. Dzesia ƒe ɖewoe nye dzodzodzoetsitsi, blanuiléle kple seselelãme ƒe tɔtrɔ kpata kpakple ale si wòsesẽna be woabu tame, awɔ dɔ alo adɔ alɔ̃. Ðo dze tso eŋu na xɔ̃wò siwo tsɔa ɖe le eme na wò.

Togbɔ be Joshua tsi agbe esi dzo dze afi si wòwɔa dɔ le hã, eƒe ame nyanyɛ geɖe ku. Kristotɔ hamemetsitsiwo kple tagbɔdɔdalawo kpe ɖe eŋu. Joshua gblɔ be: “Woka ɖe edzi nam be nye nuxaxaa ate ŋu akpe ɖe ŋunye be mahaya eye be enu ava yi. Le ɣleti ade megbe la, drɔ̃e baɖabaɖa siwo mekuna la dzi ɖe kpɔtɔ. Dzesia ƒe ɖewo ya nɔ anyi didi.”

Ne afɔku dzɔ la, enana mímebua nuwo ŋu nyuie o. Esia nana ame aɖewo bua fɔ Mawu. Abe Joshua enea, “ame geɖe sea veve ɖe ame siwo tsi afɔku aɖe me la ta.” Egblɔ be “Egawɔna nam kokoko be ɖe wòle be maxɔ ame geɖe ɖe agbe hafi. Nu si dzi mexɔ see nye be madidi o Mawu aɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ɖo le anyigba dzi, eye esia faa akɔ nam. Gake fifia, medea asixɔxɔ agbe ŋu eye mewɔa nu sia nu si mate ŋui be makpɔ eta.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.a

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋugbe si Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu kple nu si tae wòɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? me. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org/ee.

Ðe Nu Siwo Nèhiã La Le Asiwòa?

Nuhiahiã veviwo

Habɔbɔ siwo kpɔa nuwo gbɔ ne afɔku dzɔ ɖo aɖaŋu na ƒomewo be, woadzra nuhiahiã veviwo ɖo eye woanɔ esiwo hiã be woaɖɔli la ɖɔlim ƒe sia ƒe. Afi si nèle kple nɔnɔme si me nèle ye abia nu si nàtsɔ ɖe asi, eya ta bia nya kpatawo gbɔ kpɔdɔwɔƒe si le mia gbɔ be woaɖo aɖaŋu na wò.

Anyo be ame sia ame nàdzra tsi galɔn etɔ̃ (Lita 11) ya teti kple nuɖuɖu si magblẽ o, si mehiã be woaɖa hafi aɖu o la ɖo.

Azɔ hã, ƒome aɖewo dzra “akplo si me nuhiahiãwo le si woate ŋu atsɔ ɖe asi bɔbɔe” la ɖo, eye nu siwo nɔa eme ƒe ɖewoe nye esiawo:b

  • Kuntruwo, vuvɔmewuwo kple afɔkpa titriwo

  • Tɔtsi, radio (kpe alo nu si wotsɔ tsadzi na kpea) kple kpe bubuwo

  • Nugo si me atike veviwo le kple kpẽ si woaku abia kpekpeɖeŋu

  • Nuɖugbawo, ganugoeʋunu, dɔwɔnuwo abe sakisi, hɛ̃ vi kple esiawo tɔgbi kple matsesi si mate ŋu aɖo tsi o

  • Ŋɔtiblanu kple aŋe gbadzaa si woate ŋu atsɔ awɔ agbadɔ

  • Numeklɔbrɔs, adzalẽ, tsiletse kple afɔdzidepepa

  • Nu siwo woatsɔ akpɔ ɖeviwo kple ame tsitsi alo dɔnɔ si ŋu hiahiã tɔxɛwo le la gbɔ

  • Nugo si me tsi mate ŋu age ɖo o, si me atike veviwo kple atike siwo ɖɔktawo ŋlɔ kpakple agbalẽ vevi bubuwo le

  • Kaƒodzesiwo kple teƒe siwo woate ŋu aƒo ƒu ɖo kple anyigbatatagbalẽ

  • Ga kple gaxɔgbalẽvi

  • Aƒe alo ʋu ƒe safui bubu siwo li

  • Pepa, nuŋlɔti, agbalẽ kple ɖeviwo ƒe fefenuwo

  • Biblia

b Ðewohĩ menye nu siwo katã woyɔ lae nàhiã na le nuto si me nèle o. Azɔ hã, àte ŋu atsɔ nu bubu siwo womeyɔ o la akpee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe