Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Nu Si Le Asiwò Nu
TSƆE be tsi le tsizɔ aɖe me, eye amewo le ekum le zazãm. Wò dɔe nye be nàkpɔ egbɔ be tsi yɔe ɣesiaɣi. Nu kae nàwɔ? Ele be nànɔ tsi kum anɔ kɔkɔm ɖe eme atsɔ aɖo esi zãm wole la teƒe. Zi ale si tsi si kɔm nèle ɖe eme la sɔ kple esi zãm wole ko la, tsi ayɔ zɔa ɣesiaɣi.
Ne míagblɔe la, nu siae wòfia be ame nanɔ agbe ɖe nu si le esi nu. Míate ŋu atsɔ ga si nèkpɔna la asɔ kple tsi si kɔm nèle ɖe zɔa me. Wò gazazãwo le abe tsi si kum amewo le hele zazãm la ene. Azɔ nya lae ale si nàkpɔ egbɔ be wò gazazãwo nagasɔ gbɔ wu ga si nèkpɔna o.
Togbɔ be gɔmeɖose si dze le kpɔɖeŋua me dze nu bɔbɔe aɖe hã la, etsɔtsɔ wɔ dɔe ya nye nya bubu kura. Amewo ate ŋu aƒo asa na gakuxi geɖewo ne wodze agbagba wɔ ɖe gɔmeɖose vevi sia dzi. Mɔ ka nue míate ŋu atsɔe awɔ dɔe le? Afi kae míate ŋu akpɔ mɔfiame siwo ɖea vi la le? Biblia mee míakpɔ mɔfiame geɖe siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me le. Na míadzro nu si wògblɔ la me kpɔ kpuie.
Biblia Me Gɔmeɖose Siwo Aɖe Vi
Gɔmeɖose nyui geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ gakuxiwo gbɔ la le Biblia me. Míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko me. Xlẽe yi edzi nàkpɔe ɖa be ɖe gɔmeɖose siawo makpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe ɖe nu si le asiwò nu o hã.
Wɔ ɖoɖo ɖe ale si nàzã gae ŋu. Be nàwɔ ga si le asiwò la ŋu dɔ nyuie la, ele be nànya ga si nèkpɔna kple ale si nàzãe. Biblia gblɔ be: ‘Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vae, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.’ (Lododowo 21:5) Ame aɖewo zãa lɛtakotokuwo tsɔ wɔa ɖoɖo ɖe ale si woazã gae ŋu. Wodea dzesi lɛtakotoku ɖe sia ɖe ɖe nu siwo ŋu woazã gaa ɖo la nu, abe “Nuɖuɖu,” “Xɔfetu,” alo “Nudodo” ene. Èɖazã mɔnu bɔbɔe sia alo mɔnu bubu aɖe o, nu si le vevie ye nye be nànya nu siwo ŋu nèle gaa zãm ɖo, eye nàtsɔ nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ, ke menye esiwo mele vevie o.
Ƒo asa na ŋuʋaʋã. Ame geɖe le dukɔ madeŋgɔwo me siwo dina be nu si le ame siwo le dukɔ deŋgɔwo me si la nasu yewo si. Le ame ɖekaɖekawo gome la, wodina be nu si le yewo haviwo si wotsɔ ƒoa adegbee la nasu yewo hã si. Esia ate ŋu anye mɔ̃ aɖe ame. Ðewohĩ nu mawo ƒeƒle na ganyawo le fu ɖem na wo. Ðe wòasɔ be nàdze ame aɖe yome le eƒe bometsinuwɔwɔ me be nàva xaxa le ganyawo gomea? Biblia xlɔ̃ nu be: “Ŋubiãla le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.”—Lododowo 28:22.
Nɔ agbe tsɛ. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woana woƒe ‘ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu.’ (Mateo 6:22) Ne èbe yeaɖu nu damiwo ahano wain nyuitɔ evɔ lã ƒuƒui kple tsi ko nue wò ga ade la, esia ate ŋu ana gakuxiwo naɖe fu na wò bɔbɔe. Le Asia Gadzraɖoƒe aɖe ƒe nyatakaka nu la, Philippinestɔ ɖeka le etɔ̃ me kloe kple Indiatɔwo ƒe afã kple edzivɔ da ahe vevie le Asia dukɔwo ƒe ahedada ƒe dzidzenu nu, si fia be ga si nu wonɔa agbe ɖo gbe sia gbe la mede Amerika dɔlar 1.35 o. Ne ga vi ma koe le ame aɖe si la, nunya anɔ eme be wòabu agbemenuhiahiã veviwo ko ŋu. Le dukɔ siwo me ganyawo de ame dzi le gɔ̃ hã la, gɔmeɖose sia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woaƒo asa na gakuxiwo.
Agbemenuhiahiã vevi siwo le asiwò la nedze ŋuwò. Gɔmeɖose sia do ƒome kple agbe tsɛ nɔnɔ. Biblia xlɔ̃ nu mí le 1 Timoteo 6:8 be: “Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” Togbɔ be ga vi aɖe koe le ame siwo kpɔa dzidzɔ wu le xexea me la dometɔ aɖewo si hã la, wokpɔa dzidzɔ ɖe nu si le wo si la ŋu, siwo ƒe ɖewoe nye ŋutilãmenunɔamesiwo kpakple lɔlɔ̃ si le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo si na wo.—Lododowo 15:17.
Ƒo asa na fenyinyi si mehiã o. ‘Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; ame si doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.’ (Lododowo 22:7) Aleke gbegbee Biblia me nya siawo nye nyateƒee enye esi! Togbɔ be míate ŋu aƒo asa na fenyinyi le nɔnɔme aɖewo me o hã la, zi geɖe la, ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe fe siwo mehiã o nyinyi me bene yewoaƒle nu si dzro yewo la toa gakuxi sesẽwo me. Esia dzɔna zi geɖe ne amewo zãa agbananuƒlegbalẽviwo. Time magazine gblɔ be: “Ne míetsɔ agbananuƒlegbalẽvi ɖe asi ko la, míegabua nu ŋu nyuie hafi ƒlea nuwo o.” Eric, si le Philippines, gblɔ be: “Zi geɖe la, ne mezã agbananuƒlegbalẽvi la, meƒlea nu geɖe wu ne mezã ga ŋutɔŋutɔ. Nu sia gblẽa ga ŋuti ɖoɖo si mewɔ la me ne ɣeyiɣia de be maxe fe siwo le ŋunye.” Ðe nunya manɔ eme ŋutɔ be ame nakpɔ nyuie ne ele agbananuƒlegbalẽvi zãm oa?—2 Fiawo 4:1; Mateo 18:25.
Dzra ga ɖo hafi nàƒle nu. Togbɔ be adze tsigãdzinya hã la, le nyateƒe me la, ga dzadzra ɖo ɖe nu si nèdi be yeaƒle ŋu la nye mɔ nyuitɔ siwo dzi nàto aƒo asa na gakuxiwo la dometɔ ɖeka. Mɔnu sia na ame geɖe ƒo asa na fenyinyi kple eŋuti kuxiwo, abe deme gãwo xexe ene, si wɔnɛ be ga si amewo xena ɖe agbananu siwo woƒle ta la dzina ɖe edzi. Le Biblia me la, woɖɔ anyidi be edze “nunya,” elabena “etua eƒe nuɖuɖu ɖo le nuŋeɣi” ɖe etsɔme ŋu.—Lododowo 6:6-8; 30:24, 25.
Srɔ̃ Ame Bubuwo Ƒe Kpɔɖeŋu
Edze ƒãa be Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo katã me míedzro la nyo, ke ɖe wole kpekpem ɖe amewo ŋu ŋutɔŋutɔ be woanɔ agbe ɖe nu si le wo si nua? Na míadzro ame aɖewo siwo tsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo wɔ dɔe si wɔe be wote ŋu nɔ te ɖe gakuxiwo nu dzidzedzetɔe la ƒe nyawo me kpɔ.
Diosdado, si nye vifofo si si vi ene le la, gblɔ be ganyawo ƒe sesẽ si do mo ɖa nyitsɔ laa la na wòsesẽ na ye be yeakpɔ yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ke hã, ekpɔe be ele vevie be yeawɔ ɖoɖo ɖe yeƒe gazazã ŋu. Egblɔ be: “Mewɔ ɖoɖo ɖe ale si mazã ga sia ga si mekpɔ la ŋu. Mewɔa nu sia nu si meƒle la ŋuti nuŋlɔɖi.” Danilo hã tsɔ gɔmeɖose ma ke wɔ dɔe. Dɔwɔƒe sue si woa kple srɔ̃a woɖo la gbã. Ke hã, esi wowɔ ɖoɖo ɖe ga si le wo si zazã ŋu ta la, wotea ŋu kpɔa woƒe gbesiagbe nuhiahiãwo gbɔ. Egblɔ be: “Míenya ga si míekpɔna ɣleti sia ɣleti, eye míenya esi míezãna hã. Míenɔa te ɖe esia dzi wɔa ɖoɖo ɖe ale si míazãe ŋu tsitotsito.”
Ame aɖewo kpɔe be ehiã be yewoaɖe yewoƒe gazazã dzi akpɔtɔ bene yewoate ŋu azɔ ɖe gazazã ŋuti ɖoɖoa dzi. Myrna, si nye ahosi aɖe si si vi etɔ̃ le la gblɔ be: “Le esi teƒe be míaɖo ʋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, fifia mía kple vinyewo míezɔna boŋ.” Myrna dze agbagba kpe ɖe viawo ŋu wokpɔ ale si wòle vevie be woanɔ agbe tsɛ. Egblɔ be: “Medzea agbagba be maɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo le ale si mewɔna ɖe gɔmeɖose si le 1 Timoteo 6:8-10 dzi, afi si ɖe ale si wòle vevie be woakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le ame si ŋu la fia.”
Gerald, si nye vifofo si si vi eve le la hã wɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi. Egblɔ be: “Le míaƒe ƒomea ƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la, míedzroa Kristotɔ siwo tsɔ woƒe susu ɖo nu siwo le vevie wu, si nye ale si woana woa kple Yehowa dome nanɔ nyuie la, ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. Esia ɖe vi ŋutɔ, elabena mía viwo metsɔa nu siwo mehiã ŋutɔŋutɔ o la ɖea fu na mí o.”
Janet nye tre, eye wònye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla si zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia fiafia amewo ŋu le Philippines. Dɔ gblẽ nɛ nyitsɔ laa, gake ele agbe nɔm ɖe nu si le esi nu. Egblɔ be: “Ame ɖokuimamla kple nuŋububu nyuie ye kpe ɖe ŋunye. Le esi teƒe be maƒle asi le fiase gãwo me la, meyia fiase siwo me nuwo mexɔ asi le o. Nu ka tae maƒle nu ho gbogbo esi mate ŋu aƒlee asi bɔbɔe? Azɔ hã, meƒoa asa na nuwo ƒeƒle wo ŋu mabumabui.” Janet de dzesii be nunya le eme be woadzra ga ɖo ɖe nuwo ƒeƒle ŋu. Egblɔ be: “Ne ga aɖe susɔ la, medzranɛ ɖo, ne ele sue gɔ̃ hã, be mate ŋu azãe le ɣeyiɣi si me eŋu dɔ wɔwɔ hiã kpata.”
Eric, si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la, gblɔ ku ɖe agbananuƒlegbalẽvi zazã ŋu be: “Mezia ɖokuinye dzi be magazã agbananuƒlegbalẽvi o negbe ɖe nua ƒeƒle hiã kpata ko hafi.” Diosdado lɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi. Egblɔ be: “Be maɖu ɖokuinye dzi le agbananuƒlegbalẽvi zazã me la, megblẽnɛ ɖe nye ɔfis.”
Àte Ŋu Anɔ Agbe Ðe Nu Si Le Asiwò Nu
Nyateƒee, ame geɖe va kpɔe be togbɔ be agbalẽ si ƒo nu tso ale si míana mía kple Mawu dome nanɔ nyuie koŋue Biblia nye hã la, mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu le ŋutilãmenuwo gome hã le eme. (Lododowo 2:6; Mateo 6:25-34) Ne ètsɔ Biblia me gɔmeɖose siwo me míedzro le nyati sia me wɔ dɔe, eye nèsrɔ̃ ame siwo gɔmeɖose siawo ɖe vi na ƒe kpɔɖeŋu la, wò hã àte ŋu anɔ agbe ɖe nu si le asiwò nu. Ne èwɔe alea la, àte ŋu aƒo asa na kuxi kple nuteɖeamedzi siwo me tom ame miliɔn geɖe le egbea.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]
‘Míewɔa ɖoɖo ɖe ale si míazã gae ŋu tsitotsito’
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
‘Le esi teƒe be míaɖo ʋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, fifia ɖeko míezɔna’
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
‘Meƒoa asa na nuwo ƒeƒle wo ŋu mabumabui’