Ðe Nutsitsidɔ Nu Yia?
MRUDULABEN si nye India-nyɔnu hotsuitɔ si xɔ ƒe 78 la gblɔ be: “Metsia nu dɔ Dzoɖa ɖesiaɖe tso nye ƒewui me ke.” Enye eƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe si wòwɔna bene eƒe srɔ̃ɖeɖe me nanyo, viawo nanɔ lãmesẽ me, eye hena srɔ̃a ta kpɔkpɔ. Ezu ahosi fifia eye egatsia nu dɔ le Dzoɖagbewo tsɔ dia lãmesẽ nyui kple viawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ. Nyɔnu Hindutɔ akpa gãtɔ tsia nu dɔ edziedzi le woƒe agbe me abe eya ene.
Prakash si nye ŋutsu asitsala le Mumbai (Bombay) ƒe golɔgoe aɖe le India la gblɔ be yetsia nu dɔ ƒe sia ƒe le Sawan (Shravan) ƒe Dzoɖagbewo. Esia nye mawusubɔsubɔ ƒe ɣleti vevi aɖe le Hindutɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi. Prakash ɖe eme be: “Mawusubɔsubɔ tae medze ewɔwɔ gɔme, gake fifia dzo gaɖo menye be mayi edzi le lãmesẽnyawo ta. Esi wònye tsikeɣie Sawan vana ta la, enaa nye ametia te ŋu ɖea dɔléle siwo tona le tsidzaɣi la le eɖokui me.”
Ame aɖewo tsɔe be nutsitsidɔ kpena ɖe ame ŋu le ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Grolier International Encyclopedia gblɔ be: “Numekuku si wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyitsɔ laa ɖee fia be nutsitsidɔ ate ŋu anyo na ame ƒe lãmesẽ, eye ne wowɔe nyuie la, ate ŋu ana ame ƒe susu nanɔ ŋute eye wòabu nu ŋu nyuie wu.” Wogblɔ be Helatɔ xexemenunyala Plato tsia nu dɔ ŋkeke ewo alo esi wu nenema eye be akɔntanyalagã Pythagoras na eƒe nusrɔ̃viwo tsia nu dɔ hafi wòfiaa nu wo.
Le ame aɖewo gbɔ la, nutsitsidɔ fia be womaɖu nu alo ano tsi kura o vaseɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi, evɔ ame bubuwo ya ɖua tsinuwo le woƒe nutsitsidɔ me. Ame geɖe bua numaɖumaɖu ɣeaɖewoɣi alo nuɖuɖu tɔxɛ aɖe maɖumaɖu be enye nutsitsidɔ. Gake nutsitsidɔ ɣeyiɣi didi si ŋu ɖoɖo mele o ate ŋu awɔ nuvevi ame. Nyadzɔdzɔŋlɔla Parul Sheth gblɔ be ne ŋutilã la wɔ gomanuwo ŋudɔ le lãme vɔ la, etrɔa protein siwo le lãmeka me wozua glucose, eye emegbe etrɔna ɖe lãmemi ŋu. Lãmemi tɔtrɔ wòazu glucose na aɖitsi si woyɔna be ketone body dona. Ne wosɔ gbɔ la, woyia ahɔhɔ̃a me va gblẽa nu le lãmenusesedɔwɔnu bliboa ŋu. Sheth gblɔ be: “Afisiae afɔku te ŋu nɔa nutsitsidɔ me le. Àte ŋu atɔtɔ, atsi yaa, alo nusi sesẽ wu ema nadzɔ. . . . [Ate ŋu ana] nàyi ɖime eye mlɔeba nàku.”
Enye Dɔwɔnu Kple Kɔnu
Nutsitsidɔ nye dɔwɔnu vevi aɖe si wozã le dunyahehe alo hadome taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo me. Mohandas K. Gandhi si tso India zã dɔwɔnu sia vevie. Esi ame miliɔn alafa geɖe dea bubu eŋu ŋutɔ ta la, ezã nutsitsidɔ tsɔ kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe India Hindutɔ gbogbo aɖewo dzi. Esi Gandhi nɔ nu ƒom tso nusiwo do tso eƒe nutsitsidɔ be yeakpɔ nyaʋiʋli si ɖo adzɔnuwɔƒe dɔwɔlawo kple dɔtɔawo dome gbɔ ŋu la, egblɔ be: “Nu gã si do tso eme enye be ena ameawo ƒe dzi dze eme nyuie. Ewɔ dɔ ɖe dɔtɔawo dzi . . . Wodze dɔwɔwɔ gɔme esi metsi nu dɔ ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.” South Africa dukplɔla, Nelson Mandela, nɔ amesiwo gbe nu ɖuɖu ŋkeke atɔ̃ le ƒe siwo me wònɔ gaxɔ me le dunyahenyawo ta la dome.
Gake amesiwo tsia nu dɔ ɣesiaɣi ƒe akpa gãtɔ wɔnɛ le mawusubɔsubɔ ƒe susuwo ta. Nutsitsidɔ nye kɔnu nyanyɛ aɖe le Hindu-subɔsubɔ me. Agbalẽ si nye Fast and Festivals of India gblɔ be le ŋkeke aɖewo dzi la, “wotsia nu dɔ ŋkekea katã . . . womenoa tsi gɔ̃ hã o. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa tsia nu dɔ vevie . . . bene yewoakpɔ dzidzɔ, nu nadze edzi na yewo, eye woatsɔ yewoƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake yewo.”
Wotsia nu dɔ le Jain-subɔsubɔha me ŋutɔ. The Sunday Times of India Review ka nya ta be: “Tsi ɖaɖa kɔŋkɔ eve pɛ koe Jain muni [nunyalagã] si le Bombay [Mumbai] nona gbeɖeka—hena ŋkeke 201. Kilogram 33 [73 lb] do le eƒe kpekpeme dzi.” Ame aɖewo gɔ̃ hã tsia nu dɔ kakaka dɔ siaa wo kutɔkutɔe, kple kakaɖedzi be ana ɖeɖe yewo.
Islamtɔ tsitsiwo katã tsia nu dɔ le ɣleti si nye Ramadan me godoo. Womeɖua nu alo noa tsi kura o tso ŋdi vaseɖe fiẽ ɣleti bliboa katã. Ne ame aɖe dze dɔ alo zɔ mɔ le ɣeyiɣi sia me la, ele be wòatsi nu adɔ ɖe enu ɣebubuɣi ŋkeke xexlẽme ma. Nublaɣi si nye ŋkeke 40 do ŋgɔ na Easter nye ɣesiɣi Kristodukɔa me tɔ aɖewo tsia nu dɔ, eye subɔsubɔha bubu geɖe tsinɛ dɔna le ŋkeke ɖoɖi bubuwo dzi.
Nutsitsidɔ nu meyi kura o. Eye esi wowɔnɛ le subɔsubɔha geɖe me ta la, ɖewohĩ míabia be, Ðe Mawu bia be woatsi nu adɔa? Ðe ɣeyiɣi aɖewo li siwo me Kristotɔ aɖoe be yeatsi nu adɔa? Ðe esia ate ŋu aɖe via? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Jain-subɔsubɔha bua nutsitsidɔ be enye mɔ si dzi woato aɖe luʋɔa
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Mohandas K. Gandhi zã nutsitsidɔ wònye dɔwɔnu vevi aɖe le dunyahehe alo hadome taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo me
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Enye se le Islam me be woatsi nu adɔ le Ramadan ƒe ɣletia me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Garo Nalbandian