INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ed axa 19-25
  • Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu
  • Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodo na Aflaga
  • Dzilawo ƒe Gome
  • Aƒe Siwo me Mã le Mawusubɔsubɔ Gome
  • Ðeviwo ƒe Dzitsinyablɔɖe ƒe Gomenɔamesi
  • Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • “Yehowa Si Me Xɔname Le”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gbena Bubutɔe Be Yewomawɔ Dulɔlɔ̃ Ƒe Nuwɔnawo O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Gbedodo Na Aflaga, Akɔdada, Kple Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Menye Asrafodɔ O
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
ed axa 19-25
Nɔnɔmetata si le axa 19

Yehowa Ðasefowo kua kutri ƒãa Kristotɔwo ƒe dzidzenu vavãwo ɖe wo viwo me

Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu

Le ŋutinya katã me la, ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒo dzi le ɖe afɔ aɖe si to vovo na wo ŋɔlimetɔwo ƒe nukpɔsusuwo. Wodo dzi le dunyahehe, mawusubɔsubɔ, kple ameƒomevinyenye ƒe ŋutasẽnuwɔnawo me, eye zi geɖe la, wotsɔa woƒe agbe ɖoa anyi ɖe woƒe tenɔnɔ ta.

KRISTOTƆ gbãtɔwo koŋ ƒoe dzi nɔ wu. Roma-trɔ̃subɔlawo wu wo dometɔ geɖe le ƒe alafa etɔ̃ gbãtɔwo ƒe yometiti sesẽawo me le esi wogbe fiagã la subɔsubɔ ta. Ɣeaɖewoɣi la, woɖia vɔsamlekpui ɖe fefewɔƒewo. Nusi wodi tso Kristotɔwo si hafi woaɖe asi le wo ŋu koe nye be woatɔ dzo lifi sue aɖe atsɔ aɖee fia be yewolɔ̃ ɖe fiagã la ƒe mawumenyenye dzi. Gake wo dometɔ ʋee aɖewo koe na ta. Ame akpa gãtɔ lɔ̃ be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ.

Alea ke Yehowa ƒe Ðasefo Kristotɔwo hã nɔa te le dunyahehe ƒe akpaɖekedzimademade mee egbea. Le kpɔɖeŋu me, woƒe tenɔnɔ sesĩe le Nazitɔwo ƒe yometiti me ƒe kpeɖodziwo le ŋutinya me nuŋlɔɖi me woakpɔ. Do ŋgɔ na xexemeʋã evelia kple esime wòdzɔ la, Germania Ðasefo siwo ade woƒe akpa enelia bu woƒe agbe, vevietɔ le fuwɔamegaxɔwo me, le esi womede akpa aɖeke dzi o eye wogbe “Heil Hitler” gbɔgblɔ ta. Wokplɔ ɖeviwo dzoe le wo dzila Ðasefowo gbɔ sesẽe. Togbɔ be woƒo nya ɖe ɖeviawo nu hã la, wonɔ te sesĩe eye womelɔ̃ be nufiafia siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, siwo amewo te kpɔ be woazi ɖe wo dzi la naƒo ɖi wo o.

Gbedodo na Aflaga

Wometia Yehowa Ðasefowo yome vevie nenema egbea ya o. Gake ɣeaɖewoɣi la, masɔmasɔwo doa mo ɖa le nyametsotso siwo sɔhɛ Ðasefowo wɔna le dzitsinya ta be yewomakpɔ gome le dulɔlɔ̃ ƒe kɔnuwɔwɔwo, abe gbedodo na aflaga ene, me o ta.

Nɔnɔmetata si le axa 21

“Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu”—Mateo 22:21

Wofia Yehowa Ðasefowo ƒe viwo be woagagbe na ame bubuwo be woagado gbe na aflaga o; ame ŋutɔe atso nya me le ema ŋu. Gake Ðasefoawo ŋutɔ nɔa te sesĩe: Womedoa gbe na dukɔ aɖeke ƒe aflaga o. Menye bubumademade ame ŋu tae wowɔa esia ɖo o. Wodea bubu dukɔ ɖesiaɖe si me wole ƒe aflaga ŋu, eye woɖea bubu sia fiana to dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ me. Womekpɔa gome le tsitretsitsi ɖe dziɖuɖu ŋu ƒe nuwɔna aɖeke me gbeɖe o. Le nyateƒe me la, Ðasefowo xɔe se be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li egbea la nye ‘Mawu ƒe ɖoɖo’ si ŋu wòɖe mɔ ɖo. Eyata wokpɔe be Mawu ƒe se bla yewo be yewoaxe adzɔ na “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” ahade bubu wo ŋu. (Romatɔwo 13:1-7) Esia wɔ ɖeka kple Kristo ƒe nya si wonya nyuie be: “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.”—Mateo 22:21.

Ame aɖewo abia be, ‘Ke nukata Yehowa Ðasefowo medoa gbe na aflaga tsɔ dea bubu eŋui o?’ Nusitae nye be wobua gbedodo na aflaga be enye tadedeagu, eye be tadedeagu nye Mawu tɔ; woƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo be woade ta agu na ame alo nu bubu aɖeke o negbe Mawu ko. (Mateo 4:10; Dɔwɔwɔwo 5:29) Eyata edzɔa dzi na wo ne nufialawo de bubu dzixɔse sia ŋu heɖe mɔ na sɔhɛ Ðasefowo be woawɔ ɖe woƒe dzixɔsewo dzi.

Abe alesi nya siwo gbɔna ɖee fia ene la, mewɔ nuku o be menye Yehowa Ðasefowo koe xɔe se be gbedodo na aflaga sɔ kple subɔsubɔ o:

“Esusɔ vie aflaga gbãtɔwo zu mawusubɔsubɔnu keŋkeŋ. . . . Ewɔ abe wodia kpekpeɖeŋu tso mawusubɔsubɔ gbɔ ɣesiaɣi be wòawɔ dukɔwo ƒe aflagawo kɔkɔe ene.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Encyclopædia Britannica.

“Abe atitsoga la ene la, aflaga la le kɔkɔe. . . . Se kple ɖoɖo siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme ɖe dukɔ ƒe dzidzenuwo ŋu la zãa nyagbe sesẽ kɔnumewo abe ‘Subɔsubɔ Tsɔtsɔ na Aflaga La,’ . . . ‘Bubu Deto Dede Aflaga la ŋu,’ ‘Ðokuitsɔtsɔ na Aflaga La’ ene.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—The Encyclopedia Americana.

“Kristotɔwo gbe . . . vɔsasa na [Roma] fia la ƒe nɔnɔme si wowɔ—esi sɔ kple gbegbe be womado gbe na aflaga alo agblɔ anukwareɖiɖi ƒe atamkaka la o egbea.”—Those About to Die (ƒe 1958), si Daniel P. Mannix ŋlɔ, axa 135.

Nɔnɔmetata si le axa 22

Hebri-ɖekakpui etɔ̃awo gbe tadede agu na legba si Babilon-fia Nebukadnezar li anyi

Abe alesi míegblɔe ene la, Yehowa Ðasefowo ƒe gbegbe be yewomado gbe na aflaga o mefia be wogbe bubudede dziɖuɖu alo dziɖulawo ŋu o. Ðeko womalɔ̃ ade ta agu alo ado gbe na nɔnɔmetata aɖe si le Dukɔa teƒe le subɔsubɔnuwɔna aɖeke me o. Wobui be esɔ kple afɔ si Hebri-ɖekakpui etɔ̃ aɖewo siwo gbe tadede agu na legba si Babilon-fia Nebukadnezar li anyi ɖe Dura-bali me la ɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. (Daniel, ta 3) Eyata togbɔ be ame bubuwo doa gbe na aflaga hegblɔa atamkanyawo hã la, wofia Yehowa Ðasefowo ƒe viwo be woazɔ ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ƒe mɔfiafia nu. Esia ta wozia ɖoɖoe bubutɔe eye womekpɔa gome le nuwɔna siawo me o. Susu siawo tɔgbe ke tae sɔhɛ Ðasefowo ɖonɛ be yewomadzi duhawo ne wole wo dzim alo le wo ƒom le mɔ̃ dzi o.

Bubu, ke Menye Tadedeagu O

Gbeɖeka ŋdi le suku aɖe me le Canada la, Ðasefo nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Terra si xɔ ƒe 11 la kpɔ be nufiala la kplɔ yeƒe sukuhati aɖe do goe le sukuxɔa me vie. Emegbe kpuie la, nufiala la gblɔ na Terra dzaa be wòakplɔ ye ɖo ayi sukutatɔ ƒe ɔfis.

Esi Terra ge ɖe xɔa me ko la, ekpɔe be wokeke Canadatɔwo ƒe aflaga ɖe sukutatɔa ƒe kplɔ̃ dzi. Nufiala la gblɔ na Terra azɔ be wòatu ta ɖe aflaga la dzi. Ebui be esi Terra medzia duha alo doa gbe na aflaga o ta la, ne wogblɔ nɛ be wòatu ta ɖe aflaga dzi la, atui godoo. Terra gbe heɖe eme be togbɔ be Yehowa Ðasefowo medea ta agu na aflaga o hã la, wodea bubu eŋu.

Esi wotrɔ yi sukuxɔ me la, nufiala la gblɔ be yedo sukuvi eve aɖewo kpɔ fifi laa be woatu ta ɖe aflaga dzi. Togbɔ be sukuvi gbãtɔ kpɔa gome le dulɔlɔ̃nuwɔnawo me hã la, esi wogblɔ nɛ be wòatu ta ɖe aflaga dzi la, etui ɖe edzi. Gake togbɔ be Terra medzia duha alo doa gbe na aflaga o hã la, egbe be yemato mɔ ma dzi aɖi gbɔe o. Nufiala la gblɔ be le wo ame evea dome la, Terra ye ɖe bubu nyuitɔ fia.

Dzilawo ƒe Gome

Egbea la, dukɔ akpa gãtɔ dea bubu dzilawo ƒe gomenɔamesi be woafia mawunya si sɔ kple woƒe dzixɔsewo wo viwo la ŋu. Subɔsubɔhawo katã da asi ɖe gomenɔamesi sia dzi abe alesi hakplɔse si gale dɔ wɔm le Katolikoha me ɖee fia ene: “Esi dzilawoe dzi wo viwo ta la, agba gã aɖe le wo dzi be woana hehe wo, eye wokpɔ mɔ awɔe hã; ema tae wònyo be dzilawo vevietɔ natsɔ Kristotɔwo ƒe hehe ana wo viwo le Sɔlemeha ƒe nufiafia nu.”—Hakplɔse 226.

Nɔnɔmetata si le axa 25

Wodea dzi ƒo na ɖeviwo be woatsɔ ɖe le eme na ame bubuwo

Yehowa Ðasefowo mele nu bubu aɖeke biam wu esia o. Esi wonye dzila siwo tsɔa ɖe le eme na wo viwo ta la, wodzea agbagba be yewoaƒã Kristotɔwo ƒe dzidzenu vavãwo, havilɔlɔ̃, kple bubudede ame bubuwo ƒe nunɔamesiwo ŋu ɖe wo me. Wodina be yewoawɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la dzi be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

Agbenɔnɔ ƒe Gɔmeɖose Aɖewo Siwo Dzi Yehowa Ðasefowo Zɔna Ðo

Le agbe ɖɔʋu nɔnɔ gome la, Yehowa Ðasefowo fiaa wo viwo be woatsri agbenɔnɔ, nuwɔna, alo nɔnɔme siwo togbɔ be woabɔ ɖe xexeame egbea hã la, woate ŋu agblẽ nu le woa ŋutɔwo alo ame bubuwo ŋu la. (Yakobo 1:27) Eyata wogblɔa afɔku siwo le atike vɔ̃ɖiwo zazã kple nuwɔna bubuwo, abe atamanono kple ahatsunono ene, me na wo viwo. (Lododowo 20:1; Korintotɔwo II, 7:1) Wokpɔe be anukwareɖiɖi kple dɔ sesẽ wɔwɔ le vevie. (Efesotɔwo 4:28) Wofiaa wo viwo be woatsri nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ. (Efesotɔwo 5:3, 4) Wofiaa wo hã be woawɔ ɖe Biblia ƒe gbɔdɔdɔ ŋuti gɔmeɖosewo dzi ahade bubu amegãwo, ame bubuwo, kple woƒe nunɔamesiwo ŋu. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Tito 3:1, 2; Hebritɔwo 13:4) Woxɔe se anukwaretɔe be gɔmeɖose siawo dzi wɔwɔ aɖe vi gã aɖe na yewo viwo.

Aƒe Siwo me Mã le Mawusubɔsubɔ Gome

Le ƒome aɖewo me la, dzila ɖeka koe nye Yehowa ƒe Ðasefo. Ne edzɔ alea la, wodea dzi ƒo na dzila si nye Ðasefo be wòakpɔe adze sii be dzila si menye Ðasefo o hã kpɔ mɔ afia eƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ɖeviawo. Ne ɖevi siwo wotsɔ mawusubɔsubɔnukpɔsusu vovovowo nyii atɔtɔ hã la, nu ʋee aɖewo me ko woatɔtɔ le.a Le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me la, ele be ɖevi ɖesiaɖe natso nya me le subɔsubɔha si me wòanɔ ŋu. Zi geɖe la, menye sɔhɛwo katãe wɔna ɖe wo dzilawo ƒe subɔsubɔdzidzenuwo dzi o, wonye Yehowa Ðasefowo alo womenyee o.

Ðeviwo ƒe Dzitsinyablɔɖe ƒe Gomenɔamesi

Anyo be nànya hã be Yehowa Ðasefowo bua Kristotɔ ɖesiaɖe ƒe dzitsinya ŋudɔwɔwɔ nu vevii. (Romatɔwo, ta 14) Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Ŋuti Aɖaŋuɖoha si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋuɖoha Gã ɖo anyi le ƒe 1989 me lɔ̃ ɖe edzi be ele be “tamesusu, dzitsinya, kple mawusubɔsubɔ” ƒe ablɔɖe nanɔ ɖevi si, eye ekpɔ mɔ agblɔ eƒe nukpɔsusu faa eye ele be woabu nukpɔsusu ma ŋu le nya alo ɖoɖo ɖesiaɖe si ka ɖevia la me.

Ðevi aɖeke mesɔ kple nɔvia pɛpɛpɛ o. Eyata asɔ be nàkpɔ mɔ be vovototo vi aɖewo anɔ nyametsotso siwo sɔhɛ Ðasefowo alo sukuvi bubuwo awɔ le wɔna alo dɔdasi aɖewo ŋu le suku me. Míeka ɖe edzi be wò hã èlɔ̃ ɖe dzitsinya ŋudɔwɔwɔ ƒe ablɔɖe ŋuti gomenɔamesi la dzi.

a Nunyalagã Steven Carr Reuben gblɔ le ɖevi siwo dzilawo le ha vovovowo me ŋu le eƒe agbalẽ si nye Raising Jewish Children in a Contemporary World me be: “Ðeviwo tɔtɔna ne dzilawo ɣla woƒe amenyenye ɖe wo, ne wowɔa nusiwo tɔtɔa wo, ne woɣlaa nya ɖe wo, hegbea nuƒoƒo le mawusubɔsubɔnyawo ŋu. Ne dzilawo ʋua nya me, ɖia anukware, heɖea nu me nyuie le woa ŋutɔwo ƒe dzixɔsewo, dzidzenuwo, kple azãɖuɖuwo ŋu la, ɖeviwo tsina le dedienɔnɔ kple bubudede ame ɖokui ŋu me le mawusubɔsubɔnyawo me, si le vevie ŋutɔ be kakaɖedzi si anɔ wo me nu nasẽ ɖe edzi eye woanya akpa si wɔm wole le xexeame.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe