Ta 20
Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
ESI Yesu trɔ yi nuto si nye wo de la me le gbeƒãɖeɖedɔ si ɖo teƒe geɖe wɔwɔ le Yudea vɔ megbe la, menye ɖe wògbɔ va be yeava gbɔ ɖe eme o. Ke boŋ edze subɔsubɔdɔ si lolo kura wu gɔ̃ hã gɔme le Galilea si nye anyigba si dzi wòtsi le. Gake le esi teƒe be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ anyi kplii la, wotrɔ yi aƒeme le woƒe ƒomewo kple woƒe dɔwɔɖuiwo gbɔ.
Gbedasi ka ƒe gbeƒãɖeɖe gɔmee Yesu dze? Eyae nye si: “Mawufiaɖuƒe la ɖo vɔ. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixɔ nyanyuie la dzi se!” Eye nukae amesiwo see la wɔ? Galileatɔwo xɔ Yesu. Wo katã wode bubu eŋu. Gake menye eƒe gbedasia ta koŋ ye o, ke boŋ esi wo dometɔ geɖe nɔ Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe le Yerusalem ɣleti aɖewo do ŋgɔ eye wokpɔ dzesi wɔnuku siwo wòwɔ la tae.
Edze abe ɖe Yesu dze subɔsubɔdɔ vevi si wòwɔ le Galilea la gɔme le Kana ene. Àɖo ŋku edzi be do ŋgɔ, esi wòtrɔ gbɔ tso Yudea la, etrɔ tsi wòzu aha le srɔ̃ɖeŋkekenyuie aɖe ɖuƒe. Le eƒe vava evelia sia me la, Fia Herodes Antipa ƒe fiaŋutime aɖe ƒe vi dze dɔ sesĩe ŋutɔ. Esi fiaŋutime sia se be Yesu tso Yudea va Kana la, ezɔ mɔ tso eƒe aƒeme le Kapernaum ke va Yesu di ge. Ŋutsu sia si lé blanui la ɖe kuku vevie be: ‘Meɖe kuku va kaba hafi vinye naku.’
Yesu ɖo eŋu be: “Dzo yi aƒeme. Viwò haya!” Herodes ƒe fiaŋutime la xɔ edzi se eye wòdze eƒe mɔ didi la dzi. Esi wòyina la, eƒe subɔlawo va kpee eye woƒu du va gblɔ nɛ be nya aɖeke megali o—via haya! Ebia be ‘ɣekaɣie wòhaya?’
Woɖo eŋu be: ‘Etsɔ ŋdɔ ga 1:00 mee.’
Fiaŋutime la ɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi sia dzi tututue Yesu gblɔ be ‘Viwò la haya!’ Le ema megbe la, ŋutsua kple eƒemetɔwo katã zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.
Eyata wove Kana nu abe teƒe si esi Yesu trɔ gbɔ tso Yudea la, wòwɔ nukunuwo le zi eve ene. Le nyateƒe me la, menye esiawo koe nye nukunu siwo Yesu wɔ vaseɖe fifia o, gake woɖe dzesi elabena wode dzesi Yesu ƒe tɔtrɔgbɔ tso Galilea.
Yesu ɖo ta aƒe si nye Nazaret azɔ. Nukae le elalam le afima? Yohanes 4:43-54; Marko 1:14, 15; Luka 4:14, 15.
▪ Esime Yesu trɔ gbɔ va Galilea la, nukae dzɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi, eye aleke amewo xɔe?
▪ Nukunu kae Yesu wɔ, eye dɔ kae wòwɔ ɖe amesiwo wòlɔ ɖe eme la dzi?
▪ Aleke Yesu ve Kana nue le esia gome?