INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 3 axa 3
  • Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea
  • Nyɔ!—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Le Nyɔ! Ƒe Tata Sia Me: Ðe Biblia Ate Ŋu Ana Wò Agbe Nanyo Ðe Edzi Wua?
    Nyɔ!—2019
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2019
  • Agbalẽ Si Nyo Na Agbenɔnɔ Le Mi̇́aƒe Ŋkekea Me
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • 4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 3 axa 3
Ŋutsu aɖe le ŋku lém ɖe Biblia xoxo aɖe ŋu le nudzraɖoƒe

Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea

Ame geɖe dea bubu Biblia ŋu be enye subɔsubɔgbalẽ. Ke hã, menye subɔsubɔnyawo ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso nu ŋutɔŋutɔ siwo aɖe vi na mí le agbe me hã ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, se nya si ame aɖewo gblɔ tso ale si Biblia xexlẽ kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ɖe vi na woe ɖa.

“Nye agbe va nyo wu. Eye ale si mebua nuwo ŋui hesea wo gɔme la va nyo ɖe edzi. Meva le dzidzɔ kpɔm fifia wu.”—Fiona.

“Biblia sɔsrɔ̃ na taɖodzinu ŋutɔŋutɔ kple gɔmesese va le nye agbe ŋu.”—Gnitko.

“Nye agbe va nyo ɖe edzi fifia wu. Meva nɔa agbe tsɛ eye mekpɔa vovo ɖe nye ƒomea ŋu.”—Andrew.

Kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Le xexea me godoo egbea, ame geɖe va kpɔe be aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me siwo ate ŋu aɖe vi na yewo le mɔ ŋutɔŋutɔwo nu.

Na míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le mɔ siwo gbɔna nu ɖa . . . 

  • Lãmesẽmenɔnɔ

  • Míaƒe seselelãmewo

  • Ƒomegbenɔnɔ kple xɔlɔ̃wo

  • Gazazã

  • Mawusubɔsubɔ

Nyati siwo akplɔe ɖo la akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be menye subɔsubɔgbalẽ koe Biblia nye o ke boŋ aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu aɖe vi na wò hã le eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe