INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sj axa 12-16
  • Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada
  • Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbe Dodo na Aflaga La
  • Dukɔ ƒe Hawo kple Suku ƒe Hawo
  • Dɔ kple Nɔƒe siwo Wodana Akɔ Tiana Ame Na
  • “Yehowa Si Me Xɔname Le”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Gbedodo Na Aflaga, Akɔdada, Kple Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Menye Asrafodɔ O
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gbena Bubutɔe Be Yewomawɔ Dulɔlɔ̃ Ƒe Nuwɔnawo O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Suku kple Yehowa Ðasefowo
sj axa 12-16

Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada

Ðewohi̇̃ mía viwo ƒe kadodo kple sukuwo ƒe akpa siwo vea dɔme na amewo kabakaba ŋutɔ la dometɔ ɖekae nye esi lɔ dulɔlɔ̃ ƒe nuwɔnawo ɖe eme la. Míekpɔe dze sii be alɔ seselelãme detowo ɖe eme, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nufiala siwo kpɔa nɔnɔme vovovoawo gbɔ le veveseɖeamenu kple nugɔmesese me la ŋu ŋutɔ. Ðewohi̇̃ nusita Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dulɔlɔ̃ ƒe nuwɔnawo me o la ƒe numeɖeɖe anye kpekpeɖeŋu.

Ŋutinya ƒe ɖaseɖiɖi ɖee fia be Kristotɔ gbãtɔawo meƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o. Abe alesi Yesu gblɔ le wo ŋu ene la: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW) Ke boŋ wo katã wonɔ dziƒodziɖuɖu si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe yome. New York nufiala siwo nye Eugene A. Colligan kple Maxwell F. Littwin gblɔ ku ɖe wo ŋu le From the Old World to the New ƒe agbalẽa me be: “Wolɔ̃ Mawu ƒe Fiaɖuƒea wu fiaɖuƒe ɖesiaɖe si woasubɔ le anyigba dzi.”

Le esia gome la Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ɖi la dzi tututu, eye egbea la Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe dzidzenu ma nu. (Yohanes 6:15; 18:36) De dzesi alesi nusrɔ̃gbalẽwo ƒo nu le akpa aɖeke dzi mademade ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo yomedzela gbãtɔwo si ɖe dunyahehe ŋu la ŋutie:

“Amesiwo nɔ trɔ̃subɔlawo ƒe xexeame dzi ɖum la mese Kristotɔnyenye gbãtɔa gɔme gobii aɖeke o eye womekpɔ ŋudzedze gobii aɖeke ɖe eŋu o. . . . Kristotɔwo gbe gome kpɔkpɔ le Roma-viwo ƒe dɔdasi aɖewo me. . . . Wogbe dunyahehe ƒe nɔƒewo xɔxɔ.”—On the Road to Civilization, A World History (1937), si Albert K. Heckel kple James G. Sigman ŋlɔ, axa 237, 238.

“Roma-dziɖuɖua yɔ Kristotɔawo be dukɔa ƒe futɔwo. Womele Roma-ʋakɔa me o. Wogbe gbe dodo na fia la ƒe nɔnɔme kpakpɛ si ŋu gɔmesese ma ke si le dukɔ ƒe aflaga ŋu na dumeviwo egbea nɔ la. Woƒe mawusubɔsubɔ koe wowɔa nuteƒe na.”—Man—His World and Cultures (1974), si Edith McCall, Evalyn Rapparlie kple Jack Spatafora ŋlɔ, axa 67, 68.

Abe alesi miase egɔmee ene la, akpa aɖeke dzi mademade ƒe mɔ ma ke dzi toto egbea lɔa míaƒe sɔhɛwo ƒe gome kpɔkpɔ le suku ƒe nuwɔna aɖewo kple dɔwɔna aɖewo me la ɖe eme. Nɔnɔme si nɔ te ɖe dzitsinya dzi kae le Yehowa Ðasefowo si le xexeame katã ɖe nya siawo ŋu?

Gbe Dodo na Aflaga La

Togbɔ be míedoa gbe na dukɔ aɖeke ƒe aflaga o hã la, menye amemabumabu ɖeɖe fia tae míewɔa esia o. Míedea bubu dukɔ ɖesiaɖe si me míele la ƒe aflaga ŋu, eye míeɖea bubu sia fiana to wɔwɔ ɖe dukɔa ƒe sewo dzi la dzi. Míekpɔa gome le nuwɔna si atsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu la me gbeɖe o. Le nyateƒe me la, míexɔe se be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu siwo li la nye “Mawu ƒe nuɖoanyi” si wòɖe mɔ na be wòanɔ anyi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Eyata míebunɛ be Mawu ƒe se bia tso mía si be míatsɔ nudzɔdzɔwo, adzɔwo kple bubu na “dziɖuɖu [mawo], siwo ŋusẽ li na” la.—Romatɔwo 13:1-7.

Ðewohi̇̃ àbia be, ‘Ke nukatae miedea bubu aflaga la ŋu to gbe dodo nɛ dzi o?’ Nusitae nye be míebua gbe dodo na aflaga be enye tadedeagu ƒe nuwɔna. Togbɔ be míegblɔna na ame bubuwo be woagado gbe na aflaga la o hã la, míaƒe dzitsinya maɖe mɔ na mí be míatsɔ nusi míebuna be tadedeagu la na ame aɖe alo nane o negbe na mía Mawu, Yehowa ko. (Mateo 4:10) Nyateƒee, ame geɖe mebuna aflaga la be enye nu kɔkɔe alo be gbe dodo nɛ la nye tadedeagu ƒe nuwɔna o. Gake de ŋugble tso nusi le xexeame ƒe ŋusẽtɔwo si woagblɔ le esia ŋu la ŋuti:

“Abe atitsoga la ene la, aflaga la le kɔkɔe. . . . Se kple ɖoɖo siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme ɖe dukɔwo ƒe aflagawo ŋu la zãna nyagbe sesẽ kɔnumewo abe ‘Subɔsubɔ Tsɔtsɔ na Aflaga,’ . . . ‘Bubu Deto na Aflaga,’ ‘Ðokui Tsɔtsɔ na Aflaga’ ene.”—The Encyclopedia Americana (1942), Babla 11, axa 316.

“Dumevinyahehe ƒe xɔse ƒe dzesi vevitɔ kple tadeagunu vevitɔe nye aflaga la, eye woto kɔnu wɔmoyawo vɛ hena ‘gbe dodo na’ aflaga la, hena aflaga la ‘bɔbɔ ɖe anyi agakɔe dzi,’ hena aflaga la ‘ɖeɖe,’ kple hena aflaga la ‘tsitsi ɖi.’ Amewo ɖea kuku le ta ne aflaga la va yina; eye hakpalawo ŋlɔa hakpanyawo eye ɖeviwo dzia subɔsubɔhawo tsɔna kafua aflaga la.”—What Americans Believe and How They Worship (1952), si J. Paul Williams ŋlɔ, axa 359, 360.

Ðewohi̇̃ asee le ɖokuiwò me be nya siwo le etame la nye nukpɔsusu siwo gbɔ eme akpa. Gake enye nusi nya se be esime Amerika nye dukɔ bubu ƒe anyigba la Puritatɔwo ƒo nu tsi tre ɖe Britaniatɔwo ƒe aflaga la ŋu le “Ame Kɔkɔe” George ƒe atitsoga dzẽ si le eme ta. Le The Encyclopædia Britannica (1910-1911) ƒe nya nu la, wowɔ esia “menye le nuteƒemawɔmawɔ na wo dedukɔ ta o, ke boŋ le nusi wobu be enye trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzesi la gbegbe ta.”

Se Ewoawo dometɔ ɖeka gblɔ be woagawɔ nane si le abe “nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi” ene hena tadedeagu o. (Mose II, 20:4, 5) Abe Kristotɔwo ene la, míesee le mía ɖokui me be Biblia ƒe sedede be ‘míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti’ la bla mí.—Yohanes I, 5:21.

Míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne nufialawo se nu gɔme ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu eye wokpe ɖe mía viwo ŋu be woawɔ ɖe wo dzi. Ame bubuwo ɖee gblɔ be yewose míaƒe nukpɔsusu be gbe dodo na aflaga ku ɖe tadedeagu ŋu la gɔme, abe alesi nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene be:

“Kristotɔwo gbe . . . vɔ sasa na [Roma] fia la ƒe nɔnɔme si wowɔ—esi sɔ kple gbegbe be womado gbe na aflaga alo agblɔ anukwareɖiɖi ƒe atamkaka la o egbea.”—Those About to Die (1958), si Daniel P. Mannix ŋlɔ, axa 135.

“Nu vevitɔe nye be wotsɔe be gbe dodo na aflaga nye mawusubɔsubɔ ƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe nuwɔna. . . . Togbɔ be nukpɔsusu sia wɔ mo yaa hã la, menye nusi dzi Biblia meɖo kpee kura o wònye o. . . . Ne gbe dodo na aflaga la nye mawusubɔsubɔ ƒe nuwɔna la, ekema eɖanye aleke kee nua dze na bubui o, Mawu ƒe se tsi tre ɖe eŋu. Ne woagblɔe le mɔ bubu nu la, mehiã be gbegbe be womado gbe na aflaga la nafia be womede bubu aflaga la alo dukɔa ŋu o.”—Render Unto Caesar, The Flag-Salute Controversy (1962), David R. Manwaring, dunyaheɖaŋu ŋuti nufialagã ƒe kpeɖeŋutɔ le Hobart kple William Smith ƒe Suku Kɔkɔwo, axa 32.

Míadi be míate gbe ɖe edzi be menye ɖe míeɖoe be míato gbe si míegbe be míado na aflaga o la dzi agbe bubu dede dziɖuɖu aɖe alo eƒe dziɖulawo ŋu o. Nya la koe nye be míade ta agu alo ado gbe na nane si tsi tre ɖi na Dukɔa, abe esi Nebukadnezar li anyi ɖe Dura-bali me ene, alo abe egbegbe aflaga siwo le dukɔwo si la ene la le tadedeagu ƒe nuwɔna me o. (Daniel 3:1-30) Enye nusi ɖe dzesi be le nyametsotso aɖe si wowɔ tsã la tɔtrɔ si zu ŋutinya me la, United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gblɔ be:

“Míesusu be nusi amegã siwo le afima la wɔ be wona gbe dodo na aflaga la kple adzɔgbeɖenya gbɔgblɔ la zu dzizizi la gbɔ afisi woƒe ŋusẽa se ɖo la ŋu yi eye wòge ɖe nusi nye nunya kple gbɔgbɔ ƒe nya si dzi wònye míaƒe Sea ƒe Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa ƒe taɖodzinu be amegãwo megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o la me.”—West Virginia State Board of Education v. Barnette (1943).

Eyata esime ame bubuwo le gbe dom na aflaga hele adzɔgbeɖenya gblɔm la, mía viwo tsia tre ɖi kpoo le gbe dodo na aflaga ƒe kɔnuwɔɣia. Gake ne le susu aɖe ta la wowɔ aflaga ƒe kɔnua le mɔ aɖe nu be tsitrenɔnɔ dzro ko nye ɖaseɖiɖi be wokpɔ gome le kɔnuwɔwɔa me la, ekema mía viwo nɔa anyi. Hekpe ɖe eŋu la, mía viwo mekpɔa gome le dulɔlɔ̃ ƒe asaɖabɔbɔ siwo afia be wode nusi ŋu asaɖabɔbɔa le bubu demee dzi la me o. Míedea akpa aɖeke dzi o.

Dukɔ ƒe Hawo kple Suku ƒe Hawo

Zi geɖe la dukɔa ƒe ha nyea mawusubɔsubɔ ƒe hadzidzi alo gbedodoɖa si wotsɔ kpa hae. The Encyclopedia Americana (1956) la gblɔ be: “Denyigbalɔlɔ̃ kple ame ƒe dukɔ si anye dada nɛ la nye nya vevitɔwo le dukɔ ƒe ha akpa gãtɔ me, eye le geɖewo me la wotsɔ mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme tsaka kple dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme.” Le nyateƒe me la, nya vevitɔ siwo le adzɔgbeɖeɖe na aflaga ƒe nya la mee le dulɔlɔ̃ ƒe hawo me. Eye esi wònye dumevinyahehe ƒe dada si mã míaƒe xexeame ale gbegbe la menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔa dzi o ta la, míekpɔa gome le ha siwo kafua anyigba dzi dukɔ aɖe la dzidzi me o.—Dɔwɔwɔwo 17:26; Yohanes 17:15, 16.

Ne wole dukɔ ƒe hawo ƒom la, zi geɖe la nusi ko wòle be ame nawɔ atsɔ aɖee afia be yede seselelãme siwo le ha la me dzi lae nye be wòatsi tre. Le go mawo me la, sɔhɛ Ðasefowo nɔa anyinɔƒe. Gake ne míaƒe sɔhɛawo le tsitre xoxo hafi wole dukɔ ƒe ha ƒom la, womawɔ afɔɖeɖe tɔxɛ si nye be woanɔ anyi o; mele abe ɖe wotso le duhadzidzia ta koŋ ene o. Le go bubu me la, ne wole mɔ kpɔm be ƒuƒoƒo aɖe natsi tre ahadzi haa la, ekema míaƒe sɔhɛwo atso ahatsi tre le bubu ta. Gake woaɖee afia be yewomelɔ̃ ɖe seselelãme siwo le ha la me la dzi o to ɖoɖoezizi dzi.

Ðe suku ƒe hawo hã sɔ kple dukɔ ƒe hawoa? Ẽ, amesiwo le sukua bua wo abe alesi dukɔwo bua dukɔ ƒe hawoe ene. Zi geɖe la wotsɔa mawusubɔsubɔ ƒe dzonɔameme kple kafukafu dzia woe. Mía viwo medea hadzidzi mawo ƒe seselelãmewo dzi o.

Dɔ kple Nɔƒe siwo Wodana Akɔ Tiana Ame Na

Le suku geɖewo me la wodana akɔ tiana sukuviwo na dɔ alo nɔƒe aɖe, abe sukuviawo ƒe ŋgɔnɔla ene. Suku aɖewo wɔa dunyahehe ƒe boblododo sue siwo ŋu boblododo ƒe awunugbuiwo kple agbalẽvi siwo woklãna ɖi tsɔna ɖea gbe ƒã amesiwo woatia la kpe ɖo. Tameɖoɖo lae nye be woana sɔhɛwo nanya dunyahehe ƒe ɖoɖowo. Gake sɔhɛ Ðasefowo mekpɔa gome le suku ƒe dunyahehe me, to nɔƒe si woda akɔ tia wo na la xɔxɔ alo akɔdada na ame bubuwo dzi o. Eyata ne wotia wo be woada akɔ na wo alo da akɔ tia wo hena nɔƒe aɖe la, wogbena aɖaŋudzedzetɔe. To mɔ sia dzi la wosrɔ̃a Yesu, amesi dzo esime amewo di be yewoatsɔe aɖo fia la ƒe kpɔɖeŋu.—Yohanes 6:15.

Gake míebua dɔ si nufiala la de asi na ame la abe nusi to vovo ene. Eyata ne wode dɔ asi na sɔhɛ Ðasefowo be woana kpekpeɖeŋu le mɔ fiafia ʋuwo me alo le dɔ ma tɔgbe me la, míedea dzi ƒo na wo be woana kpekpeɖeŋu alesi woate ŋui.

Míaƒe sɔhɛwo kpɔe dze sii be menye akɔdada ɖesiaɖe ye nye dunyahehe tɔ o. Ɣeaɖewoɣi la nufiala biana tso sukuviwo si be woagblɔ woƒe susu. Ðewohi̇̃ manye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi be ame nagblɔ be yelɔ̃ nuwɔna aɖewo wu alo wòagblɔ eƒe nukpɔsusu le nuƒo aɖe alo nyaŋɔŋlɔ aɖe ŋu o. Ne amewo ɖe woƒe nukpɔsusu le nane ƒe nyonyo ŋu fia to asi dodo ɖe dzi dzi la, mesɔ kple ame aɖe tiatia to dunyahehe ƒe mɔ dzi hena nɔƒe aɖe la o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

“Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.”—Yohanes 17:16, New World Translation

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Yehowa Ðasefowo bua gbe dodo na aflaga be enye tadedeagu ƒe nuwɔna

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Kristotɔwo gbe . . . vɔ sasa na [Roma] fia la ƒe nɔnɔme si wowɔ—esi sɔ kple gbegbe be womado gbe na aflaga . . . la o egbea”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe alesi ɖekakpui Hebritɔ nuteƒewɔlawo gbe ta dede agu na Dukɔa ƒe legba ene la, Yehowa Ðasefowo medoa gbe na aflaga la o

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Sɔhɛ Ðasefowo mekpɔa gome le suku ƒe dunyahehe me o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe