AKPA 1
Xexemewɔwɔ Vaseɖe Tsiɖɔɖɔ Dzi
Afikae dziƒo kple anyigba dzɔ tso? Aleke ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo, kpakple nu geɖe, siwo le anyigba dzi la wɔ va dzɔ? Biblia la na ŋuɖoɖo vavãtɔ esime wògblɔ be Mawue wɔ wo. Eyata míaƒe agbalẽa dze egɔme kple Biblia ƒe ŋutinya, siwo tso nuwo wɔwɔ ŋuti.
Míese be Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔwo nye gbɔgbɔmemewo; wole abe eya ŋutɔ ene. Wonye mawudɔlawo. Gake wowɔ anyigba la na amesiwo le abe míawo ene. Eyata Mawue wɔ ŋutsu kple nyɔnu, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Adam kple Xawa, eye wòda wo ɖe abɔ nyui aɖe me. Gake womeɖo to Mawu o eye wobu agbe, si woayi edzi anɔ la ƒe gomekpɔkpɔ.
Le yi katã me la, tso Adam wɔwɔ dzi vaseɖe Tsiɖɔɖɔ gã la dzi la nye ƒe 1,656. Ame gblẽku geɖewo nɔ anyi le ɣeyiɣi sia me. Gbɔgbɔmeme, siwo womekpɔna kple ŋku o, Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo, nɔ dziƒo. Kain kple ame gblẽku bubu geɖewo nɔ anyigba la dzi, kple ŋutsu sesẽ tɔxɛ aɖewo hã. Gake ame nyuiwo hã nɔ anyigba la dzi—Habel, Henox kple Noa. Le Akpa GBÃTƆ sia me la, míaxlẽ nu tso amesiawo kple nudzɔdzɔ siawo katã ŋuti.