INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 3 axa 10-11
  • Gazazã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gazazã
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WƆ ÐOÐO NYUI
  • KPƆ NYUIE LE NUMAME GBEGBLẼWO ŊU
  • BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO
  • Gakuxi Kple Fenyinyi—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gazazã Nyuie
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
  • Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Nu Si Le Asiwò Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • 2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta
    Nyɔ!—2022
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 3 axa 10-11
Dɔwɔlawo le kapitadɔwɔƒe

Gazazã

Biblia ƒe mɔfiamewo le kpekpem ɖe ame geɖewo ŋu wole ga zãm nyuie wu.

WƆ ÐOÐO NYUI

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.”—Lododowo 21:5.

NU SI WÒFIA: Nu vevi si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedzee nye be nàzɔ ɖe ɖoɖo siwo nèwɔ dzi. Eya ta wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu. Ðo ŋku edzi be menye nu sia nu si ŋu nèke ɖo koe nàƒle o. Eya ta zã ga le nunya me.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Wɔ ɖoɖo eye nàzɔ ɖe edzi. Ŋlɔ wò gazazãwo katã ɖi, eye nàma wo ɖe nu vovovoawo nu. Eyome ma ga ɖe nuawo nu. Ne èzã ga ɖe nanewo ŋu wu la, ɖee le ɖewo ŋu nàtsɔ aɖo ema teƒe. Le kpɔɖeŋu me, ne èzã ga fũu ɖe mɔ̃memi ŋu la, ɖe gaa tso nu bubu siwo mele vevie tututu o abe awuƒlega ene ŋu nàtsɔ aɖo eteƒe.

  • Ƒo asa na fenyinyi. Dze agbagba ɖe sia ɖe nàtsri fenyinyi. Ðe ema teƒe la, dzra ga ɖo nàtsɔ aƒle nu siwo hiã wò la. Ne èzãa agbananuƒlegbalẽvi la, dze agbagba nàxe ga siwo katã susɔ ɣleti sia ɣleti be màganɔ deme xem na wo o. Ne fe le ŋuwò la, wɔ ɖoɖo ɖe exexe ŋu eye nàzɔ ɖe edzi.

Numekuku aɖe ɖee fia be ne amewo tsɔ agbananuƒlegbalẽvi le nu ƒlem la, woƒlea nu wògbɔa eme. Eya ta ne agbananuƒlegbalẽvi le asiwò la, nya ale si nàzãe.

KPƆ NYUIE LE NUMAME GBEGBLẼWO ŊU

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Kuviatɔ medea agble le vuvɔŋɔli o, eya ta abia nu le nuŋeɣi, esi naneke mele esi o ta.”—Lododowo 20:4.

NU SI WÒFIA: Kuviawɔwɔ ate ŋu ana ame naɖi hiã. Eya ta do vevie dɔ, eye ne anya wɔ la, nàwɔ ɖoɖo ɖe ale si nàzã ga fifia kple etsɔme ŋu.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Wɔ dɔ sesĩe. Lé fɔ ɖe dɔ si nèwɔna ŋu eye nànye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Dɔtɔwo lɔ̃a ame siwo doa vevie dɔ.

  • Ði anukware. Mèganɔ ame si nèle dɔ wɔm na fim o. Anukwaremaɖimaɖi agblẽ wò ŋkɔ eye asesẽ hafi nàgakpɔ dɔ.

  • Mègaklẽ ŋu o. Ne èklẽa ŋu ɖe ga ŋu la, ava gblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu eye wòana wò kple ame bubuwo dome nagblẽ. Ðo ŋku edzi be agbe xɔ asi wu ga.

BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm le internet dzi

Àte ŋu axlẽ Biblia le internet dzi le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le jw.org

MÈGAZÃ ƔEYIƔI KPLE GA ÐE NUMAME GBEGBLẼWO ŊU O.

“Ahamula kple nu tsu ɖula la, ada ahe, eye akɔlɔ̃edɔdɔ ɖe wònana wotsia ɖovu me.”—LODODOWO 23:21.

MÈGATSI DZI FŨU AKPA ÐE GA ŊU O.

“Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbewo ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti.”—MATEO 6:25.

MÈGABIÃ ŊU O.

“Ŋubiãla le yɔyɔm ɖe kesinɔnuwo ŋu, ke menya be hiã ava tu ye o.”—LODODOWO 28:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe