INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 9/15 axa 21-25
  • “Yehowa Si Me Xɔname Le”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Yehowa Si Me Xɔname Le”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Megade Ta Agu na Wo O”
  • Nukawoe Dukɔa ƒe Hawo Nye?
  • Ðe Ðokuiwò Ða Bubutɔe
  • ‘Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò’
  • ‘Mifa Tu le Amewo Katã Dome’
  • Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Gbedodo Na Aflaga, Akɔdada, Kple Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Menye Asrafodɔ O
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Philippine ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Tadedeagu Ƒe Ablɔɖe Dzi
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 9/15 axa 21-25

“Yehowa Si Me Xɔname Le”

NE MASƆMASƆWO ɖo dukɔ me eye nyaʋiʋliwo ɖo dukɔwo dome la, amewo kpɔa woƒe dziɖuɖuwo si nu be woana ametakpɔkpɔ kple dedienɔnɔ yewo. Dziɖuɖuwo ya wɔa ɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo nade yewo dzi. Zi alesi ɖoɖo mawo doa dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme ɖe ŋgɔe la, zi nenemae agbe ɖoa dulɔlɔ̃kɔnuwo wɔwɔ me ɖe edzii.

Ne afɔku aɖe dzɔ ɖe dukɔa dzi la, dulɔlɔ̃ ƒe seselelãme dea ɖekawɔwɔ kple ŋusẽ amewo me zi geɖe eye ate ŋu ana woawɔ nu aduadu ahaɖe ɖetsɔtsɔ le dukɔa ƒe nyonyo me afia le wo nɔewo dome. Ke hã, The New York Times Magazine me nyati aɖe gblɔ be, “dulɔlɔ̃ nu ate ŋu asẽ ɖe amewo me abe seselelãme ene” elabena “ne wonya ɖe mɔ ɖe eŋu ko la, woate ŋu awɔ eŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽwo nu.” Eɖeɖefia dzro ko ate ŋu atrɔ azu nusi ate ŋu axɔ dukɔmevi aɖewo ƒe mɔnukpɔkpɔwo kple subɔsubɔblɔɖewo le wo si. Woƒonɛ ɖe Kristotɔ vavãwo koŋ nu be woaɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu. Aleke wowɔa nui ne nɔnɔme sia ƒo ke ɖe to le afisiwo wole? Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nu le nugɔmesese deto me ahalé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi?

“Megade Ta Agu na Wo O”

Ɣeaɖewoɣi la, gbedodo na dukɔa ƒe aflaga va nyea mɔ nyanyɛ si nu woɖea dulɔlɔ̃ fiana le. Gake nusiwo le dziƒowo, abe dzinuviwo ene, kpakple nusiwo le anyigba dzi teƒenɔnuwo nɔa aflagawo me zi geɖe. Mawu ɖe eƒe nukpɔsusu gblɔ ku ɖe tadede agu na nusiawo ŋu esime wòde se na eƒe amewo be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.”—Mose II, 20:4, 5.

Ðe gbedodo na aflaga si le Dukɔa teƒe alo klodzedze ɖe eŋgɔ tsi tre ɖe Yehowa Mawu ɖeka ko subɔsubɔ ŋu ŋutɔŋutɔa? Enye nyateƒe be esime Israel-viwo nɔ gbea dzi la, ‘dzesiwo’ alo dzesidenuwo nɔ wo si siwo nu to etɔ̃ siwo me woma wo ɖo la ƒoa ƒu ɖo. (Mose IV, 2:1, 2) Esi McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia nɔ nu ƒom tso Hebrigbe me nya siwo fia dzesidenu mawo ŋu la, egblɔ be: “Gake nya siawo dometɔ aɖeke mefia ‘dzesidenu’ si vaa tame na mí, si nye aflaga, o.” Gakpe ɖe eŋu la, womebu dzesidenu siwo nɔ Israel si la nu kɔkɔewoe o, eye womewɔa kɔnu aɖeke na wo o. Dzesi koe wonye, si fiaa afisi ameawo nakpe ta ɖo la wo.

Kerubi siwo le dziƒo la ƒe kpɔɖeŋu koe kerubi siwo ƒe nɔnɔme wowɔ ɖe avɔgbadɔ kple Salomo ƒe gbedoxɔ me la nye. (Mose II, 25:18; 26:1, 31, 33; Fiawo I, 6:23, 28, 29; Hebritɔwo 9:23, 24) Nusi gana wòdze ƒã be menye ɖe wowɔ nɔnɔme siawo be woade ta agu na wo o enye nyateƒe si wònye be menye ameawo katãe kpɔa wo o eye be mele be woade ta agu na mawudɔlawo ŋutɔ hã o.—Kolosetɔwo 2:18; Nyaɖeɖefia 19:10; 22:8, 9.

De ŋugble hã le akɔblida si nyagblɔɖila Mose wɔ esime Israel-viwo nɔ gbeadzi ŋu kpɔ. Nɔnɔmewɔwɔ, alo numeme, ma nye dzesi aɖe eye nyagblɔɖi me gɔmesese le eŋu. (Mose IV, 21:4-9; Yohanes 3:14, 15) Womede subɔsubɔ ƒe bubu eŋu alo zãe le tadedeagu me o. Gake ƒe alafa geɖe le Mose ƒe ŋkekeawo megbe la, Israel-viwo te tadedeagu na nɔnɔmewɔwɔ ma tututu le mɔ gbegblẽ nu henɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom nɛ gɔ̃ hã. Eyata Yudea-fia Xizkiya na wogbãe gudugudu.—Fiawo II, 18:1-4.

Ðe dukɔ ƒe aflagawo nye dzesi aɖewo ko si ŋu tameɖoɖo vevi aɖe lea? Nukae wole tsitre ɖi na? Agbalẽŋlɔla J. Paul Williams gblɔ be: “Dulɔlɔ̃ ƒe xɔse ƒe dzesi vevitɔ kple nusi wodea ta agu na koŋ enye aflaga la.” The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Aflaga la le kɔkɔe abe atitsoga la ke ene.” Aflaga nye Dukɔa ƒe dzesi. Le esia ta tadedeagu nɛ alo gbedodo nɛ nye subɔsubɔkɔnu aɖe si fiaa Dukɔa sisiɖa. Nuwɔna sia fiana be Dukɔa si mee xɔname le eye esia masɔ o le nusi Biblia gblɔ ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu ta.

Ŋɔŋlɔawo gblɔ eme kɔ ƒã be: “Yehowa si me xɔname le.” (Psalmo 3:9) Amegbetɔwo ƒe nuɖoanyiwo alo woƒe dzesiwo mate ŋu axɔ na ame o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!” (Korintotɔwo I, 10:14) Kristotɔ gbãtɔwo mekpɔ gome le Dukɔa subɔsubɔwɔnawo me o. Daniel P. Mannix gblɔ le agbalẽ si nye Those About to Die me be: “Kristotɔwo gbe be . . . yewomasa vɔ na [Roma] fiagãa ƒe aɖaŋunuwo o—si de sɔsɔ ge kple gbegbe be womado gbe na aflaga o egbea.” Nenemae wòle le Kristotɔ vavãwo gome egbea. Be woate ŋu asubɔ Yehowa ɖeɖeko bliboe la, woɖea wo ɖokui ɖa tso gbedodo na dukɔ ɖesiaɖe ƒe aflaga me. To esia wɔwɔ me la, woɖoa Mawu nɔƒe gbãtɔ eye wogakpɔtɔ dea bubu dziɖuɖuwo kple woƒe dziɖulawo ŋu le ɣeyiɣi ma ke me. Le nyateƒe me la, wonya agba si le wo dzi be woabɔbɔ wo ɖokui na “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1-7) Ke hã, nukae nye Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le dulɔlɔ̃hawo, abe dukɔa ƒe ha ene, dzidzi ŋu?

Nukawoe Dukɔa ƒe Hawo Nye?

The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Dukɔa ƒe hawo nye dulɔlɔ̃ ƒe seselelãmewo ɖeɖe fia eye wòlɔa Mawu ƒe mɔfiafia kple ametakpɔkpɔ biabia na dukɔmeviwo alo woƒe dziɖulawo ɖe eme zi geɖe.” Ne míagblɔe tututu la, dukɔa ƒe ha nye ha aɖe alo gbe aɖe si wodona ɖa ɖe dukɔa ta. Wobiana le eme zi geɖe be ŋutilãmenuwo nadze edzi na dukɔa eye wòanɔ anyi adidi. Ðe wòle be Kristotɔ nakpɔ gome le gbedodoɖa siawo ƒomevi mea?

Nyagblɔɖila Yeremya nɔ amesiwo gblɔ be yewosubɔa Mawu dome. Gake Yehowa de se nɛ be: “Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖe wo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.” (Yeremya 7:16; 11:14; 14:11) Nukatae wode se sia na Yeremya? Elabena fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ, atam dzodzro kaka, kple trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe ameawo me ŋutɔ.—Yeremya 7:9.

Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋua ɖi esime wògblɔ be: “Menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu.” (Yohanes 17:9) Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me” eye ‘enu va yina.’ (Yohanes I, 2:17; 5:19) Ekema aleke wòanya wɔ be Kristotɔ vavãwo nado gbe ɖa vevie ɖe nuɖoanyi sia ƒomevi ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple eƒe anyinɔnɔ wòadidi tae?

Ele eme baa be menye dukɔ ƒe hawo katã mee kukuɖeɖe na Mawu le o. Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Tamesusu siwo le dukɔ ƒe hawo ŋu le vovovo, tso gbedodoɖa ɖe fiagã ta dzi yi dukɔa ƒe aʋawɔwɔ, alo tɔtrɔ kpata vevi siwo wɔm wole . . . vaseɖe dulɔlɔ̃ ƒe seselelãmewo ɖeɖe fia dzi.” Gake ɖe amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu la ate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe dukɔ aɖe ƒe aʋawɔwɔwo kple tɔtrɔkpatawo ŋua? Yesaya gblɔ le tadeagula vavãwo ŋu be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.” (Yesaya 2:4) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Elabena esi wònye ŋutilã me zɔm míele hã la, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o. Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o.”—Korintotɔwo II, 10:3, 4.

Zi geɖe la, dukɔ ƒe hawo ɖea dukɔa ƒe dada alo nyonyo wu ƒe seselelãmewo fiana. Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Apostolo Paulo gblɔ le eƒe nuƒo aɖe me le Areopago la bena: “[Yehowa Mawu wɔ] bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me [nanɔ anyi] le anyigba la ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) Apostolo Petro gblɔ bena: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Le gɔmesese si su ame geɖe si tso Biblia me ta la, woa ŋutɔwo tsoa nya me be yewomakpɔ gome le gbedodo na aflaga kple dukɔa ƒe hawo dzidzi me o. Gake aleke wowɔa nui ne nɔnɔmewo wɔe be wodze ŋgɔ nya sia tẽ?

Ðe Ðokuiwò Ða Bubutɔe

Esime blema Babilon-fia Nebukadnezar nɔ agbagba dzem be yeado ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le yeƒe fiaɖuƒea me la, eli sikalegba gã aɖe ɖe Dura-bali me. Emegbe ewɔ ɖoɖo ɖe eŋukɔkɔ ŋu si wɔƒe wòkpe eƒe amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, kple dziɖuɖumegã bubuwo be woava. Wobia tso takpelawo katã si be ne wonya se haƒoƒoa ko la, woabɔbɔ ta ade ta agu na legba la. Amesiwo wòle be woanɔ wɔnaa teƒe la dometɔ aɖewoe nye Hebri-vi ɖekakpui etɔ̃—Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego. Aleke woɖee fia be yewomakpɔ gome le subɔsubɔ nuwɔna sia me o? Esi haa te ɖiɖi eye amesiwo kpe ta la bɔbɔ ɖe legbaa ŋkume la, Hebri-vi etɔ̃awo kpɔtɔ nɔ tsitre.—Daniel 3:1-12.

Egbea, wokea abɔ ɖeka me alo ɖoa asi ŋgo nu alo akɔta tsɔ doa gbee na aflagawo. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be woanɔ tsitre le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo me. Le dukɔ aɖewo me la, wobiana tsoa ɖeviwo si le suku be woadze klo agbugbɔ aflaga la. Ne Kristotɔ vavãwo tsi tre ɖi kpoo esime ame bubuwo le gbe dom na aflaga la, woɖenɛ fiana be yewonye nuteƒekpɔla siwo dea bubu nu ŋu.

Ke ne gbedodo na aflaga ƒe kɔnu aɖe le ale gbegbe be tsitretsitsi dzaa ko hã ɖenɛ fiana be ame kpɔ gome le eme ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wotia sukuvi ɖeka le suku aɖe me be wòanɔ suku bliboa teƒe ado gbe na aflaga le afisi wotsii ɖo le gota gake wobia tso sukuvi bubuawo si be woadzɔ ɖe tsitre nu le sukuxɔ me. Le go sia me la, tsitrenunɔnɔ dzaa ko fia be wowɔ ɖeka kple sukuvi si woɖe yi gota be wòaɖanɔ wo teƒe le gbedodo na aflaga me. Ekema tsitrenunɔnɔ afia gomekpɔkpɔ le kɔnua me. Ne aleae nyaa le la, amesiwo di be yewoanye nuteƒekpɔla siwo dea bubu nu ŋu la anɔ anyi kpoo. Ke ne sukuviawo le tsitre xoxo hafi kɔnua dze egɔme ya ɖe? Le go sia me la, tsitre si woakpɔtɔ anɔ mafia be wole gome kpɔm le eme o.

Tsɔe be womebia tso ame si be wòado gbe na aflaga o ke boŋ be wòalée ɖe asi ko, eɖanye le azãɖuɣiwo alo le sukuxɔ me alo teƒe bubu o, be ame bubuwo nado gbe nɛ. Le esi wòanye ‘sisi le trɔ̃subɔsubɔ nu’ abe alesi Ŋɔŋlɔawo de see ene teƒe la, esia anye gomekpɔkpɔ le kɔnua ŋutɔŋutɔ me. Esia nye nyateƒe hã le flimezɔzɔ le duzãɖuɣiwo me. Esi wònye be esia wɔwɔ afia asikpekpe ɖe nusi ŋu azãɖuɖua le bubu demee ŋu ta la, Kristotɔ vavãwo gbenɛ le woƒe dzitsinya nu.

Ne wole dukɔa ƒe hawo ƒom la, zi geɖe la, nusi ko wòhiã be ame nawɔ atsɔ aɖee afia be yeda asi ɖe haa dzi koe nye be wòatsi tre. Le go siawo me la, Kristotɔwo metsia tre o. Gake ne wole tsitre xoxo hafi woƒo dukɔa ƒe ha la, mehiã be woawɔ naneke be yewoanɔ anyi o. Mesɔ kple esi woaɖo koŋ atso le hadzidzia ta o. Le go bubu me la, ne wobia tso ƒuƒoƒo aɖe si be woatsi tre adzi haa la, ekema tsotso ɖe tsitrenu bubutɔe gake haa madzimadzii mafia asidada ɖe haa dzi o.

‘Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò’

Esi hakpala la ƒo nu tso mawusubɔsubɔ ƒe bubu tsɔtsɔ na amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo ƒe toflokonyenye ŋu vɔ la, egblɔ be: “Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.” (Psalmo 115:4-8) Ekema edze ƒã be dɔwɔna ɖesiaɖe si do ƒome kplikplikpli kple nusiwo wosubɔna, tsɔ kpe ɖe aflaga ŋu, wɔwɔ masɔ na Yehowa ƒe tadeagulawo o. (Yohanes I, 5:21) Dɔmenya aɖewo hã ate ŋu ado mo ɖa si me Kristotɔwo aɖee afia bubutɔe le be yewomedea ta agu na aflaga alo nusi wòle tsitre ɖi na la o negbe Yehowa ko.

Le kpɔɖeŋu me, dɔtɔ aɖe ate ŋu abia tso dɔwɔvi aɖe si be wòaɖatsi alo aɖe aflaga si le xɔa ŋu. Ne ame aɖe awɔ esia alo mawɔe o la nɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu le nɔnɔmeawo ŋu dzi. Ne aflagaa tsitsi alo eɖeɖe nye kɔnu tɔxɛ aɖe ƒe akpa aɖe, si me amewo adzɔ ɖe tsitrenu alo ado gbe na aflaga le la, ekema dɔ sia wɔwɔ nye gomekpɔkpɔ le kɔnua me.

Gake ne wɔna aɖeke mekpe ɖe aflagaa tsitsi kple eɖeɖe ŋu o la, esia meto vovo kura tso dɔ bubu siwo wowɔna tsɔ dzraa teƒea ɖo na zazã, abe ʋɔtruwo ʋuʋu kple wo tutu kpakple fesrewo ʋuʋu kple wo tutu ene, gbɔ o. Le nɔnɔme siawo me la, aflagaa nye kpɔɖeŋunu na Dukɔa, eye etsitsi kple eɖeɖe tsɔ kpe ɖe dɔ bubu aɖewo ŋu nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si woanɔ te ɖe nusi eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee gblɔ nɛ dzi awɔ. (Galatiatɔwo 6:5) Ame aɖe ƒe dzitsinya aʋãe be wòabia eƒe dɔdzikpɔla be wòana dɔwɔvi bubu nanɔ aflagaa tsim ahanɔ eɖem. Kristotɔ bubu ase le eɖokui me be yeƒe dzitsinya aɖe mɔ na ye be yeawɔ aflaga ƒe dɔ sia zi alesi kɔnuwɔwɔ aɖeke mekpe ɖe eŋu o ko. Nyametsotso ka kee ame aɖe ɖawɔ o, ele be ‘dzitsinya nyui nanɔ’ nyateƒe tadeagulawo ‘si’ le Mawu gbɔ.—Petro I, 3:16.

Ŋɔŋlɔawo metsi tre ɖe dɔwɔwɔ le dukɔa ƒe xɔwo, abe dzotsidɔwɔƒe, dziɖuɖudɔwɔƒewo, kple sukuwo ene, afisi wotsia dukɔa ƒe aflaga le la ŋu o. Aflaga anɔ posugagbalẽviwo, ʋuwo ƒe xexlẽdzesigbawo, alo nu bubu siwo dziɖuɖua wɔ dzi. Nusiawo zazã mefia be ame le gome kpɔm le subɔsubɔwɔnawo me o. Nusi le vevie le afisiae nye alesi ame wɔa nu ɖe eŋui ke menye aflaga la alo eƒe kpɔɖeŋua ƒe anyinɔnɔ o.

Wodaa aflaga ɖe fesrewo nu, ʋɔtruwo nu, ʋuwo me, kplɔ̃wo alo nu bubuwo dzi zi geɖe. Wodzraa nudodo siwo me wota aflaga ƒe nɔnɔme ɖo be woaƒle. Le dukɔ aɖewo me la, se meɖe mɔ be woado awu siawo o. Ne esia wɔwɔ mada le sea dzi o gɔ̃ hã la, nukae wòafia ku ɖe akpa si dzi ame le le xexeame gome ŋu? Yesu Kristo gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW ) Nusi dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o enye ŋusẽ si nuwɔna aɖe akpɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi. Ðe wòate ŋu ade abi ame aɖewo ƒe dzitsinya ŋua? Ðe wòagbɔdzɔ tame si woɖo kplikpaa be yewoalé xɔsea me ɖe asi mea? Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: ‘Mika ɖe nusiwo le vevie wu dzi, ale be kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ mia ŋu eye mianɔ kplamatse dom ame bubuwo o.’—Filipitɔwo 1:10.

‘Mifa Tu le Amewo Katã Dome’

Esi xexeame ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi le “ɣeyiɣi vɔ̃” siawo me la, ele bɔbɔe be dulɔlɔ̃ ƒe seselelãmewo nu nasẽ ɖe edzi. (Timoteo II, 3:1) Neva eme be amesiwo lɔ̃ Mawu nagaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa si mee xɔname le. Eya koe wòle be míatsɔ subɔsubɔ blibo ana. Esime wobia tso Yesu ƒe apostolowo si be woawɔ nane si mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o la, woɖo eŋu be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi fa tu le amewo katã dome.” (Timoteo II, 2:24, NW ) Eyata Kristotɔwo dzea agbagba be yewoanye ŋutifafamewo, amesiwo bua ame, kple amesiwo fatu esime woɖoa ŋu ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ŋu le woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso wɔwɔ ku ɖe gbedodo na aflaga kple dukɔa ƒe ha dzidzi me ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Hebri-vi etɔ̃awo ɖoe kplikpaa gake bubutɔe, hetiae be yewoadze Mawu ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Aleke wòle be Kristotɔ nawɔ nui le dukɔa ƒe azãwo ɖuɣi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe